bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 24
Acts 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 25 →
1
Ŋkeke atɔ̃ megbe la, nunɔlagã Anania kple amegã aɖewo kpakple nyanuɖela Tertulo, va Kaisarea. Wotsɔ nya si wotsɔ ɖe Paulo ŋu la ɖo mɔ́mefia Felike ŋkume.
2
Tete woyɔ Paulo vɛ, eye Tertulo he woƒe nutsonya la ɖe go gblɔ be: “Míaƒe Bubutɔgã Felike! To dziwò la, tomefafa blibo le mía dome. Èna be wole nu geɖewo ɖɔm ɖo na míaƒe dukɔ sia.
3
Míekpɔ ŋudzedze le nu siawo katã ŋu le afi sia afi. Eya ta tɔwòe nye akpe.
4
Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi geɖe na wò o, eya ta meɖe kuku be nànyo dɔme ase nya kpui si le mía si la.
5
Míekpɔ ŋutsu sia be enye nugblẽla vɔ̃ɖi aɖe. Eyama le ʋunyaʋunya hem de Yudatɔwo dome le xexea me godoo. Eganye Nazarete-ha tatra me nɔlawo ƒe ŋgɔnɔla vloe ɖeka.
6
Gawu la, ŋutsu sia te kpɔ be yeaƒo ɖi mawuxɔ la gɔ̃ hã, ke míaƒe asi su edzi,
7
ke aʋakplɔlagã Lisia va ge ɖe nya la me hexɔe dzoe sesẽtɔe. Emegbe la, eɖe gbe be enutsolawo nava gbɔwò.
8
Nenye be wò ŋutɔ èbia gbee ko la, èle nu siwo katã ta míele enu tsom la nya ge.”
9
Yudatɔwo katã lɔ̃ ɖe edzi be nutsonyaawo katã le eme tututu.
10
Azɔ la, mɔ́mefia la wɔ asi na Paulo be wòaƒo nu. Tete Paulo gblɔ be: “Mekpɔe dze sii be ènye ʋɔnudrɔ̃la le dukɔ sia me ƒè geɖee. Eya ta mele ɖokuinye ta ʋlim dzidzɔtɔe.
11
Abe ale si nànya nyuie ene la, anɔ abe ŋkeke wui evee nye esi, meyi Yerusalem be masubɔ Mawu le afi ma.
12
Womekpɔm mele nya ʋlim kple ame aɖeke o. Womekpɔm mede zi ameha aɖeke me le mawuxɔa me loo, ƒuƒoƒeawo loo, alo le dua ƒe akpa aɖeke o.
13
Kpɔɖeŋu aɖeke hã mele wo si si woate ŋu atsɔ aɖo kpe woƒe nya siwo wotsɔ ɖe ŋunye la dzi na wò o.
14
Ke le agbenɔnɔ si wole yɔyɔm be xɔse tatra ƒe nya me ya la, mesubɔa mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la pɛpɛpɛ, eye mexɔ nu siwo katã le sea me kple esiwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ŋlɔ ɖi la dzi se.
15
Enye nye mɔkpɔkpɔ be Mawu lava fɔ nu nyui wɔla kple nu baɖa wɔla siaa ɖe tsitre. Mɔkpɔkpɔ sia kee le ame siawo hã si.
16
Mɔkpɔkpɔ sia tae meʋlina vevie be dzitsinya nyui nanɔ asinye le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume.
17
“Azɔ le ƒe aɖewo megbe, esi medzo le Yerusalem la, megatrɔ yi afi ma be matsɔ nunanawo ayi na nye dukɔmetɔwo, eye masa vɔ hã.
18
Esime menɔ ŋutikɔkɔ kɔnu la wɔm le mawuxɔa me la, wokpɔm. Ameha aɖeke menɔ gbɔnye o, eye ʋunyaʋunya aɖeke hã menɔ anyi o.
19
Ke Yudatɔ aɖewo tso Asia-nutome nɔ afi ma. Woawo boŋ wòle be woava gbɔwò afii, eye ne nya aɖe le wo si ɖe ŋunye la, woatsɔ ɖe ŋunye hafi.
20
Alo àte ŋu ana ame siawo nagblɔ fɔ si wobum, esime medo ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume va yi.
21
Nya ɖeka, si medo ɣli gblɔ esime mele tsitre ɖe wo ŋkume la koe nye be: ‘Nu si ta wole ʋɔnu drɔ̃mem le afii egbe ɖoe nye be mexɔe se be ame kukuwo latsi tsitre.’ ”
22
Tete Felike, ame si nya nu tso mɔ sinu Aƒetɔ la di be woanɔ agbe ɖo ŋu nyuie la, tɔ nyadɔdrɔ̃ la ɖe afi ma gblɔ be: “Ne aʋakplɔlagã Lisia va ɖo la, matso miaƒe nya la me.”
23
Eɖe gbe na aʋakplɔla la be wòakpɔ Paulo dzi, ne wòanɔ dedie, ke nena ablɔɖe aɖe sinui. Ne nane hiãe la, neɖe mɔ xɔlɔ̃awo nawɔe nɛ faa.
24
Le ŋkeke aɖewo megbe la, Felike kple srɔ̃a Drusila, si nye Yudatɔ la, va. Edɔ ame wòyi ɖayɔ Paulo vɛ, eye Paulo ƒo nu tso Kristo Yesu dzixɔse ŋu nɛ wòse.
25
Ke esi Paulo ƒo nu tso dzɔdzɔenyenye, ɖokuidziɖuɖu kple ʋɔnudrɔ̃gbe si lava la ŋu la, Felike vɔ̃, eye wògblɔ be: “Heyi gbɔ, ne mekpɔ vovo la, magayɔ wò.”
26
Enɔ mɔ kpɔm le ɣeyiɣi sia me hã be Paulo ana ga ye. Ale edɔa ame woɖayɔnɛ vɛ enuenu wòɖoa dze kplii.
27
Le ƒe eve megbe la, Felike dzo, eye Porkio Festo va zu mɔ́mefia ɖe eteƒe. Ke esi Felike di be yeadze Yudatɔwo ŋu ta la, egblẽ Paulo ɖe gaxɔa me.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28