bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 7
2 Samuel 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 8 →
1
Fia David le eƒe fiasã la me koŋ azɔ, eye Aƒetɔ na wòvo tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe godoo la si me.
2
Egblɔ na Natan be: “Kpɔ xɔ si me mele la ɖa. Sederti wotsɔ tui, gake Mawu ƒe nubablaɖaka la ya le avɔgbadɔ me.”
3
Natan gblɔ na fia la be: “Wɔ nu si va wò susu me elabe Aƒetɔ li kpli wò.”
4
Gake le gbe ma gbe ƒe zã me la, Aƒetɔ gblɔ na Natan be:
5
“Yi nàɖagblɔ na nye dɔla David be, ‘Menye wòe le xɔ tu ge nam manɔ eme o.
6
Tso gbe si gbe mekplɔ Israelviwo dzoe le Egipte la, nyemenɔ xɔ aɖeke me va se ɖe egbe kpɔ o; agbadɔ me ko mele hele tsatsam.
7
Le teƒe siwo katã mekplɔ Israelviwo nɔ tsatsam toe ɖe, ɖe mehe nya ɖe wo kplɔlawo dometɔ aɖe ŋu kpɔ, biae be, nu ka ta mètu sedertixɔ nam o mahã?’
8
“Eya ta gblɔ na nye dɔla David be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be, Mekplɔ wò le alẽwo yome tso lãnyiƒe be nàva nye amegã ɖe nye dukɔ Israel dzi.
9
Menɔ kpli wò le afi sia afi si nèto eye meɖu wò futɔwo katã dzi le ŋgɔwò. Azɔ la, mana wò ŋkɔ nade du abe ame xɔŋkɔ bubu siwo le xexea me la tɔ ene.
10
Mana nɔƒe nye dukɔ Israel eye mana woali ke, aɖe dzi ɖi le afi si wole fifia la, ale be ame aɖeke magate wo ɖe anyi azɔ abe tsã ene o.
11
Tso esime wova anyigba sia dzi eye meɖo kplɔlawo na wo la, ame vlowo ɖe fu na wo zi geɖe, ke maganɔ nenema o. Mana woakpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo katã si me. Gawu la, Aƒetɔ gblɔ be yele xɔ tu ge na wò.
12
Ne wò ŋkeke de nèku yi tɔgbuiawo gbɔ la, mana wò ŋutɔŋutɔ viwò aɖe ava nɔ wò zi dzi, eye mana eƒe fiaɖuɖu ali ke.
13
Eyae nye ame si lava tu xɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo anɔ eƒe zi dzi ɖaa.
14
Manye tɔ́a, eye eya anye vinye. Ne eda vo la, mazã amegbetɔ ahe to nɛ, eye mahe to nɛ kple amegbetɔviwo ƒe ameƒoti.
15
Gake nyemaxɔ nye lɔlɔ̃ mavɔ la le esi abe ale si mexɔe le Saul, ame si menyà ɖa le eŋgɔ la si ene o.
16
Wò dzidzimeviwo anɔ anyi ɖaa, eye wò fiaɖuɖu nu matso akpɔ o. Wò dzidzimeviwo koe anɔ wò zi dzi tegbee.’ ”
17
Natan gblɔ nya siwo wogblɔ nɛ le ŋutega la me la katã na David pɛpɛpɛ.
18
Tete fia David yi agbadɔ la me le Aƒetɔ ŋkume eye wòbɔbɔ nɔ anyi do gbe ɖa be: “Aƒetɔ Mawu, nye kple nye aƒe la míenye naneke o; míedze kura o, gake nèkplɔm ʋuu va se ɖe fifi.
19
Aƒetɔ Mawu, esia mesɔ gbɔ na wò o, eya ta nègado nu bubu ŋugbe na nye dzidzimeviwo be woava xɔ gbe aɖe gbe, eye nèɖe esia fiam mekpɔ, Aƒetɔ Mawu.
20
Nya ka gale David si wòagblɔ na wò, Aƒetɔ Mawu, elabe ènya wò dɔla nyuie.
21
Wò ŋutɔ wò didi kple ɖoɖo wònye be nèwɔ nu gã siawo katã be wò dɔla nanyae.
22
Eya ta, ètri akɔ, Aƒetɔ Mawu elabe naneke mede nuwò o, eye Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋuwò o, le nu siwo katã míese kple miaƒe towo ta.
23
Dukɔ aɖeke mele anyigba dzi si nètsɔ wɔ wò dukɔe abe Israel ene o. Nu dziŋɔ gã siwo nèwɔ na wo la na wò ŋkɔ de du le xexea me katã. Esime wò dukɔ si nèɖe tso kluvinyenye me le Egipte gbɔna la, ènyà dukɔ bubuwo kple woƒe mawuwo ɖa le wo ŋgɔ.
24
Èwɔ Israel wònye wò ŋutɔ wò dukɔ tegbee, eye wò Aƒetɔ, nèzu woƒe Mawu.
25
“Eya ta Aƒetɔ Mawu, wɔ ŋugbe si nèdo nam kple nye aƒe la dzi tegbee, eye nàwɔ nya si nègblɔ la hã dzi.
26
Ekema wò ŋkɔ ade du tegbee, woagblɔ be, ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla ye nye Israel ƒe Mawu!’ Nà nye dzidzimeviwo nanɔ nye zi dzi tegbee.
27
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu, èɖe nu sia fia wò dɔla gblɔ be, ‘Matu xɔ na wò’ eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò.
28
Eya ta azɔ la, Aƒetɔ Mawu, wòe nye Mawu, wò nyawo nye nyateƒe, eye nèdo nu nyui siawo ŋugbe na wò dɔla.
29
Eya ta azɔ la, nedze ŋuwò nayra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi tegbee le ŋkuwò me. Elabe wò Aƒetɔ Mawu ye ƒo nu, eye wò yayra awɔe be wò dɔla ƒe aƒe anɔ yayra me tegbee.”
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24