bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 12
Acts 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 13 →
1
Ɣe ma ɣi lɔƒo la, Fia Herodes ti hametɔ aɖewo yome ŋɔdzitɔe.
2
Ewu Yakobo, Yohanes nɔvi kple yi.
3
Esi wòkpɔ be esia dze Yudatɔwo ŋu la, elé Petro hã. (Amɔwɔ Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui ɖuɣie wòwɔ esia).
4
Esi wòlée la, edee gaxɔ me. Ena asrafo wui ade siwo le hatsotso ene me la le Petro ŋu dzɔm. Herodes ɖoe be ne Paska la va yi vɔ la, ekema yeahee ɖe go adrɔ̃ ʋɔnui le dutoƒo.
5
Ale Petro le gaxɔa me, ke hametɔwo nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta.
6
Ŋkeke si dzi tututu Herodes le Petro ɖe ge ɖe dutoƒo la ƒe zã me la, wode kɔsɔkɔsɔ eve Petro eye wòle alɔ̃ dɔm le asrafo eve dome. Dzɔlawo nɔ ʋɔtrua nu hã henɔ gaxɔ la ŋu dzɔm.
7
Kasia Aƒetɔ la ƒe dɔla do, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Mawudɔla la ƒo Petro ƒe axadame, nyɔe hegblɔ nɛ be: “Fɔ kaba!” Enumake kɔsɔkɔsɔawo ge le Petro ƒe alɔnu.
8
Mawudɔla la gblɔ nɛ be: “Bla ali dzi, nàdo afɔkpa.” Petro wɔ nenema. Mawudɔla la gagblɔ nɛ be: “Do wò awu ʋlaya nàdze yonyeme.”
9
Ale Petro kplɔe ɖo eye wodo le gaxɔa me. Petro menya be nu si le eme vam to mawudɔla la dzi la, le dzɔdzɔm vavã o.
10
Esi woto dzɔla gbãtɔwo kple eveliawo ŋu la, wova ɖo dua ƒe agbo si wowɔ kple gakpo la nu. Agboa ŋutɔ koe ʋu le eɖokui si siaa, eye wodo dzo. Wozɔ mɔdodo aɖe dzi yina, kasia mawudɔla la dzo le egbɔ.
11
Petro ƒe mo kɔ azɔ, eye wògblɔ be: “Nyateƒe, menya azɔ be, Aƒetɔ lae dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem tso Fia Herodes si me. Eɖem tso nu siwo katã Yudatɔwo kpɔ mɔ na be adzɔ ɖe dzinye la hã me.”
12
Esi wòkpɔ esia dze sii la, eyi ɖe Maria, Yohanes si woyɔna be Marko la, dada ƒeme. Ame geɖe ƒo ƒu ɖe afi ma le gbe dom ɖa.
13
Petro ƒo agbo la, eye nyɔnuvidɔla aɖe, si ŋkɔe nye Roda la do va, be yeakpɔ ɖa be ame kae hã.
14
Esi nyɔnuvia se Petro ƒe gbe me la, edze sii be eyae. Dzi dzɔe ale gbegbe be megaxaʋu agbo la gɔ̃ hã o, ɖeko wòsi du trɔ yi eme ɖagblɔ na wo be Petro ye le tsitre ɖe agboa nu.
15
Wogblɔ nɛ be: “Èdze aɖaʋa!” Ke nyɔnuvia ka ɖe edzi be nyateƒee. Ameawo gblɔ nɛ be: “Ekem anye Petro ƒe mawudɔlae!”
16
Petro ganɔ agboa ƒoƒo dzi. Esi woʋui hekpɔ Petro la, woƒe nu ku.
17
Petro wɔ asi na wo be woazi ɖoɖoe. Emegbe la, eƒo nu na wo tso ale si Aƒetɔ la ɖee tso gaxɔa me la ŋu. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖagblɔ nya sia na Yakobo kple nɔvi bubuawo hã.” Esia megbe la, Petro dzo le wo gbɔ yi ɖe teƒe bubu.
18
Esi ŋu ke la, asrafoawo tɔtɔ ŋutɔŋutɔ, elabe womenya nu si dzɔ ɖe Petro dzi o.
19
Herodes na wodii ʋuu, ke womekpɔe o. Edrɔ̃ ʋɔnu wo eye wòɖe gbe be woakplɔ wo aɖawu. Esia megbe la, Fia Herodes trɔ tso Yudea, yi Kaisarea, eye wòɖanɔ afi ma.
20
Gbe ɖeka la, Herodes do dɔmedzoe ɖe Tirotɔwo kple Sidontɔwo ŋu. Ale ameawo wɔ ɖeka va egbɔ. Gbã la, wokpɔ Blasto, ame si nye fia la ƒe nuwo dzikpɔla la hebia tso esi be wòakpe ɖe yewo ŋu. Woyi ɖe fia la gbɔ azɔ hebia tomefafa, elabe Herodes ƒe dukɔ mee wokpɔa nuɖuɖu tsonɛ.
21
Woɖo ŋkeke eye gbe ma gbe la, Herodes do fiawu, bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi, eye wòƒo nu na ameha blibo la.
22
Ameawo do ɣli be: “Mawu ƒe gbee le ɖiɖim; menye amegbetɔ tɔe o!”
23
Enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒo Herodes, elabe metsɔ bubu na Mawu o. Ale wòdze nyé heku.
24
Ke Mawu ƒe nya la tsi ɖe edzi eye wòkeke ta.
25
Esi Barnaba kple Saulo wu dɔ si wode asi na wo la nu vɔ la, wokplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la ɖe asi trɔ gbɔ tso Yerusalem.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28