bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 15
Acts 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 16 →
1
Azɔ ame aɖewo tso Yudea va Antioxia va le nu fiam hametɔwo be: “Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, womate ŋu axɔ mi ɖe agbe akpɔ o.”
2
Paulo kple Barnaba ʋli nya sia sesĩe kple ameawo. Ale wotia Paulo kple Barnaba kpakple ame bubu aɖewo, siwo tso Antioxia la, be woayi Yerusalem aɖakpɔ amedɔdɔawo kple hamemetsitsiwo le nya sia ŋu.
3
Esi hame la dɔ wo ɖa alea la, woto Foenisia kple Samaria hele ale si ame siwo menye Yudatɔwo o la hã trɔ dzime la xlẽm fia. Nya sia do dzidzɔ na hametɔwo katã ŋutɔ.
4
Esi wova ɖo Yerusalem la, amedɔdɔawo, hamemetsitsiwo kple hamea xɔ wo nyuie. Paulo kple Barnaba gblɔ nu siwo katã Mawu wɔ to wo dzi la na wo.
5
Ke xɔsetɔ siwo tso Farisitɔwo ƒe habɔbɔ me la tso gblɔ be: “Ehiã be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye woana woawɔ Mose ƒe sea dzi.”
6
Ale amedɔdɔawo kple hamemetsitsiwo ƒo ƒu, be yewoabu nya sia ŋu.
7
Esi woʋli nya la ʋuu la, Petro tso, eye wògblɔ na wo be: “Nɔvinyewo, miaɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi aɖe nye esi va yi la, Mawu tiam tso mia dome, be ame siwo menye Yudatɔwo o la, nase Nyanyui la le nunye ne woaxɔe ase.
8
Ale Mawu, ame si nya nu si le ame ƒe dzime la, lɔ̃ ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la hã xɔxɔ dzi, elabe etsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na woawo hã, abe ale si wòtsɔe na míi ene.
9
Mede vovototo aɖeke míawo kpakple woawo dome o. Eklɔ woƒe dziwo me, elabe woxɔ edzi se.
10
Ke nu ka ta miele Mawu tem kpɔ fifia? Nu ka tae miele agba si míawo kple mía tɔgbuiwo siaa míete ŋu tsɔ o la, lém ɖo ta na nusrɔ̃laawo?
11
Ke míexɔ se be ale si Mawu axɔ mí ɖe agbe elabe eve mía nu le Aƒetɔ Yesu ta la, axɔ woawo hã ɖe agbe nenema ke.”
12
Ameawo katã zi ɖoɖoe. Woɖo to Barnaba kple Paulo wole dzesi kple nukunu siwo Mawu to wo dzi wɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome la xlẽm fia.
13
Esi wowu woƒe nuƒoa nu la, Yakobo ƒo nu gblɔ be: “Nɔvinyewo, miɖo tom!
14
Simon xlẽ ale si Mawu do ŋgɔ, ɖee fia be yetsɔ ɖe le ame siwo menye Yudatɔwo o la hã ƒe nya me fia mí. Esia ta Mawu tia amewo tso wo dome be woanye eƒe dukɔ.
15
Nya siwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔ ɖi la sɔ kple nya sia tututu. Woŋlɔ ɖi be:
16
‘Le nu siawo megbe la, mele tɔtrɔ ge ava; eye magbugbɔ David ƒe agbadɔ si mu la, agatu. Magbugbɔ eƒe gbagbãƒeawo agatu, eye mawɔe wòanɔ te.
17
Ale be ame mamlɛawo katã woadi Aƒetɔ la. Ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo katã meyɔ be woanye nye ŋutɔ tɔnyewo.
18
Aƒetɔ lae gblɔ esia amewo nya tso gbe aɖe gbe ke.’ ”
19
Yakobo yi edzi gblɔ be: “Eya ta nye susue nye be mele be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo hafi le tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu o la o.
20
Ke boŋ míaŋlɔ agbalẽ na wo be woatsri nuɖuɖu si ŋu mekɔ o elabe wotsɔe sa vɔe na trɔ̃; woatsri ahasiwɔwɔ, woatsri lã si me ʋu tsi la kple ʋuɖuɖu.
21
Elabe tso blema ke la, woɖea gbeƒã Mose ƒe se la le du sia du me eye woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe.”
22
Tete nya la dze amedɔdɔawo, hamemetsitsiwo kple ha blibo la ŋu eye woɖo kpe edzi be yewoatia ame aɖewo tso yewo dome, akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu aɖo ɖe Antioxia. Wotia hanunɔla eve tso nɔviawo dome. Woawoe nye Yuda, ame si wona ŋkɔe be Barsaba kple Sila.
23
Agbalẽ si woxɔ yi la me nyawoe nye: “Mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ, siwo menye Yudatɔwo o le Antioxia, Siria kple Kilikia; agbalẽ sia tso mí amedɔdɔwo, hamemetsitsiwo kple mia nɔviwo gbɔ. Mi katã miedɔ nyuiea?
24
Míese be ame aɖewo tso mía dome afii va mia gbɔ, tsɔ nya aɖewo va ɖe fui na mi hetɔtɔ miaƒe susu. Evɔ la, menye míawoe dɔ wo ɖa o.
25
Eya ta míewɔ takpekpe eye míeɖo kpe edzi be míatia amewo tso mía dome akpe ɖe Barnaba kple Paulo, ame siwo nye míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu aɖo ɖe mi,
26
elabe wotsɔ woƒe agbe kè ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔ la ta.
27
Ale míetia Yuda kple Sila, ame siwo ava gblɔ nya mawo ke na mi.
28
Azɔ la, míawo kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la míekpɔ be medze be míado agba kpekpe na mi wu se vevi siwo gbɔna la o.
29
Woawoe nye: Mitsri nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo. Mitsri ʋuɖuɖu. Mitsri lã si me ʋu tsi la. Migawɔ ahasi o. Ne mielé se siawo me ɖe asi la, anyo na mi. Mi katã minɔ anyi nyuie.”
30
Esi wodo mɔ amedɔdɔawo la, wova ɖo Antioxia. Woƒo ƒu hametɔawo katã, eye wotsɔ agbalẽa na wo.
31
Esi woxlẽe la, nuxlɔ̃amenya si le eme la do dzidzɔ na wo ŋutɔ.
32
Yuda kple Sila wonye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, eye woxlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖe hedo ŋusẽ wo.
33
Esi wonɔ wo gbɔ ɣeyiɣi aɖe la, hametɔawo do mɔ wo, wotrɔ yi ɖe ame siwo dɔ wo ɖa la gbɔ.
35
Ke Paulo kple Barnaba ya tsi Antioxia, eye woawo kple ame bubu geɖewo nɔ nu fiam henɔ gbeƒã ɖem Aƒetɔ ƒe nya la.
36
Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo gblɔ na Barnaba be: “Nà míagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya na le du ɖe sia ɖe me la ɖa, ale be míanya ale si wole anyii.”
37
Barnaba di be yewoakplɔ Yohanes, ame si wona ŋkɔe be Marko hã ɖe asi.
38
Ke Paulo bu be mesɔ be yewoakplɔe ɖe asi o, elabe egbugbɔ le yewo yome tsã le Pamfilia, eye mewɔ dɔa yi edzi kple yewo o.
39
Paulo kple Barnaba ʋli nya sia ŋutɔ, eye woma tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi ɖe Kipro.
40
Ke Paulo tia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu. Hametɔawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la be wòave wo nu, eye wodze mɔ dzo.
41
Ezɔ to Siria kple Kilikia hedo ŋusẽ hameawo.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28