bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 8
Acts 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 9 →
1
Ke Saulo lɔ̃ ɖe Stefano wuwu dzi. Gbe ma gbe kee wodze hametɔ siwo le Yerusalem la yometiti gɔme. Ale hametɔawo katã ka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutoawo me, negbe amedɔdɔawo ko.
2
Ke mawuvɔ̃la aɖewo va kɔ Stefano ƒe kukua yi ɖaɖi, eye wofae vevie.
3
Azɔ Saulo de asi hame la gbagbã me. Etsana tso aƒeme yi aƒeme eye wòhea ŋutsu kple nyɔnuwo siaa yina ɖadea gaxɔ me.
4
Azɔ ame siwo ka hlẽ la gblɔ Nyanyui la le afi siwo woto la.
5
Filipo yi ɖe Samariatɔwo ƒe du aɖe me, eye wòɖe gbeƒã Kristo la na wo.
6
Esi ameha la se eƒe nyawo eye wokpɔ dzesi siwo wòwɔ la, wo katã woxɔ eƒe nya la.
7
Elabe gbɔgbɔ vɔ̃wo do go tso ame siwo me wole la kple ɣli, lãmetututɔwo haya eye tekunɔwo zɔ azɔli.
8
Ale dua me tɔwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
9
Ŋutsu aɖe nɔ dua me si ŋkɔe nye Simon. Enye dzosala. Do ŋgɔ la, ewɔa nukunuwo le Samaria-dukɔa me, amewo kpɔna. Egblɔna be ŋusẽtɔ gã aɖee yenye.
10
Ame siwo katã le dukɔa me, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, bunɛ eye wogblɔna le eŋu be: “Mawu ƒe ŋusẽ si woyɔna be: ‘Ŋusẽtriakɔ’ la le ame sia si.”
11
Woɖoa to eƒe nyawo, elabe tso ɣe aɖe ɣi ke la, eƒe nuwɔnawo wɔa nuku na amewo.
12
Ke esi Filipo va gblɔ Nyanyui la na wo tso Mawu ƒe fiaɖuɖu kple Yesu Kristo ŋkɔ ŋu, eye woxɔe se ko la, wole mawutsi na wo dome ame geɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
13
Simon ŋutɔ hã xɔe se, eye wole mawutsi nɛ wòdze Filipo yome. Esi wòkpɔ dzesi kple nukunu gã siwo le eme vam la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ.
14
Azɔ esi amedɔdɔawo se le Yerusalem be Samariatɔwo xɔ Mawu ƒe nya la la, woɖo Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ.
15
Esi woɖo afi ma la, wodo gbe ɖa ɖe xɔsetɔawo ta bene woaxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
16
Togbɔ be wole mawutsi na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ŋkɔ me hã la, womexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la haɖe o.
17
Ale Petro kple Yohanes da asi ɖe ame siawo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
18
Simon de dzesii be asi ko amedɔdɔawo da ɖe xɔsetɔawo dzi, eye woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eya ta etsɔ ga home aɖe na Petro kple Yohanes
19
hegblɔ be: “Mitsɔ ŋusẽ sia na nye hã, ale be ame si dzi mada asi ɖo la, eya hã naxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”
20
Ke Petro ɖo eŋu nɛ be: “Neɖi mia kple wò ga la ŋu! Ɖe nèbu be yeaƒle Mawu ƒe nunana la kple ga?
21
Wɔƒe aɖeke meli na wò le subɔsubɔdɔ sia me kpli mí o, eye gome aɖeke hã meli nàkpɔ o, elabe wò dzime mekɔ le Mawu gbɔ o.
22
Eya ta ɖe asi le susu vɔ̃ɖi si ɖo tame na wò la ŋu, eye nàɖe kuku na Aƒetɔ la. Ɖewohĩ atsɔ wò dzimesusu la ake wò.
23
Mekpɔ be èle ŋu ʋãm vevie eye nèzu nuvɔ̃ ƒe kluvi.”
24
Simon ɖo eŋu na Petro kple Yohanes be: “Mido gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye, ale be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke nagadzɔ ɖe dzinye o.”
25
Azɔ esi Petro kple Yohanes ɖi ɖase, eye wogblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la vɔ la, wogbugbɔ yi Yerusalem, le gbeƒã ɖem Nyanyui la le Samaria-kɔƒe geɖewo me.
26
Azɔ la, Aƒetɔ la ƒe dɔla aɖe gblɔ na Filipo be: “Tsi tre nàyi anyigbeme gome, eye nàɖo ta mɔ si tso Yerusalem va yi Gaza la dzi.” Mɔ sia to gbedadaƒo. Ale Filipo tso heyi.
27
Ɣeyiɣi sia me la, Etiopia dudɔwɔla si kpɔa fianyɔnu, Kandake, ƒe kesinɔnuwo katã dzi la trɔ tso gbedoɖaƒe le Yerusalem,
28
yina aƒe. Ebɔbɔ nɔ anyi ɖe tasiaɖam me nɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm.
29
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na Filipo be: “Te ɖe tasiaɖam sia ŋu.”
30
Ale Filipo ƒu du yi ɖe egbɔ. Ese eŋkɔ wònɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm. Filipo biae be: “Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sema?”
31
Dudɔwɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Ale ke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke meɖe egɔme nam o?” Ale wòbia tso Filipo si be wòage ɖe eme ava nɔ ye xa.
32
Mawunya si xlẽm wònɔ lae nye esi: “Edzé abe alẽ si wokplɔ yina wuwu ge, alo abe alẽvi si li kpoo le eƒe fukola si me la ene. Meke nu gblɔ nya aɖeke o.
33
Wobɔbɔe ɖe anyi, eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o. Ame aɖeke mate ŋu aƒo nu tso eƒe dzidzimeviwo ŋu o, elabe woɖe eƒe agbe ɖa tso xexea me.”
34
Dudɔwɔla la bia Filipo be: “Meɖe kuku, ame ka ƒe nya gblɔm Mawu ƒe gbeƒãɖela la le? Eya ŋutɔ ŋunyae loo, alo ame bubu aɖe tɔ yea?”
35
Ale Filipo ƒo nu nɛ. Edze egɔme tso mawunya sia dzi, eye wòyi edzi gblɔ Nyanyui la le Yesu ŋu nɛ.
36
Esi wozɔ mɔa yina sẽe la, wova ɖo teƒe aɖe, afi si wokpɔ tsi le. Tete dudɔwɔla la gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, tsie nye esi. Nu kae agaxe mɔ na mawutsilele nam?”
38
Enumake dudɔwɔla la ɖe gbe be tasiaɖam la netɔ. Esi wòtɔ la, Filipo kple ŋutsua ge ɖe tsia me, eye Filipo le mawutsi nɛ.
39
Esi wodo le tsia me la, Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ la kplɔ Filipo dzoe, eye dudɔwɔla la megakpɔe o. Eyi eƒe mɔzɔzɔ dzi kple dzidzɔ.
40
Ke Filipo va do ɖe keke Azoto ke. Enɔ tsatsam nɔ Nyanyui la gblɔm le duawo katã me, va se ɖe esime wòɖo Kaisarea.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28