bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 9
Acts 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 10 →
1
Ɣeyiɣi sia me la, Saulo ganɔ ŋɔdzi dom na Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo kokoko, be yeawu wo. Eyi nunɔlagã gbɔ,
2
eye wòbiae be woaŋlɔ agbalẽ na ye yeatsɔ ayi ɖe ƒuƒoƒe siwo le Damasko la, ale be ne yekpɔ ame aɖe, si le Aƒetɔ la ƒe mɔa dzi la, yeablae akplɔe va Yerusalem, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o.
3
Esi Saulo le eƒe mɔzɔzɔ dzi gogo Damasko la, kekeli klẽ tso dziƒo ƒo xlãe.
4
Edze anyi, eye wòse gbe aɖe le gbɔgblɔm nɛ be: “Saulo, Saulo! Nu ka ta nèle yonyeme tim?”
5
Saulo bia be: “Aƒetɔ, wò ame kae?” Gbe la ɖo eŋu be: “Nye Yesu, ame si yome tim nèle lae.
6
Fɔ nàge ɖe dua me, eye woagblɔ nu si wòle be nàwɔ la na wò.”
7
Ame siwo nɔ mɔ zɔm kplii la tɔ te ɖe afi ma; gbɔgblɔ bu ɖe wo. Togbɔ be wose gbea hã la, womekpɔ ame aɖeke o.
8
Saulo fɔ le anyigba, ke esi wòʋu ŋku la, mete ŋu le nu kpɔm o. Ale wolé eƒe asi hekplɔe ge ɖe Damasko-dua me.
9
Enɔ anyi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mekpɔ nu o, meɖu nu o eye meno naneke hã o.
10
Azɔ la, nusrɔ̃la aɖe nɔ Damasko si ŋkɔe nye Anania. Ekpɔ ŋutega si me Aƒetɔ la yɔe be: “Anania!” Etɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nyee nye esi!”
11
Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Tso nàyi ɖe ablɔ si ŋkɔe nye Ablɔdzɔdzɔe la dzi, eye nàbia Yuda ƒeme ta. Ne ège ɖe aƒea me la, bia ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Saulo tso Tarso la ta se. Ŋutsu sia le gbe dom ɖa,
12
eye wòkpɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania le ŋutega me wòva da asi ɖe edzi, wògakpɔ nu.”
13
Anania ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, mese nya le ame geɖewo nu tso ŋutsu sia ŋu. Wogblɔ be ewɔ nuvɔ̃ɖi geɖe ɖe wò ame siwo ŋu nèkɔ le Yerusalem la ŋu.
14
Wobe exɔ ŋusẽ tso nunɔlagã siwo le Yerusalem la gbɔ, be yeava lé ame siwo katã subɔa wò le afi sia la.”
15
Ke Aƒetɔ la gblɔ nɛ be: “Heyi, elabe ɖe metia ame sia be wòanye ŋudɔwɔnu nam. Medi be wòana ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israel-dukɔmetɔwo nanya nye ŋkɔ.
16
Nye ŋutɔ mafia ale si gbegbe wòle be wòakpe fu le nye ŋkɔ la ta lae.”
17
Ale Anania tso yi ɖage ɖe aƒe si me Saulo le la me. Eda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be: “Nɔvi Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le mɔ dzi esi nègbɔna lae dɔm ɖe gbɔwò, be wò ŋkuwo naʋu, nàgakpɔ nu eye nàxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
18
Enumake nane si le abe tsro ene la ge le Saulo ƒe ŋku dzi, eye wògakpɔ nu. Etsi tsitre eye wole mawutsi nɛ.
19
Eɖu nu eye wòkpɔ ŋusẽ. Saulo nɔ xɔsetɔ siwo le Damasko la gbɔ ŋkeke geɖe.
20
Eyi ɖe ƒuƒoƒewo enumake, eye wòɖe gbeƒã be: “Yesue nye Mawu Vi la.”
21
Ame siwo katã ɖo toe se eƒe nyawo la ƒe mo wɔ yaa, eye wobia be: “Alo ɖe menye ŋutsu siae wɔ funyafunya ame siwo xɔ Yesu ŋkɔ dzi se le Yerusalem oa? Gawu la, ɖe menye susu ma ke tae wòva afi sia ɖo be yeava lé xɔsetɔwo abla akplɔ yi ɖe nunɔlagãwo gbɔe oa?”
