bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 27
Acts 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 28 →
1
Esi wotso nya me be míato ƒudzimɔ ayi Roma la, wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de aʋakplɔla aɖe si. Eŋkɔe nye Yulio, tso Fiagã Augusto ƒe aʋakɔwo dome.
2
Míeɖo Adramitio-ʋu aɖe, si ɖoe be yeadze ɖe Asia ʋudzeƒewo, eye míeho. Makedoniatɔ aɖe, si ŋkɔe nye Aristarxo, tso Tesalonika la, kpe ɖe mía ŋu.
3
Esi ŋu ke la, míeva dze ɖe Sidon. Aʋakplɔla Yulio nyo dɔme ɖe mɔ na Paulo be wòayi aɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, bene woadi nu siwo ahiãe la nɛ.
4
Míeho tso afi ma, eye esi ya de asi ƒoƒo me le mía kpem ta la, míeto Kipro-ƒukpo la ƒe dzigbeme.
5
Míeto Kilikia kple Pamfilia ƒu me, eye míeva Mira le Likia.
6
Aʋakplɔla la kpɔ tɔdziʋu aɖe le afi ma, si tso Aleksandria yina ɖe Italia, eye wòna míeɖoe.
7
Míezɔ blewuu ŋkeke geɖe, eye bebli hafi míeva ɖo Knido kasa. Ya la meɖe mɔ na mí be míayi ŋgɔ o, eya ta míeto Kreta-ƒukpo ƒe akpa si ya meƒona le o la va ɖo Salmone kasa.
8
Míeto ƒugo la ŋu, eye mlɔeba la, míeva ɖo teƒe aɖe, si wona ŋkɔe be, “Ʋudzeƒenyui” la. Teƒe sia te ɖe Lasea-du la ŋu.
9
Azɔ esi ŋkeke geɖe va yi xoxo, eye ƒudzimɔzɔzɔ va zu ŋɔdzi, eye gawu la, Paska ɖuɣi hã va yi ta la,
10
Paulo ɖo aɖaŋu na wo gblɔ be: “Mía tɔwo, mekpɔ be nu geɖe le gbegblẽ ge, eye geɖe hã abú le míaƒe mɔzɔzɔa me. Menye agbaawo, ʋua me nuwo kple ʋua ɖeɖe koe lagblẽ o, ke boŋ ame hã le eme tsi ge.”
11
Gake nya siwo kuɖɔɖola la kple ʋutɔ la gblɔ la dze aʋakplɔla la ŋu wu Paulo tɔ.
12
Esi ʋudzeƒea menyo be woanɔ le vuvɔŋɔli o ta la, ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be míaho adzo, ɖewohĩ míate ŋu ade Foinike, si nye ʋudzeƒe le Kreta, eye míanɔ afi ma le vuvɔŋɔli. Ʋudzeƒe sia dze ŋgɔ anyigbeme ɣedzeƒe kple dzigbemeɣedzeƒe.
13
Ya nɔ ƒoƒom blewuu tso anyigbeme, ale ameawo bu be yewoƒe didi la adze edzi. Wohe seke la de ʋua me, eye woho to Kreta-ƒugo ŋu kpuie.
14
Ke eteƒe medidi o, ya sesẽ si woyɔna be “Dzigbeme ɣedzeƒeya” la de asi ƒoƒo me tso ƒukpo la dzi va kpe mí.
15
Esi ya la kpe ʋu la wòde ŋgɔ yi ge do kpoe ta la, míena mɔe wòkɔ mí dzoe.
16
Ʋu la le du dzi to akpa si ya ƒona le na ƒukpo sue aɖe, si woyɔna be Klauda la, eye bebli hafi míete ŋu lé batala la.
17
Wohee ɖe dzi, tsɔ ka to ʋua te heblae be wòalée ɖe asi. Esi wovɔ̃ be míava ge ɖe libla me le Libia-ƒugo ŋu ta la, woklo abala la, ale ya kɔ ʋua ɖe nu.
18
Ahomya la nyama mí ŋusẽtɔe ale gbegbe be, esi ŋu ke la, ʋua me nɔlawo de asi agbaawo fɔfɔ ƒu gbe ɖe ƒu me me.
19
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woawo ŋutɔ fɔ ʋua me dɔwɔnu kple ʋukunu siwo le ʋua me la ƒu gbe.
20
Ŋkeke geɖe va yi ahom la nu sẽ wu gbɔgblɔ, ɣe alo ɣletivi aɖeke kpɔkpɔ meli o. Ale míebu mɔkpɔkpɔ keŋ be míatsi agbe.
