bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 20
Acts 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 21 →
1
Esi zitɔtɔ la nu tso le dua me la, Paulo yɔ nusrɔ̃lawo ƒo ƒu hexlɔ̃ nu wo. Eklã wo, eye wòdze mɔ ɖo ta Makedonia.
2
Eto afi ma nutowo me hedo ŋusẽ amewo hafi va ɖo Hela-nyigba dzi.
3
Enɔ afi ma ɣleti etɔ̃. Esi wònɔ dzadzram ɖo be yeayi Siria la, eva nya be Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe ye ŋu, eya ta eɖoe be yeatrɔ ato Makedonia.
4
Soparte, ame si nye Piro, Beroeatɔ la vi nɔ eŋuti. Ame bubu siwo hã gakplɔe yii la woe nye: Aristarxo kple Sekundo tso Tesalonika; Gayo, Derbetɔ kple Timoteo, Tixiko kple Trofimo tso Asia.
5
Ame siawo do ŋgɔ henɔ mía lalam le Troa.
6
Le Amɔwɔ Maʋamaʋã Ŋkekeawo ɖuɖu vɔ megbe la, míeɖo tɔdziʋu tso Filipi. Míenɔ tɔ dzi ŋkeke atɔ̃ hafi va tu wo le Troa, afi si míenɔ ŋkeke adrẽ.
7
Le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, míeƒo ƒu be míaɖu nu ɖekae, eye Paulo ƒo nu na ameawo. Eƒo nu ʋuu va se ɖe zã titina ke, elabe eɖoe be ne ŋu ke la, yeadzo.
8
Wosi akaɖi geɖe ɖe xɔ si me míeƒo ƒu ɖo le dziƒoxɔ dzi la me.
9
Ɖekakpui aɖe, si ŋkɔe nye Eutixo la bɔbɔ nɔ fesre nu. Esi Paulo ƒe nuƒoa va didi alea la, Eutixo de asi alɔ̃dɔdɔ me. Edɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi ale gbegbe be wòge tso dziƒoxɔ etɔ̃lia dzi va dze anyigba. Esi woyi ɖakɔe la, wokpɔ be eku.
10
Paulo ɖi yi anyigba, bɔbɔ ɖe edzi hekpla asi ɖee. Egblɔ na wo be: “Migado boboe o. Agbe gale eme.”
11
Azɔ la, Paulo gatrɔ yi dziƒoxɔ la dzi, eye wòɖu nua kple etɔwo. Egayi edzi ƒo nu kpli wo ʋuu va se ɖe fɔŋli hafi dzo.
12
Wokplɔ ɖekakpui la yi aƒeme agbagbee eye woƒe dzi dze eme ŋutɔ.
13
Míedo ŋgɔ yi ɖe tɔdziʋua me, eye míedze mɔ ɖo ta Aso. Paulo na míenya do ŋgɔ be yele afɔ to ge atso mí le afi sia hafi aɖo ʋua kpli mí.
14
Esi wòva tu mí le Aso la, eɖo ʋua kpli mí va Mitilene.
15
Míeho tso afi ma va ɖo Xio kasa ŋufɔke. Esi ŋu ke la, míeva Samo, eye le ŋkeke si kplɔ ema ɖo dzi la, míeva ɖo Mileto.
16
Paulo medi be yeagblẽ ɣeyiɣi le Asia o, eya ta eɖoe be yeato Efeso ŋu ayi, elabe ele kplakpla dzi be, ne yeate ŋui la, yeaɖo Yerusalem hafi ŋkeke bla atɔ̃lia le Paska la yome naɖo edzi.
17
Paulo dɔ ame tso Mileto ɖo ɖe Efeso be woayɔ hamemegãwo vɛ.
18
Esi wova la, egblɔ na wo be: “Mienya ale si menɔ mia gbɔ ɣeyiɣiawo katã tso ŋkeke gbãtɔ dzi, esi menyaɖo afɔ Asia-nutome ko.
