bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 4
Acts 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 5 →
1
Esi Petro kple Yohanes le nu ƒom na ameawo la, nunɔlawo, mawuxɔa dzikpɔlawo ƒe amegã kple Zadukitɔwo va do ɖe wo dzi.
2
Wodo dziku ɖe wo ŋu, elabe amedɔdɔawo le nu fiam ameawo hele gbeƒã ɖem be wofɔ Yesu ɖe tsitre, eya ta ame kukuwo gbɔna fɔfɔ ge.
3
Wolé Petro kple Yohanes le fiẽ ma eye wode wo gaxɔ me va se ɖe esime ŋu ke.
4
Ke ame siwo se woƒe nyawo la dometɔ geɖe xɔ se. Ale ŋutsu xɔsetɔwo ƒe xexlẽme ade abe akpe atɔ̃ ene.
5
Esi ŋu ke la, Yudatɔwo dziɖulawo, dumegãwo kple agbalẽfialawo wɔ takpekpe le Yerusalem.
6
Ame siwo kpe ta lae nye nunɔlagã Hana, Kayafa, Yohanes kple Aleksandro hekpe ɖe ame siwo katã tso nunɔlagã la ƒe ƒomea me la ŋu.
7
Wona amedɔdɔawo tsi tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wobia wo se be: “Ame ka ƒe ŋusẽ mietsɔ le nu sia wɔmee? Ame ka ƒe ŋkɔ mee miele ewɔm le?”
8
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Petro taŋ eye wòɖo eŋu na wo be: “Dziɖulawo kple dumegãwo,
9
nenye nu nyui si míewɔ na tekunɔ aɖe, si ŋuti miele gbe biam mí le be ale ke wɔ ŋutsu sia haya mahã la,
10
ekema mi katã misee, ne Israel-dukɔ blibo la nanya, be Yesu Kristo Nazaretetɔ, ame si mieklã ɖe ati ŋu, ke Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzie wòto be ame sia haya le tsitre ɖe mia ŋkume afii.
11
Yesu siae nye kpe si mi xɔtulawo miegbe, ke wòva zu dzogoedzikpe.
12
Yesu megbe la, ame bubu aɖeke mexɔa ame ɖe agbe o, eye amegbetɔ aɖeke mele anyigba dzi, si dzi míato akpɔ agbexɔxɔ o.”
13
Azɔ la, ameawo ƒe mo wɔ yaa, elabe wokpɔ be, togbɔ be Petro kple Yohanes menya agbalẽ o, eye womexɔ hehe tɔxɛ aɖeke o hã la, woƒo nu kple kakaɖedzi, eye wokpɔe dze sii be wonɔ Yesu yome.
14
Ke esi wokpɔ ame si ŋu woda gbe le, wòle tsitre ɖe Petro kple Yohanes gbɔ la, womeganya nya si woagblɔ ɖe wo ŋu o.
15
Ale wona wodo le takpeƒea, eye woyi adaŋu me. Wogblɔ be:
16
“Ale ke míawɔ ame siawoe? Edze ƒã na Yerusalemnɔlawo katã be wowɔ nukunu gã aɖe to wo dzi, eye míawo míate ŋu agblɔ be mele eme o.
17
Ke be nya sia nagakaka ɖe edzi aɖo ame bubuwo hã gbɔ o ta la, mina míade vɔvɔ̃ lã me na wo agblɔ be womegaƒo nu na ame aɖeke le ame sia ƒe ŋkɔ me o.”
18
Ale woyɔ wo vɛ hede se na wo be womegakpɔ mɔ aƒo nu, alo afia nu le Yesu ƒe ŋkɔ me akpɔ gbeɖe o.
19
Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Mia ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be kae dzɔ le Mawu ŋkume be míawɔ: miawo míaɖo toe loo, alo Mawu míaɖo toea?
20
Míawo ya nu si míekpɔ kple nu si míese la míate ŋu agbe nuƒoƒo le eŋu o.”
21
Ameawo katã le Mawu kafum le nu si dzɔ la ta, eya ta womenya ale si woawɔ ahe to na amedɔdɔawo o. Ale wogado vɔvɔ̃ na wo ɖe edzi eye woɖe asi le wo ŋu.
22
Ame si woyɔ dɔe le nukunu sia me la xɔ ƒe wu bla ene.
23
Esi woɖe asi le Petro kple Yohanes ŋu la, wotrɔ yi wo tɔwo gbɔ eye wogblɔ nya si nunɔlagãwo kple dumegãwo gblɔ na wo la na wo.
24
Esi wo tɔawo se nya la la, wo katã woƒo nu kple gbe ɖeka na Mawu be: “Aƒetɔ Mawu, wòe wɔ dziƒo, anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le wo me!
25
Wòe to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi na mía tɔgbui David, ƒo nu be: ‘Nu ka ta trɔ̃subɔlawo dze agbo, eye dukɔwo le tame bum dzodzro?
26
Anyigbadzifiawo bla akpa, eye dziɖulawo kpe ta le adaŋu dem, ɖe Aƒetɔ la kple eƒe Kristo la ŋu.’
27
Nyateƒee, Herodes kple Pontio Pilato wɔ ɖeka kple ame siwo menye Yudatɔwo o kple Israel vi siwo le du sia me, eye wotso ɖe wò dɔla kɔkɔe Yesu, ame si nèsi ami na la ŋu.
28
Woƒo ƒu be woawɔ ɖe ɖoɖo ɖe sia ɖe si nèwɔ le aɖaŋu me ɖi xoxoxo be wòava eme la dzi.
29
Aƒetɔ, azɔ la, kpɔ ŋɔdzi si dom wole na mí la ɖa ne nàde dzi ƒo na mí, wò dɔlawo, be míagblɔ wò nya la dzideƒotɔe.
30
Do asi ɖa nàyɔ dɔ amewo, eye na míatsɔ wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ awɔ nukunuwo kple dzesiwoe.”
31
Esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe si woƒo ƒu ɖo la ʋuʋu. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la dzideƒotɔe.
32
Le ɣeyiɣi sia me la, xɔsetɔawo katã ƒe susu le ɖeka eye wowɔa nu abe ame ɖeka ene. Wo dometɔ aɖeke megabu nu si nye etɔ la be enye ye ɖeka tɔ o, ke boŋ nu sia nu si nye wo dometɔ aɖe tɔ la zu hamenu na wo.
33
Amedɔdɔawo ɖi ɖase kple ŋusẽ blibo be Aƒetɔ Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome nyateƒe, eye Mawu ve wo katã nu ŋutɔ.
34
Hiãtɔ aɖeke menɔ wo dome o, elabe wo dome ame siwo si anyigba kple xɔwo le la dzra wo, eye wotsɔ ga si wokpɔ la
35
vɛ na amedɔdɔawo. Woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu.
36
Ale Levitɔ aɖe, si ŋkɔe nye Yosef, ame si wodzi le Kipro, eye amedɔdɔawo na ŋkɔe be Barnaba (si gɔmee nye dzideƒonamela) la,
37
dzra eƒe anyigba, eye wòtsɔ ga la vɛ na amedɔdɔawo.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28