bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 6
Acts 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 7 →
1
Le ɣeyiɣi siawo me la, nusrɔ̃lawo va nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi. Ale xɔsetɔ siwo doa Hela-gbe la lĩ liʋiliʋĩ be, ne Hebritɔwo le nu siwo ŋudɔ wowɔna gbe sia gbe la mam la, wotsoa yewoƒe ahosiwo ɖi.
2
Esia ta amedɔdɔ wui eveawo yɔ nusrɔ̃lawo katã ƒo ƒu gblɔ na wo be: “Masɔ be míagblẽ mawunyagbɔgblɔ ɖi aɖanɔ nuɖuɖu mam o.
3
Eya ta, nɔviwo, mitia ame adrẽ siwo dzi mieka ɖo, ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le, eye wonye nunyalawo la tso mia dome, míatsɔ aɖo dɔ sia nu.
4
Esia ana be míawo míavo ɖe gbedodoɖa kple mawunyagbɔgblɔ ŋu koŋ.”
5
Nya la dze ameha blibo la ŋu, ale wotia ame siawo: Stefano, ame si si xɔse le, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe taŋ, Filipo, Prokoro, Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, ame si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia.
6
Woɖe ame tiatia siawo fia amedɔdɔawo, eye woawo do gbe ɖa heda asi ɖe wo dzi.
7
Mawu ƒe nya la va keke ta ɖe edzi. Nusrɔ̃la siwo le Yerusalem la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi fũu, eye nunɔla geɖewo hã va le xɔse la me ɖom.
8
Stefano, ame si nu Mawu ve, eye wòkpɔ ŋusẽ la wɔ nukunu kple dzesi gãwo le ameawo dome.
9
Ke ame aɖewo tsi tre ɖe eŋuti. Ame siawo tso Ablɔɖetɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me. Emenɔlawo tso Kirene kple Aleksandria, eye ɖewo hã tso Kilikia kple Asia. Woʋli nya kple Stefano,
10
ke womete ŋu nɔ te ɖe nunya si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nae wòle nu ƒomee la nu o.
11
Ale wode nya ŋutsu aɖewo nu be woagblɔ be: “Míese wònɔ busunya gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu.”
12
Wode zi amehaawo, dumegãwo kple agbalẽfialawo me ɖe eŋuti, eye wova tui, lée hekplɔe va ʋɔnudrɔ̃ƒe lae.
13
Wodi aʋatsoɖaseɖilawo ɖe eŋu. Ame siawo va gblɔ be: “Ŋutsu sia la, busunya ko gblɔm wòle ɖe kɔkɔeƒe sia kple Mose ƒe se la ŋu.
14
Elabe míesee le enu wògblɔ be Yesu Nazaretetɔ la le teƒe sia gbã ge, eye wòatrɔ kɔnu siwo Mose ɖo ɖi na mí la.”
15
Ame siwo katã le ʋɔnudrɔ̃ƒea la fɔ ŋku ɖe Stefano dzi gã, eye wokpɔ eƒe mo wòdzé abe mawudɔla tɔ ene.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28