bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 3
2 Samuel 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 4 →
1
Aʋawɔwɔ nɔ ame siwo de Saul ƒe ƒome dzi kple ame siwo de David dzi la dome eteƒe didi. Esime David nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi la, Saul ƒe ƒomea ya nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm.
2
Wodzi viŋutsuvi ade na David le Xebron. Wo ŋkɔwo nye esi le tsitsi nu: Amnon si nɔ nye Axinoam tso Yezreel;
3
Xileab, si nɔ nye Abigail, Nabal ƒe ahosi tso Karmel; Absalom, si nɔ nye Maaxa, fia Talmai vinyɔnu tso Gesur,
4
Adoniya, si nɔ nye Xagait; Sefatya, si nɔ nye Abital;
5
Yitream, si nɔ nye Egla. Wodzi ŋutsuvi siawo katã le Xebron.
6
Esime Saul ƒe amewo kple ame siwo kpe ɖe David ŋu, nɔ aʋa wɔm la, ŋusẽ va nɔ Abner ŋu ɖom ɖe edzi le Saul ƒe amewo dome.
7
Gbe ɖeka la, Isboset, Saul viŋutsu tso ɖe Abner ŋu be edɔ kple ye tɔ́ ƒe ahiãvi Rizpa, Aya vinyɔnu.
8
Tete Abner do dɔmedzoe vevie ɖe Isboset ŋu le nya sia ta. Egblɔ be: “Ɖe nèbu be metrɔ le Saul yome hele kpekpem ɖe Yuda ŋu azɔa? Tɔ́wò Saul ƒe akpa dzi ko megale va se ɖe egbe. Mewɔ nuteƒe na nɔvia ŋutsuwo kple xɔlɔ̃awo, eye gawu la, mexɔ na wò ŋutɔ hã ale be mège ɖe David si me o. Ale ke wɔ nàtso ɖe ŋunye azɔ le nyɔnu ta?
9
Mawu nefia nu Abner, negafiae ɖe edzi, ne nyemekpɔ egbɔ be David ƒe asi su nu si ŋugbe Aƒetɔ do nɛ la dzi,
10
be fiaɖuƒe la nadzo le Saul ƒe aƒeme, eye wòaɖo fiazikpui anyi na David ɖe Israel kple Yuda dzi, tso Dan va se ɖe Beer-Seba o fĩi!
11
Isboset megate ŋu ɖo nya la ŋu na Abner o, elabe enɔ evɔ̃m.
12
Abner dɔ amewo ɖo ɖe David gbɔ le Xebron, be woaɖagblɔ nɛ be: “Ame kae le anyigba sia dzi ɖu ge? Bla nu kplim eye makpe ɖe ŋuwò akplɔ Israel blibo la vɛ na wò.”
13
David ɖo eŋu ɖo ɖee be: “Enyo, mabla nu kpli wò; ke nu ɖeka si mabia tso asiwòe nye be màkpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko nàkplɔ Saul vinyɔnu Mixal vɛ gbã hafi nàva kpɔm.”
14
Tete David dɔ amewo ɖe Saul viŋutsu, Isboset hã, be woagblɔ nɛ be: “Gbugbɔ srɔ̃nye Mixal ɖo ɖem. Filistitɔwo ƒe aʋanuyi alafa ɖeka mena ɖe eta hafi ɖee.”
15
Ale Isboset dɔ amewo woyi ɖaxɔe le srɔ̃a Paltiel, Lais vi si.
16
Paltiel dze srɔ̃a yome kple avi ʋuu va ɖo Baxurim. Abner gblɔ nɛ le afi sia be: “Trɔ yi aƒe.” Ale wòtrɔ yi.
17
Azɔ Abner kpe ta kple Israel-me tsitsiwo gblɔ na wo be: “Enye miaƒe didi xoxo be David naɖu fia ɖe mia dzi.
18
Mina wòava eme azɔ elabe Aƒetɔ do ŋugbe na David be: ‘Nye dɔla David ƒe asi dzie mato aɖe nye dukɔ Israel tso Filistitɔwo kple woƒe futɔ bubuwo katã si me.’ ”
19
Abner yi ɖaƒo nu na Benyamin-to la me tɔwo hã, eye wòyi Xebron be yeaɖagblɔ nu siwo katã Israel kple Benyamin toawo me tɔwo bu be enyo yewoawɔ la na David.
20
Esi Abner kple ŋutsu bla eveawo va David gbɔ le Xebron la, David wɔ amedzro na wo nyuie.
