bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 26
Acts 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 27 →
1
Agripa gblɔ na Paulo be: “Wò ŋutɔ ƒo nu nàɖe ɖokuiwò nu faa.” Tete Paulo do abɔ ɖe dzi eye wòƒo nu ʋli eɖokui ta gblɔ be:
2
“Fia Agripa, mekpɔ be Mawu ɖi nam ŋutɔ be wò Fia Agripa ŋkumee mele ɖokuinye ta ʋli ge le egbe, aɖe nya siwo katã Yudatɔwo tsɔ ɖe ŋunye la nu.
3
Megblɔ esia, elabe ènya nu le Yudatɔwo ƒe dekɔnuwo kple nya siwo le wo dome woʋlina la ŋu koŋ. Eya ta meɖe kuku be nàgbɔ dzi blewuu ase nye nyawo nam.
4
“Yudatɔwo katã nya nye agbenɔnɔ tso nye ɖekakpuime, ale si menɔ agbe tso gɔmedzedzea me le mía detɔwo dome kple ale si menɔ Yerusalem.
5
Ne woato nyateƒe la, wonya tso gbe aɖe gbe ke be menɔ agbe abe Farisitɔ ene. Míaƒe kɔnyinyi nu sẽ wu míaƒe subɔsubɔha bubuawo katã tɔ.
6
Nu si ta mele tsitre ɖe ʋɔnu afii fifia lae nye be mɔkpɔkpɔ le asinye be Mawu awɔ ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuiwo la dzi.
7
Ŋugbedodo sia tututue míaƒe ƒome wui eve la le mɔ kpɔm na be wòasu yewo si, tae wosubɔa Mawu vevie zã kple keli. Fia Bubutɔ, mɔkpɔkpɔ sia tae Yudatɔwo tsɔ nya ɖe ŋunye ɖo.
8
Ne wobe Mawu fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la, nu ka ta mia dometɔ aɖe abu be esia menye nya woaxɔ ase o mahã?
9
“Ɣe aɖe ɣi va yi la, mebui be ele be mawɔ nu sia nu si mate ŋui la atsɔ atsi tre ɖe Yesu Nazaretetɔ la ŋu.
10
Mewɔ esia le Yerusalem. Mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagãwo gbɔ, hede ame siwo ŋu wokɔ la dometɔ geɖe gaxɔ me. Gawu la, ne wole wo wu ge la, nye hã melɔ̃na ɖe edzi.
11
Mehea to na wo zi geɖe le ƒuƒoƒewo, eye mezia wo dzi be woagblɔ busunya. Medoa dɔmedzoe ɖe wo ŋu ale gbegbe, be metia wo yome yia dzronyigbaduwo ke hã me.
12
“Esia dzie mele, zɔ mɔ yina Damasko gbe ɖeka. Nunɔlagãwo na ŋusẽm, hedo mɔm.
13
Fia Bubutɔ, anɔ abe ŋdɔ ga wui eve me ene la, mekpɔ kekeli, si nu sẽ wu ɣe ƒe keklẽ gɔ̃ hã la. Eklẽ tso dziƒo ƒo xlã mía kple ame siwo nɔ mɔ zɔm la.
14
Mí katã míedze anyi. Tete mese gbe aɖe, si gblɔ nam le Hebri-gbe me be: ‘Saulo! Saulo! Nu ka ta nèle yonyeme tim? Afɔtɔtɔ nutɔame, nu vevi ɖe wòwɔa ame!’
15
Mebia be: ‘Wò ame kae, Aƒetɔ?’ Aƒetɔ la ɖo eŋu be: ‘Nye Yesu, ame si yome tim nèle lae.
16
Ke fɔ, nàtsi tsitre. Meɖe ɖokuinye fia wò be maɖo wò nànye nye dɔla. Àɖi ɖase le nu si nènya le ŋutinye xoxo kple nu si maɖe afia wò emegbe la ŋuti.
17
Maɖe wò tso ame siwo dome mele dɔwòm ɖo ɖa la, si me. Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa.
18
Àʋu ŋku na wo, eye àtrɔ wo tso viviti me ava kekeli me. Àɖe wo tso Abosam ƒe ŋusẽ te ava Mawu gbɔ, be woatsɔ woƒe nuvɔ̃ ake wo, ale be woakpɔ nɔƒe le ame siwo xɔ dzinye se, eye wokɔ wo ŋuti la dome.’
19
“Fia Agripa, ale wɔ mezu nu si woɖe fiam tso dziƒo la dziwɔla.
20
Gbã la, meyi Damasko. Emegbe la, meyi Yerusalem. Metsa Yudea-nyigba blibo la katã dzi. Metɔ edzi yi ame siwo menye Yudatɔwo o la hã gbɔ. Meyi ɖaɖe gbeƒã na wo be woadzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ atrɔ va Mawu gbɔ, eye woawɔ nu si fia be wotrɔ dzime.
21
Esia tae Yudatɔwo lém le mawuxɔa me ɖo, eye wote kpɔ be yewoawum.
22
Ke Mawu kpe ɖe ŋunye va se ɖe egbe, ale be mele tsitre ɖe amegãwo kple ame bubuwo siaa ŋkume le ɖase ɖim na wo katã. Nya siwo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo kple Mose gblɔ be woava eme la koe nye hã megblɔ. Mebe
23
ele be Kristo la nakpe fu, eye wòanye ame gbãtɔ, si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòaɖe gbeƒã kekeli la na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la hã.”
24
Esi Paulo ɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ sesĩe be: “Paulo, èdze aɖaʋa! Wò agbalẽsɔsrɔ̃ vivivo la na nèdze aɖaʋa.”
25
Ke Paulo ɖo eŋu be: “Bubutɔgã Festo, nyemedze aɖaʋa o. Nye susu le te; nyateƒe tom mele.
26
Fia Agripa nya nu tso nu siawo ŋuti, eya ta mele nu ƒom nɛ faa. Meka ɖe edzi be enya nu tso wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, elabe womewɔ ɖeke le bebeme o.
27
Fia Agripa, èxɔ Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dzi sea? Menya be èxɔ wo dzi se.”
28
Agripa gblɔ na Paulo be: “Fifi laa ko nèbu be yeawɔm mazu Kristotɔa?”
29
Paulo ɖo eŋu be: “Eɖanye fifia o, eɖanye emegbe o, nye gbedodoɖa na Mawu koe nye be wò kple ame siwo katã le to ɖomem egbe la, miava zu abe nye ene, ɖeko womegade ga miawo ya alea o.”
30
Tete fia la, mɔ́mefia la kple Bernike kpakple anyinɔƒea katã tsi tsitre.
31
Woyi adaŋu me eye wogblɔ le wo nɔewo dome be: “Ŋutsu sia mewɔ naneke si dze na ku alo gaxɔmeyiyi o.”
32
Agripa gblɔ na Festo be: “Ne ŋutsu sia ɖe megblɔ be Roma Fiagã ŋutɔ koe atso yeƒe nya me o la, anye ne woate ŋu aɖe asi le eŋu hafi.”
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28