bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 14
Acts 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 15 →
1
Esi Paulo kple Barnaba va ɖo Ikonio la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe. Nya siwo wogagblɔ la wɔ dɔ ɖe ameawo dzi ale gbegbe, be Yudatɔ kple Helatɔ geɖewo xɔe se.
2
Ke Yudatɔ siwo gbe be yewomaxɔe se o la, gblẽ ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe susu ale be wotso ɖe xɔsetɔwo ŋu.
3
Amedɔdɔawo nɔ afi ma ŋkeke geɖe. Woƒo nu tso Aƒetɔ la ŋuti dzideƒotɔe. Aƒetɔ la ɖee fia be yeƒe amenuvenya la le eme eye wòto wo dzi wɔ dzesi kple nukunu geɖe.
4
Ke dua me tɔwo ma ɖe akpa eve me; akpa ɖeka le Yudatɔwo dzi, eye akpa evelia le amedɔdɔawo dzi.
5
Emegbe la, Yudatɔ aɖewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o kpakple woƒe kplɔla aɖewo ɖo nugbe ɖe amedɔdɔawo ŋu, be yewoaɖe fu na wo ahaƒu kpe wo.
6
Amedɔdɔawo se nya la, eye wosí yi Likaonia-du siwo nye Listra kple Derbe kple nuto mawo me
7
ɖagblɔ Nyanyui la.
8
Azɔ la, ŋutsu aɖe le Listra si wodzi wònye tekunɔ, eye mezɔ azɔli kpɔ o.
9
Eɖo to se Paulo ƒe nyawo. Paulo lé ŋku ɖe edzi gã hekpɔe dze sii be exɔ se woada gbe le eŋu.
10
Tete Paulo do ɣli sesĩe gblɔ na ŋutsua be: “Tso nàtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi!” Tete ŋutsua ti kpo, tsi tsitre eye wòzɔ azɔli!
11
Esi ameha la kpɔ nu si Paulo wɔ la, wodo ɣli gblɔ le Likaonia-gbe me be: “Mawuwo zu ame va mía dome!”
12
Wona ŋkɔ Barnaba be Zeus, eye esi wònye Paulo ye le wo nu ɖem ta la, woyɔ eya be Herme.
13
Tete Yupiter, si nye mawu, si ƒe gbedoxɔ le dua gbɔ la ƒe nunɔla tsɔ nyitsuwo kple seƒoƒowo va agbo la nu, elabe eya kple eŋumewo di be yewoasa vɔ na amedɔdɔawo.
14
Esi Barnaba kple Paulo se esia la, wodze awu le wo ɖokui ŋu, eye wosi du ge ɖe ameawo dome gblɔ kple ɣli be:
15
“Nɔviwo, nu ka ta miele nu siawo wɔm? Amegbetɔwo ko míenye abe miawo ke ene! Míeva be míaɖe gbeƒã Nyanyui la na mi, be miatrɔ tso nu dzodzro siawo gbɔ ava Mawu gbagbe la gbɔ. Eyae wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me la.
16
Le blema la, Mawu ɖe mɔ na dukɔ vovovoawo wonɔ agbe ale si dze wo ŋu.
17
Ke nu nyui siwo wòwɔna ɣe sia ɣi la ɖia ɖase be eli vavã. Ewɔa dɔmenyo, enaa tsi dzana na mi tso dziƒo, nukuwo wɔna le ɣelaɣi eye wònaa nuɖuɖu mi, hedoa dzidzɔ na mi.”
18
Bebli hafi wotsɔ nya siawo xe mɔ na ameawo, be womagasa vɔ na wo o.
19
Ke Yudatɔ aɖewo tso Antioxia le Pisidia kple Ikonio va afi ma. Wotrɔ ameha la ƒe susu. Ale be woƒu kpe Paulo, hee va da ɖe dua godo, elabe wobu be eku.
20
Ke esi nusrɔ̃laawo va ƒo xlãe la, efɔ, eye wòyi dua me. Esi ŋu ke la, eya kple Barnaba wodzo yi Derbe.
21
Paulo kple Barnaba gblɔ Nyanyui la le Derbe, eye ame geɖe va zu woƒe nusrɔ̃lawo. Emegbe la, wogbugbɔ va to Listra kple Ikonio heva do ɖe Antioxia le Pisidia.
22
Wodo ŋusẽ nusrɔ̃lawo, eye wode dzi ƒo na wo, be woalé xɔse la me ɖe asi nyateƒetɔe kple nya siawo be: “Ele na mí be míakpe fu geɖe hafi age ɖe Mawu ƒe fiaɖuɖu la me.”
23
Wotia hamemegãwo ɖe ha ɖe sia ɖe nu. Amedɔdɔawo do gbe ɖa, tsi nu dɔ, eye wotsɔ ame siawo de asi na Aƒetɔ, si dzi woxɔ se la.
24
Esia megbe la, woto Pisidia-nutome va do ɖe Pamfilia.
25
Esi wogblɔ nya la le Perge la, woyi Atalia.
26
Woɖo tɔdziʋu tso afi ma gbugbɔ va Antioxia le Siria. Afi siae wotsɔ amedɔdɔ siawo de Mawu si me le gbã, be wòave wo nu ne woaɖawɔ dɔ sinu wum wole la.
27
Esi wova ɖo la, woƒo hametɔawo nu ƒu, eye woɖe gbeƒã nu siwo katã Mawu kpe ɖe wo ŋu wowɔ kple ale si wòʋu mɔ na ame siwo menye Yudatɔwo o la hã, eye woxɔ se la na wo.
28
Wonɔ nusrɔ̃la siwo le afi ma la gbɔ eteƒe didi.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28