21
Ameawo nɔ anyi numaɖumaɖui ŋkeke geɖe. Ale Paulo tsi tsitre, do yi ŋgɔ gblɔ na wo be: “Mía tɔwo, ne ɖe mieɖo tom, eye mímeho dzo le Kreta o la, anye ne nu vevi mewɔ mí, eye míaƒe nuwo hã mebu alea o.
22
Ke azɔ la, meɖe kuku na mi, milé dzi ɖe ƒo. Mía dometɔ aɖeke mele eme tsi ge o, negbe ʋua ko.
23
Elabe le zã si va yi me la, Mawu, ame si tɔ menye, ame si mesubɔna la, ƒe dɔla va gbɔnye.
24
Egblɔ nam be: ‘Paulo, mègavɔ̃ o. Ele be nàdo ɖe Roma Fiagã la ŋkume. Kpɔ ɖa, Mawu tsɔ ame siwo katã ɖo ʋua kpli wò la de asi na wò.’
25
Eya ta, mía tɔwo, milé dzi ɖe ƒo ko, elabe meka ɖe Mawu dzi be ana nya si eya ŋutɔ gblɔ nam la nava eme tututu.
26
Ke ele na mí be míadze go ɖe ƒukpo aɖe dzi.”
27
Azɔ ya la le mía nyamam le Domeƒu la dzi. Le ŋkeke wui enelia ƒe zã titina la, ʋukulaawo bu be yewote ɖe anyigba aɖe ŋu vɔ.
28
Ale woda dzidzeka, eye wokpɔ abɔ bla eve. Woyi ŋgɔ vie gadae, eye wokpɔ abɔ wui atɔ̃.
29
Esi wovɔ̃ be míava dze go ɖe kpewo dzi ta la, woda seke ene to ʋua gɔme, eye wodo gbe ɖa be Mawu neɖi ŋu nake ɖe yewo.
30
Ke ʋukulaawo ɖoe be yewoasí le ʋua me, eya ta woɖiɖi batala la ɖe ƒua me, eye woda alakpa hewɔ abe ɖe wole sekeawo da ge ato ʋua ta hã ene.
31
Ke Paulo gblɔ na aʋakplɔla la kple asrafoawo be: “Ne ame siawo manɔ ʋua me o la, miatsrɔ̃.”
32
Ale asrafoawo tso batalawo ŋu kaawo, eye ʋua ge dze tsia me.
33
Le fɔŋli me la, Paulo ɖe kuku na wo katã be woaɖu nu. Egblɔ be: “Ŋkeke wui ene sɔŋ nye esi, mietsi dzodzodzoe heli naneke maɖumaɖui.
34
Eya ta meɖe kuku na mi be miaɖu nu, ne miakpɔ ŋusẽ. Mia dometɔ aɖeke ƒe taɖa ɖeka hɔ̃ hã mabu o.”
35
Esi Paulo gblɔ esia la, etsɔ abolo, da akpe na Mawu ɖe eta, eye wòkae le wo katã ŋkume hede asi eɖuɖu me.
36
Tete dzi ɖo wo katã ƒo, ale wo dome ame sia ame ɖu nu.
37
Mí ame alafa eve bla adrẽ vɔ ade sɔŋ ye nɔ ʋua me.
38
Esi woɖu nu ɖi ƒo la, woɖe lugba si wodo la ƒu gbe ɖe ƒua me. Ale ʋua zu wodzoe.
39
Ŋu ke, ke ʋukulaawo medze si anyigba la o. Wokpɔ adɔ̃ aɖe, si ŋu ƒuta le, eye woɖoe be ne yewoate ŋui la, yewoaƒo ʋua ɖe afi ma.
40
Ale wotso ka sekeawo ɖe ƒua me, eye wotu kuɖɔŋukawo hã zi ɖeka. Wodo abala hekpe ya lae, eye woɖo ta ƒuta la.
41
Ke ʋua va lɔ kekpo aɖe eye wòsi ke. Eta xaxa hetsi kea me; megate ŋu le ʋaʋãm o, eye ƒutsotsoe sesẽawo gbã egɔme.
42
Asrafoawo ɖoe be yewoawu gamenɔlaawo, ale be wo dome ame aɖeke nagaƒu tsi así o.
43
Ke esi aʋakplɔla la di be yeaxɔ na Paulo ta la, egbe be asrafoawo megawɔ ɖe nu si woɖo be yewoawɔ la dzi o. Eɖe gbe na ame siwo ate ŋu aƒu tsi la be woati kpo adze tsia me gbã, aƒu tsi ayi gota.
44
Ke ame mamlɛawo adze wo yome, ɖewo naku ɖe ʋuƒowo ŋu, eye bubuwo naku ɖe ʋua ƒe akpa siwo kaka la ŋu. Ale ameawo katã to mɔ sia dzi do ɖe gota dedie.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28