bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Samuel 21
2 Samuel 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 22 →
1
Le David ŋɔli la, dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ. Ale David yi ɖabia gbe Aƒetɔ, eye Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Saul kple eƒe ƒome lae do hlɔ̃ elabe ewu Gibeontɔwo.”
2
Gibeontɔwo metso Israelviwo ƒe to aɖeke me o. Wonye Amoritɔwo ƒe hatsotso aɖe si susɔ ɖi, eye Israelviwo do ŋugbe na wo be yewoagblẽ wo ɖi. Ke le ŋuʋaʋã si le Saul me ɖe Israelviwo kple Yuda ŋu ta la, edi be yeawu wo keŋ. Ale fia la yɔ Gibeontɔwo
3
eye wògblɔ na wo be: “Nu ka mawɔ na mi? Nu ka matsɔ afa dzi na mi be miayra Aƒetɔ ƒe dukɔ la?”
4
Woɖo eŋu be: “Nya si ɖo mía kple Saul kple eƒe ƒomea dome la, menye klosalo kple sika tsɔtsɔ fa dzi na ame ƒe nyae wònye o. Gawu hã, míele ame aɖeke hã dim be míawu le Israel o.” David ɖo eŋu be: “Ke nu ka miedi be mawɔ na mi?”
5
Woɖo eŋu be: “Saul wu mí eye wòɖoe be yeatsrɔ̃ mí míavɔ keŋ ale be mía dometɔ aɖeke naganɔ Israel-nyigba dzi o.
6
Azɔ la, miɖe Saul viŋutsuwo dometɔ adrẽ vɛ na mí, be míade ka ve na wo ɖe dzi, le ati ŋu, le Aƒetɔ ŋkume le Gibea, si nye Saul, Aƒetɔ ƒe ame tiatia la, ƒe du me.” Fia la ɖo eŋu be: “Maɖe wo vɛ na mi.”
7
Le atam si David kple Yonatan ka na wo nɔewo ta la, David ve Mefiboset, Yonatan vi, si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la nu eye meɖe eya na o.
8
Ke fia la lé Armoni kple Mefiboset siwo nye Aya vinyɔnu Rizpa, viŋutsu eve siwo wòdzi na Saul. Azɔ egalé Saul vinyɔnu Merab viŋutsu atɔ̃awo, siwo wodzi na Mexolatitɔ Adriel, Barzilai vi.
9
Etsɔ wo de asi na Gibeontɔwo eye wode ka ve na wo ɖe dzi, le ati ŋu, le toa dzi le Aƒetɔ ŋkume; wo ame adrẽ la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi esime nuŋeŋe dze egɔme.
10
Tete Aya vinyɔnu, Rizpa tsɔ akpanya wɔ nɔƒe ɖe agakpe si dzi ame kukuawo le la dzi, eye wònɔ afi ma tso nuŋeɣi la ƒe gɔmedzedze va se ɖe esime tsi de asi dzadza me le tsidzaɣi. Enyaa xeviwo ɖa le ame kukuawo ŋu le ŋkeke me, eye le zã me la, ekpɔa egbɔ be gbemelãwo mete ɖe wo ŋu o.
11
Esi David se nu si Rizpa, Saul ƒe ahiãvia wɔ la,
12
eyi ɖaxɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes-Gileadtɔwo si. Wofi ƒuawo le ablɔ me le Bet-San, afi si Filistitɔwo wu Saul le Gilboa-to dzi le.
13
David tsɔ Saul kple via Yonatan ƒe ƒuwo tso afi ma vɛ, eye wòƒo ame adrẽ siwo wode ka ve na la hã ƒe ƒuwo nu ƒu.
14
Woɖi Saul kple via Yonatan ƒe ƒuawo ɖe tɔ́a Kis ƒe ameɖiƒe le Zela le Benyamin-nutome, eye wowɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si fia la di tso wo si ene. Esi wowɔ alea vɔ megbe la, Mawu gaɖo dukɔa ƒe gbedodoɖa ŋu nɛ.
15
Aʋa gadzɔ ɖe Filistitɔwo kple Israelviwo dome, eye David kple eƒe aʋawɔlawo yi ɖakpe aʋa kple Filistitɔwo. Le aʋa la me la, ɖeɖi va te David ŋu,
16
eye Yisbinob, ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka di be yeawui. Ŋutsua ƒe akplɔ ƒe kpekpeme le akɔbli kilo etɔ̃ kple afã eye wòkpla yi yeye.
17
Ke Zeruya vi, Abisai va xɔ na David hewu Filistitɔ la. Esia megbe la, David ƒe aʋawɔlaawo na wòka atam na wo. Wogblɔ nɛ be: “Èle abe akaɖi ene na Israel-dukɔa. Màgayi aʋa kpli mí azɔ gbeɖe o. Ne menye nenem o la, woaɖe wò ɖa le mía dome.”
18
Emegbe wogawɔ aʋa bubu kple Filistitɔwo le Gob. Le aʋa sia me la, Sibekai, Xusatitɔ la wu Saf, ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.
19
Israelviwo gawɔ aʋa kple Filistitɔwo le Gob, eye Elxanan, Yaare-Orgim vi tso Betlehem wu Goliat, Gatitɔ ame si ƒe akplɔti le abe abaladoti ene.
20
Eyome wogawɔ aʋa bubu le Gat. Wodo go ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviawo dometɔ ɖeka le afi sia. Edzɔ atsu ŋutɔ eye wòto asibidɛ adeade kple afɔbidɛ adeade.
21
Eɖu fewu le Israel-dukɔ ŋu. Tete Yonatan, David nɔvi Simea vi wui.
22
Ame ene siawo nye ame dzɔtsu siwo le Gat la ƒe dzidzimeviwo, eye David kple eƒe aʋawɔlaawo wu wo.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24