bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 11
Acts 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 12 →
1
Amedɔdɔ kple nɔvi siwo le Yudea la se be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã xɔ Mawu ƒe nya la.
2
Eya ta esime Petro va Yerusalem la, hamea ƒe hatsotso si dina be woatso aʋa hafi age ɖe hamea me la tso ɖe eŋu hehe nya kplii. Wobiae be:
3
“Nu ka tae nèyi ɖadze bolobolotɔwo gbɔ, eye mia kple wo mieɖu nu?”
4
Petro gblɔ nu si va dzɔ la fia wo tsitotsito. Ebe:
5
“Yopa-dua me mele, le gbe dom ɖa, eye woɖe nane fiam le ŋutega me. Mekpɔ nane si ɖi aklala gbadza gã aɖe. Woɖiɖii to eƒe dzogoe eneawo dzi tso dziƒo ɖe gbɔnye.
6
Esi melé ŋku ɖe eŋu nyuie la, mekpɔ lãfɔnewo, lã wɔadãwo, nutatawo kple dziƒoxeviwo le edzi.
7
Gbe aɖe ɖi gblɔ nam be: ‘Petro, tso nàwu nu siawo nàɖu!’
8
Ke meɖo eŋu be: ‘Gbeɖe, Aƒetɔ, nu si ŋuti mekɔ le kɔa nu alo nu si woƒo ɖii la, mede nye nu me kpɔ o.’
9
Ke gbe la gaɖi zi evelia tso dziƒo ɖo eŋu be: ‘Nu si ŋu Mawu kɔ la medze be nàbui nu makɔmakɔ o.’
10
Wowɔ nu sia zi etɔ̃ sɔŋ. Azɔ wohe nuawo katã gayi dziƒoe.
11
Ɣeyiɣi sia me tututu la, ame etɔ̃ aɖewo va ge ɖe aƒe si me mele la me. Wodɔ ame siawo ɖem tso Kaisarea.
12
Gbɔgbɔ la gblɔ nam be mayi kple ame siawo ɖikeke aɖeke manɔmee. Nɔvi xɔsetɔ ade siawo hã kpe ɖe ŋunye míeyi ɖe ŋutsua ƒeme.
13
Egblɔ na mí be yekpɔ mawudɔla wòle tsitre ɖe yeƒe aƒeme. Ebe mawudɔla la gblɔ na ye be: ‘Ɖo ame aɖe ɖe Yopa ne wòaɖayɔ Simon, ame si woyɔna hã be Petro la vɛ.
14
Eya agblɔ nya si ana woaxɔ mia kple wò aƒe ɖe agbe la na mi.’
15
Esi medze nye nuƒoa gɔme la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖi ɖe wo dzi, abe ale si wòɖi ɖe míawo hã mía dzi le gɔmedzedzea me la ene.
16
Tete meɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya si wògblɔ la dzi be: ‘Yohanes le mawutsi na amewo kple tsi, ke miawo ya, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe alee na mi.’
17
Ne Mawu tsɔ nunana si tututu wòtsɔ na mí, esime míexɔ Aƒetɔ Yesu dzi se la na ame siawo hã la, ame kae menye axe mɔ na Mawu?
18
Esi wose nya sia la, womenya nya ka woagagblɔ o. Ke boŋ wokafu Mawu gblɔ be: ‘Ke Mawu ʋu mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be woatrɔ dzime anɔ agbe!’ ”
19
Le Stefano ƒe ku megbe la, woti xɔsetɔwo yome vevie. Ale wokaka do ɖe Foenisia, Kipro kple Antioxia henɔ Nyanyui la gblɔm na Yudatɔwo ɖeɖe ko.
20
Ke xɔsetɔ bubu aɖewo, siwo tso Kipro kple Kirene la va Antioxia, eye woɖe gbeƒã Aƒetɔ Yesu na Helatɔwo hã.
21
Aƒetɔ la kpe ɖe wo ŋu, ale ame geɖewo xɔ se hetrɔ ɖe eŋu.
22
Yerusalem-hame la se nya sia, eye wodɔ Barnaba ɖo ɖe Antioxia.
23
Esi wòɖo la, dzi dzɔe elabe ekpɔ be Mawu ve ameawo nu ŋutɔ. Ede dzi ƒo na wo katã be woanɔ Aƒetɔ la yome kplikpaa, eye woawɔ nuteƒe nɛ.
24
Barnaba nye ame ɖɔʋu aɖe. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔe taŋ, eye eƒe xɔse li ke. Ale ame geɖe to edzi xɔ Aƒetɔ la dzi se.
25
Emegbe la, Barnaba yi ɖe Tarso ɖadi Saulo.
26
Esi wòkpɔe la, ekplɔe va Antioxia. Wo ame eve la nɔ hamea gbɔ ƒe ɖeka, eye wofia nu ame geɖe. Antioxia, afi siae woyɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be: “Kristotɔwo.”
27
Ɣe ma ɣi la, Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖewo tso Yerusalem va Antioxia.
28
Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Agabo. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na wògblɔ nya ɖi be dɔ gã aɖe le toto ge le xexea me katã. Esia va ve me le Roma Fiagã Klaudio ƒe dziɖuɣi.
29
Ale nusrɔ̃laawo ɖoe be ame sia ame nadzɔ nu si wòate ŋui, ne yewoatsɔ ayi ɖakpe ɖe hametɔ siwo le Yudea la ŋu.
30
Wodzɔ nua, eye wotsɔe na Barnaba kple Saulo wotsɔ yi na hamemetsitsiawo.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28