bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 1
Acts 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 2 →
1
Teofilo lɔlɔ̃tɔ, Le nye Agbalẽ Gbãtɔ me la, meŋlɔ nu tso nu siwo Yesu wɔ kple nu siwo wòfia, tso esime wòdze eƒe dɔ gɔme
2
va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒo la ŋuti. Hafi woakɔe ayi dziƒoe la, eto Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me gblɔ nu siwo wòle be ame siwo wòtia, abe eƒe amedɔdɔwo ene la nawɔ.
3
Le eƒe fukpekpewo megbe la, eɖe eɖokui fia wo agbagbee zi geɖe, le ŋkeke bla ene me, eye wokpɔe wònɔ nu ƒom le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋu.
4
Esi wògale wo gbɔ la, ede se na wo gblɔ be: “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala nunana si ŋugbe Tɔ́ la do, esi ŋuti meƒo nu le na mi la.
5
Yohanes le mawutsi na amewo kple tsi, ke le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe alee na miawo ya.”
6
Ale esi amedɔdɔawo gakpe ta la, wobia Yesu be: “Aƒetɔ, ɖe nèle fiaɖuƒe la gbugbɔ ge ana Israel azɔa?”
7
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Miawo la, mehiã be mianya ɣeyiɣi alo azãgbe siwo Tɔ́ la ŋutɔ ɖo ɖi le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu la o.
8
Ke ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi la, miaxɔ ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kpakple Samaria va se ɖe xexeme ƒe seƒe ke.”
9
Esi wògblɔ esia vɔ la, woƒe ŋkume alea ko, wokɔe yi dzii, eye alilikpo aɖe xɔe dzoe le wo gbɔ.
10
Ke esime wogale dziƒo kpɔm gã wòyina la, kasia ŋutsu eve le awu ɣi me le tsitre ɖe wo gbɔ. Ame siawo gblɔ na wo be:
11
“Galilea-ŋutsuwo, nu ka ta miele tsitre le dziƒo kpɔm ale? Yesu sia, si wokɔ dzoe le mia gbɔ yi dziƒo la, gale vava ge abe ale si miekpɔe wòle yiyim la ene.”
12
Azɔ la, wotrɔ tso Amito la dzi va Yerusalem. To sia didi abe agbadroƒe afã ene tso Yerusalem gbɔ.
13
Esi woɖo dua me la, woyi ɖe dziƒoxɔ si me wonɔ la dzi. Amedɔdɔawoe nye: Petro kple Yohanes, Yakobo kple Andrea, Filipo kple Toma, Bartolomeo, kple Mate, Yakobo Alfeo vi kple Simon, Ɖokuisinɔnɔdilawo ƒe habɔbɔmenɔla kple Yuda Yakobo vi.
14
Ame bubuwo hã nye: Maria, Yesu dada kple Yesu nɔviŋutsuwo. Ame siawo katã ƒoa ƒu kple susu ɖeka henɔ gbe dom ɖa vevie.
15
Le ŋkeke mawo me la, xɔsetɔ siwo ƒe xexlẽme anɔ abe ame alafa ɖeka bla eve ene la, kpe ta eye Petro tsi tsitre le wo dome gblɔ be:
16
“Nɔviwo, ele be mawunya si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ ɖi to Fia David dzi, tso Yuda, ame si nɔ ŋgɔ na Yesu lélawo ŋu la, nava eme.
17
Yuda nye mía dometɔ ɖeka, eye wona gomee le subɔsubɔdɔ sia me.
18
“Azɔ la, Yuda tsɔ nuvɔ̃ɖi si wòwɔ la ƒe fetu yi ɖaƒle anyigba aɖe. Anyigba sia dzi wòge va dze anyi heku le. Eƒe ƒodo wó, eye eƒe dɔmenuwo ka hlẽ.
19
Ame siwo katã le Yerusalem la, va se nya sia, ale wotsɔ ŋkɔ na anyigba ma be, ‘Ʋunyigba’ si woyɔna le wo degbe me be, ‘Akeldama.’
20
“Elabe woŋlɔe ɖi le Psalmowo me be: ‘Eƒe aƒe neɖi gbɔlo, eye ame aɖeke neganɔ eme o!’ Wogaŋlɔ ɖi hã be: ‘Ame bubu nexɔ eƒe dɔ.’
21
“Eya ta ŋutsu siwo zɔ kpli mí ɣeawo katã ɣi esime Aƒetɔ Yesu dona yina gagbɔna le mía dome,
22
tso Yohanes mawutsilename ƒe gɔmedzedze va se ɖe gbe si gbe wokɔe dzoe le mía gbɔ; ŋutsu siawo dometɔ ɖeka nazu ɖaseɖila le eƒe tsitretsitsi ŋu hã akpe ɖe mía ŋu.”
23
Ale wotia ame eve ɖo wo ŋkume: Woawoe nye: Yosef, si woyɔna be Barsaba ame si wogayɔna hã be Yusto kple Matia.
24
Tete wodo gbe ɖa gblɔ be: “Aƒetɔ, wòe nya amegbetɔwo katã ƒe dzime. Ɖe ame eve siawo dometɔ ɖeka, si nètia la ɖe go.
25
Nà be wòava nɔ subɔsubɔdɔ sia me abe amedɔdɔ ene, ɖe Yuda teƒe. Yuda gbe dɔ sia, eye wòyi ɖe teƒe si eya ŋutɔ di la.”
26
Esia megbe la, wodzidze nu ɖe ame eveawo dzi. Tete nudzidze la dze Matia dzi, ale wotsɔe kpe ɖe amedɔdɔ wuiɖekɛawo ŋu.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28