19
Ale si mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi kple aɖatsi hesubɔ Aƒetɔ la le ɣeyiɣi sesẽ siwo katã me wotem kpɔ, esime Yudatɔwo ɖo nugbe ɖe ŋunye la, le nyanya na mi.
20
Mienyae be meƒo nu hefia nu le dutoƒo eye mede aƒewo me hã ɖekaɖeka. Mewɔ nu siawo esi nyemedi be maɣla naneke, si akpe ɖe mia ŋu ɖe mi o ta.
21
Mexlɔ̃ nu Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa be woadzudzɔ nuvɔ̃ wɔwɔ ava Mawu gbɔ, eye woaxɔ Yesu mía Aƒetɔ dzi ase.
22
Azɔ meyina ɖe Yerusalem, abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dii ene, eye nyemenya nu si le dzɔdzɔ ge ɖe dzinye le afi ma o.
23
Nu si menya koe nye be, le du ɖe sia ɖe me la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖenɛ fiam be woadem gaxɔ me, eye makpe fu le afi ma.
24
Ke nyemebu nye agbe, be enye nu vavã alo nu xɔasi aɖeke na nye ŋutɔ o. Nu si koe le vevie nam lae nye be mawu mɔzɔzɔ kple dɔ si Aƒetɔ Yesu ɖo nam be mawɔ la nu. Dɔ siae nye be maɖi ɖase le Nyanyui, si fia ale si Mawu ve mía nui la ŋu.
25
Azɔ la, menya be mi ame siwo dome menɔ heɖe gbeƒã fiaɖuɖu la ŋutinya la dome ame aɖeke magakpɔm o.
26
Eya ta mele ɖase ɖim na mi egbe be, ne mia dometɔ aɖe tsrɔ̃ la, nyemeɖi fɔ kura o,
27
elabe megblɔ nu siwo katã Mawu di be miawɔ la na mi.
28
Eya ta mikpɔ miawo ŋutɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã dzi. Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae ɖo mi be mianye edzikpɔla. Milé be na Aƒetɔ ƒe hame si eya ŋutɔ ɖo kple Via ƒe ʋu la.
29
Menyae be, ne medzo la, amegãxi wɔadãwo gbɔna mia dome ɖo ge, eye womakpɔ nublanui na alẽha la o.
30
Amewo latso miawo ŋutɔ mia dome, ada alakpa ale be nusrɔ̃lawo nadze wo yome.
31
Eya ta minɔ ŋudzɔ. Miɖo ŋku edzi be ƒe etɔ̃ sɔŋ ye menɔ mia dome, zã kple keli, tsɔ aɖatsi fia nu mia dometɔ ɖe sia ɖe.
32
Azɔ la, mele mia gblẽm ɖe Mawu si me, be wòatsɔ eƒe nya la ave mia nui. Amenuvenya sia ate ŋu ana miatsi ɖe edzi, eye mianyi dome kple ame siwo katã ŋuti wokɔ la.
33
Ame aɖeke ƒe klosalo, sika, alo nudodo aɖeke mebiã ŋu nam o.
34
Miawo ŋutɔ mienya be nye asi siae metsɔ wɔ dɔ hedi mía kple ame siwo kpe ɖe ŋunye la ƒe nuhiahiãwoe.
35
Le nu sia nu me la, mefia mi be ele be ame nawɔ dɔ sesĩe alea, ahakpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu. Miɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, si wògblɔ la dzi. Ebe: ‘Yayra le nunana ame me wu nuxɔxɔ.’ ”
36
Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, eya kple ameawo katã dze klo, eye wodo gbe ɖa.
37
Ameawo katã fa avi, kpla asi kɔ nɛ hegbugbɔ nu nɛ.
38
Woxa nu vevie le esi wògblɔ na wo be womegale ye kpɔ ge azɔ o la ta. Woɖoe ɖa va ɖo tɔdziʋua gbɔ.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28