21
Abner gblɔ na David be: “Fifia la, mayi aɖaƒo Israel-dukɔ blibo la nu ƒu be woanɔ tewò, nye aƒetɔ fia. Woabla nu kpli wò, eye nàɖu wo dzi abe ale si nèdi ene.” Ale David na Abner dzo yi le ŋutifafa me.
22
Emegbe ʋɛ la, Yoab kple David ƒe dɔlawo gbɔ tso adzogbe, eye wotsɔ nu siwo woha la geɖe gbɔe. Abner dzo le David gbɔ le Xebron hafi wogbɔ, elabe David do mɔe wòdzo yi le ŋutifafa me.
23
Esi Yoab kple eƒe amewo va ɖo la, wogblɔ na Yoab be Abner va fia la gbɔ, eye wòdo mɔe wòdzo yi le ŋutifafa me.
24
Ale Yoab yi fia la gbɔ ɖabiae be: “Nu ka nye esi nèwɔ? Abner va gbɔwò ko nèɖe asi le eŋu wòdzo yi. Nu ka tae?
25
Mènya be Abner, Ner vi lae oa? Ɖe wòva afii be yeable wò, anya ɣeyiɣi si nèdona gagbɔna kple nu siwo katã nèwɔna.”
26
Esi Yoab dzo le David gbɔ la, edɔ amewo ɖe Abner yome be woaɖatrɔe vɛ. Wotui le Sira-vudo la gbɔ eye wotrɔe gbɔe. Ke David menya naneke le nu si nɔ edzi yim la ŋu o.
27
Azɔ esi Abner va ɖo Xebron la, Yoab ɖe kpɔe yi agbo la nu abe ɖe wòdi be yeagblɔ nya aɖe nɛ ene, eye wòtɔ hɛ dɔme nɛ wòku ɖe afi ma. Ale Yoab wu Abner le esi eya hã wu nɔvia Asahel ta.
28
Esi David va se nyaa la, egblɔ be: “Nye kple tenye viwo míeɖi fɔ kura le Abner wuwu me le Aƒetɔ gbɔ o.
29
Tohehe si adze amewuwu sia yome la nenɔ Yoab kple eƒe ƒomeawo katã dzi! Le dzidzime ɖe sia ɖe me le eƒe ƒome me la, nulɔdɔléla kple ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi léla mavɔ akpɔ o; nyɔnugbɔmewo anɔ anyi ɖaa; ame atsi yi nu eye ame anɔ anyi anye ɖunumaɖiƒoewo.”
30
Ale Yoab kple nɔvia Abisai wu Abner, elabe ewu wo nɔvi Asahel le aʋa me le Gibeon.
31
David gblɔ na Yoab kple ame siwo katã le eŋu la be: “Midze miaƒe awuwo, mita akpanya eye mifa Abner le egbɔ.” Esi woyina eɖi ge la, fia David ŋutɔ dze amekukugba la yome.
32
Woɖi Abner ɖe Xebron. Fia la fa avi kple ɣli le yɔdoa to, eye ameha blibo la hã fae.
33
David dzi konyifaha sia na Abner be: “Abner, ɖe wòle be nàku abe yakame enea?
34
Womebla asi na wò o, womede ga afɔ na wò o; ke èku, abe hlɔ̃dola aɖee wu wò ene.” Tete ameha blibo la gafa avi ɖe dzi wu.
35
Ameha la ƒoe ɖe David nu ŋkeke bliboa be wòaɖu nu, ke eka atam be: “Mawu neƒom ƒu anyi, ne maku agaku, ne made nane nu me hafi ɣe naɖo to fĩi.”
36
Ame sia ame de dzesi esia, eye wòdze wo ŋu. Le nyateƒe me la, nu sia nu si fia la wɔ la dze ameha blibo la ŋu.
37
David ƒe amewo katã kple Israel-dukɔ blibo se egɔme gbe ma gbe be fia la menya naneke le Abner wuwu ŋu kura o.
38
Fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Miekpɔe dze sii be amegã kple bubume vevi aɖee ku le Israel-dukɔ me egbe oa?
39
Togbɔ be nyee nye fia si wosi ami na hã la, egbe la, megbɔdzɔ keŋ. Zeruya vi siawo ƒe nya sesẽ nam akpa. Ame si wɔ nuvɔ̃ɖi sia la Aƒetɔ newɔe ɖe nu nɛ abe ale si dze ene!”
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24