22
Ke ŋusẽ ɖo Saulo ŋu wu tsã, eye ale si wòɖe nya me, be Yesue nye Kristo la la, me kɔ ale gbegbe be Yudatɔ siwo le Damasko la ƒe nu ku.
23
Ŋkeke geɖe megbe la, Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe Saulo ŋu be yewoawui,
24
gake ese nugbeɖoɖoa. Yudatɔwo nɔ agboawo nu dzɔm zã kple keli be yewoawui.
25
Gbe ɖeka le zã me la, Saulo ƒe nusrɔ̃lawo kɔe de kusi me, to gli ta heɖiɖii ɖe anyi, eye wòdzo.
26
Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edi be yeage ɖe nusrɔ̃lawo dome. Ke nusrɔ̃lawo katã nɔ vɔvɔ̃m nɛ, elabe womexɔ se be eya hã nye nusrɔ̃la o.
27
Ke Barnaba kplɔe va amedɔdɔawo gbɔe. Eƒo nu na wo le ale si Saulo kpɔ Aƒetɔ la le mɔ dzi, eye Aƒetɔ la ƒo nu nɛ kple ale si wògblɔ mawunya vɔvɔ̃ manɔmee le Damasko le Yesu ŋkɔ me la ŋu.
28
Ale Saulo hã ge ɖe wo dome le Yerusalem, eye wògblɔ mawunya vɔvɔ̃ manɔmee le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.
29
Edzro nya me kple Yudatɔ siwo doa Hela-gbe, ke wodi mɔnu le eŋu be yewoawui.
30
Esi nɔviawo see la, wokplɔe yi ɖe Kaisarea, eye woɖoe ɖe Tarso tso afi ma.
31
Azɔ la, hame siwo katã le Yudea, Galilea kple Samaria la ƒe to me fa, eye wotsi ɖe edzi. Wonɔ agbe ɖe Aƒetɔ la ƒe nya nu, eye wodzi ɖe edzi, elabe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na woƒe dzi dze eme.
32
Petro tsa le xɔsetɔ geɖewo dzi de teƒe geɖe. Eyi ɖe Lida hã be yeakpɔ ame siwo ŋuti wokɔ la ɖa le afi ma.
33
Edo go lãmetututɔ aɖe si ŋkɔe nye Ainea. Ŋutsu sia nɔ dɔba dzi ƒè enyi sɔŋ.
34
Tete Petro gblɔ nɛ be: “Ainea, Yesu Kristo yɔ dɔ wò. Tsi tre nàɖo wò aba.” Ainea tsi tsitre enumake.
35
Esi ame siwo katã le Lida kple Saron kpɔe la, woxɔ Aƒetɔ la dzi se.
36
Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa si ŋkɔe nye Tabita. (Woyɔnɛ le Hela-gbe me be Dorkas si gɔme nye zi.) Ewɔ dɔ nyui geɖe, eye wònyo dɔme na hiãtɔwo.
37
Eva dze dɔ, eye wòku. Esi wole tsi nɛ vɔ la, wokɔe yi ɖamlɔ dziƒoxɔ dzi.
38
Lida medidi tso Yopa gbɔ o. Ale esi nusrɔ̃lawo se be Petro le Lida la, wodɔ ame eve ɖee gblɔ be: “Míeɖe kuku, tso kpla nàva kpɔ mí ɖa.”
39
Ale Petro tso heyi kple amedɔdɔawo. Esi woɖo afi ma la, wokplɔ Petro yi ɖe dziƒoxɔa dzi. Ahosiwo katã va le tsitre ɖe Petro gbɔ le avi fam, eye wotsɔ awutewui kple awu siwo Tabita tɔ le eƒe agbenɔɣi la le fiafiam.
40
Petro na ameawo katã do go le xɔa me. Edze klo hedo gbe ɖa. Etrɔ ɖe ame kukua gbɔ yɔe gblɔ be: “Tabita, tsi tsitre!” Tete nyɔnua ʋu ŋku. Esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.
41
Petro de asi asi me nɛ, hekɔe wòtso ɖe tsitrenu. Eyɔ ame siwo ŋu wokɔ kple ahosi siwo le afi ma la vɛ, eye wòtsɔe de wo si agbagbee.
42
Nya sia ɖi hoo le Yopa, ale be ame geɖewo va xɔ Aƒetɔ la dzi se.
43
Petro tsi Yopa ŋkeke geɖe, eye wònɔ Simon, lãgbalẽdɔwɔla la gbɔ.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28