bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 24
2 Samuel 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
1
Aƒetɔ gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòdɔ David ɖe wo ŋu. Egblɔ nɛ be: “Yi nàɖaxlẽ ame siwo katã le Israel kple Yuda.”
2
Ale David gblɔ na aʋakɔ la ƒe tatɔ Yoab be: “Yi nàɖatsa le Israel-toawo katã me tso Dan va se ɖe Beer-Seba, eye nàxlẽ dukɔa me tɔwo. Medi be manya woƒe xexlẽme.”
3
Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be: “Fia Bubutɔ, Aƒetɔ, wò Mawu la nena dukɔa me tɔwo nadzi ɖe dzi zi alafa wu ale si wole fifia, eye nena nànɔ agbe akpɔe. Evɔ ɖe, nu ka ta Fia Bubutɔ di be yeawɔ nu sia tɔgbe?”
4
Ke fia la zi Yoab kple eƒe aʋakplɔlawo dzi be woawɔ yeƒe nya la dzi. Ale wodzo yi be yewoaɖaxlẽ Israel-dukɔa me tɔwo.
5
Wotso Yordan-tɔsisi la dze egɔme tso Aroer kple du si le balia titina ɖo ta Gad le Yazer gbɔ.
6
Woto Gilead va Kades le Xititɔwo ƒe nutome, eye wova Dan hetrɔ ɖo ta Sidon.
7
Azɔ woɖo ta anyigbeme kegbegbe va ɖo Tiro, mɔ́du la gbɔ heto Xivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me, eye mlɔeba la wova ɖo Beer-Seba le anyigbeme le Yuda.
8
Wotsa le dukɔ bliboa me ɣleti asieke kple ŋkeke bla eve, eye wogbugbɔ va Yerusalem.
9
Yoab yi fia la gbɔ eye wòna nutsotso le amexexlẽ la ŋu ale: Ame siwo ate ŋu ayi aʋa le Israel-dukɔ me le akpe alafa enyi, eye esiwo ate ŋu ayi le Yuda le akpe alafa atɔ̃.
10
Esi David xlẽ dukɔmetɔawo vɔ la, eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe me nɛ, eye wògblɔ na Aƒetɔ be: “Mewɔ nuvɔ̃ gã aɖe be mewɔ nu sia, eya ta meɖe kuku, tsɔe kem. Mewɔ lãnu ŋutɔ.”
11
Esi David fɔ le ŋdi me la, Aƒetɔ ƒo nu kple gbeƒãɖela Gad, David ƒe nukpɔla be:
12
“Yi nàɖagblɔ na David be, Aƒetɔ be, Nu etɔ̃ metsɔ le ŋkuwò me ɖom; tsɔ ɖeka ne mawɔ wò.’ ”
13
Gad yi egbɔ eye wògblɔ Aƒetɔ ƒe nya la nɛ hebiae be: “Ka nàtsɔ? Dɔwuame neva wò anyigba dzi ƒe etɔ̃ loo, alo ànɔ sísim le wò futɔwo nu, woaɖe wò ɖe nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔ vɔ̃ neva wò anyigba dzi ŋkeke etɔ̃a? Azɔ bu eŋu ne nàgblɔ nya aɖe nam mayi ɖagblɔ na ame si dɔm ɖa!”
14
David ɖo eŋu be: “Mexaxa ŋutɔ. Nyemedi be amegbetɔ nahe to nam o. Medi be Aƒetɔ ŋutɔ nahe to na mí elabe amenuvela wònye.”
15
Ale Aƒetɔ na dɔ vɔ̃ ɖo Israel-dukɔmetɔawo dome tso gbe ma gbe ŋdi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo la dzi. Ame akpe bla adrẽ ku le dukɔa me godoo tso Dan va se ɖe Beer-Seba.
16
Esi Aƒetɔ ƒe dɔla yi be yeagblẽ nu le Yerusalem la, Aƒetɔ gbugbɔ le tohehe si wòdi be yeana wo la yome, eye wògblɔ na mawudɔla si le wo wum la be: “Esɔ gbɔ! Mègagblẽ nu yi edzi o.” Aƒetɔ ƒe dɔla la le Yebusitɔ Arawna ƒe lugbɔƒe gbɔ.
17
Esi David kpɔ mawudɔla si le ame wum la, egblɔ na Aƒetɔ be: “Nyee wɔ nuvɔ̃. Nyee da vo. Nu ka ame gblɔe siawo, siwo le abe alẽ ene la wɔ? Meɖe kuku, he to na nye kple tɔ́nye ƒe aƒe ko.”
18
Gad va David gbɔ gbe ma gbe ke hegblɔ nɛ be: “Yi ɖe Arawna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe eye nàɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ.”
19
David wɔ Aƒetɔ ƒe gbe dzi abe ale si Gad gblɔ nɛ ene.
20
Esi Arawna fɔ kɔ dzi la, ekpɔ fia la kple eƒe dɔlawo gbɔna ɖe egbɔ. Arawna zɔ ɖe wo dzi eye wòbɔbɔ de ta agu na David,
21
hegblɔ be: “Nu ka ta nye aƒetɔ fia va eƒe dɔla gbɔ?” David ɖo eŋu be: “Ɖe meva be maƒle lugbɔƒe la ne maɖi vɔsamlekpui ɖe afii na Aƒetɔ, ale be dɔ vɔ̃ la nu natso.”
22
Arawna gblɔ na David be: “Na nye aƒetɔ fia naxɔe tsɔ sa vɔ lae faa ale si dze ŋuwò. Lé nyitsu siawo nàsa numemevɔe. Woƒe kɔkutiwo kple luƒoʋuƒowo nye esiawo; tsɔ wo nàdo dzo lae.”
23
Arawna tsɔ nuawo katã na fia la eye wògblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, wò Mawu la, nèxɔ wò nunana la.”
24
Ke fia la ɖo eŋu na Arawna be: “Gbeɖe, ɖe mele wo ƒle ge axe fea. Nyemasa numemevɔ na Aƒetɔ, nye Mawu la femaxee o.” Ale David ƒle lugbɔƒe la kple nyitsuawo klosaloga bla atɔ̃.
25
Tete wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Aƒetɔ, eye wosa numemevɔ kple ŋutifafavɔ. Aƒetɔ se eƒe gbedodoɖa ɖe dukɔa ta, eye dɔ vɔ̃ la nu tso le Israel.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24