bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 17
Acts 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 18 →
1
Azɔ esi wozɔ to Amfipoli kple Apolonia la, wova ɖo Tesalonika, afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le.
2
Paulo yi ƒuƒoƒe la, abe ale si wòwɔnɛ ɖaa la ene. Edzro mawunya me kpli wo Dzudzɔgbe etɔ̃,
3
eye wòɖe nya geɖe hã me na wo kple kpeɖodzinyawo. Paulo gblɔ be ehiã be Kristo la nakpe fu, eye wòafɔ tso ame kukuwo dome. Egblɔ yi edzi be: “Yesu, ame si ƒe nya mele gbeƒã ɖemee lae nye Kristo la.”
4
Nya la dze wo dometɔ aɖewo ŋu, eye woxɔe se hedze Paulo kple Sila yome. Nenema kee eme kɔ na Helatɔ vɔ̃mawu geɖe kple nyɔnu ŋkuta gbogbo aɖewo hã, eye woawo hã wodze wo yome.
5
Ke Yudatɔwo ʋã ŋu Paulo kple Sila, eye woyi ɖaƒo ƒu nu vlo wɔla aɖewo le ablɔ me kpe ɖe wo ɖokui ŋu. Amewo ƒo zi ɖe wo ŋu, eye wona zi tɔ le dua me hoo. Wozɔ ɖe ŋutsu aɖe, si ŋkɔe nye Yason la ƒe aƒe dzi henɔ Paulo kple Sila dim be yewoahe ayi ɖe ameha la gbɔe.
6
Esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔviawo dometɔ aɖewo yi ɖe dua dziɖulawo gbɔe. Wotso wo nu be: “Ame siawoe he zitɔtɔ va afi sia afi le xexea me godoo eye wova du sia me hã.
7
Yason xɔ wo ɖe eƒeme, eye nu si wɔm wo dometɔ ɖe sia ɖe le la, tsi tre ɖe Roma Fiagã la ƒe sewo ŋu. Wobe fia bubu aɖe hã gali, si ŋkɔe nye Yesu.”
8
Esi ameha la kple dua dziɖulawo se esia la, wotɔtɔ.
9
Wona Yason kple ame bubuawo xe ga aɖe hetsɔ de megbee na wo ɖokui, eye woɖe asi le wo ŋu.
10
Gbe ma gbe ƒe zã me la, nɔviawo ɖo Paulo kple Sila ɖe Beroea enumake. Esi woɖo la, woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe.
11
Yudatɔ siwo le du sia me la se nu gɔme wu esiwo le Tesalonika. Woxɔ nya la kple dzo ŋutɔ, eye wodzroa mawunyagbalẽwo me gbe sia gbe be yewoakpɔ ɖa be Paulo ƒe nyawo nye nyateƒe mahã.
12
Nya la dze wo dometɔ aɖewo ŋu, eye woxɔe se hedze Paulo kple Sila yome. Nenema kee Hela-ŋutsu vɔ̃mawu geɖe kple nyɔnu bubume geɖe hã xɔe se.
13
Ke esi Yudatɔ siwo le Tesalonika la se be Paulo yi ɖaɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la le Beroea hã la, wova afi ma hã eye wode zi ameha la dome hetɔtɔ woƒe susu.
14
Enumake nɔviawo ɖo Paulo ɖe afi ma ƒugo ŋu, ke wona Sila kple Timoteo ya tsi Beroea.
15
Ame siwo kplɔ Paulo ɖo ɖa la va ɖo keke Atene ke. Hafi woatrɔ adzo la, Paulo ɖo du ɖe Sila kple Timoteo be woaɖe abla ava tu ye kaba.
16
Esime Paulo le Atene henɔ mɔ kpɔm na Sila kple Timoteo la, ekpɔ legbawo le dua me fũu ŋutɔ. Dzi kui.
17
Ale Paulo dzro nya me kple Yudatɔwo kpakple Helatɔ vɔ̃mawuwo le ƒuƒoƒe la. Gbe sia gbe la, eʋlia nya le ablɔmetakpeƒe kple ame sia ame si va yina la.
18
Nunyala deŋgɔ aɖewo tso Epikurotɔwo kple Stoatɔwo dome hã va do goe. Wo dometɔ aɖewo bia be: “Ame manyanu nu kpoloe ƒola sia hã ɖe, nya ka koŋ le esi wòdi be yeagblɔ?” Ame bubuwo ɖo eŋu be: “Ewɔ abe dukɔ aɖe me mawu ŋuti wòle nu ƒom le ene.” Wogblɔ esia, elabe Paulo ƒo nu le Yesu kple ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu.
19
Wolé Paulo, eye wokplɔe yi ɖe dutakpeƒe, si woyɔna be Areopago la. Wogblɔ nɛ be: “Míedi be nàƒo nu le nufiafia yeye si ƒe nya gblɔm nèle la ŋuti na mí.
20
Elabe nya siwo gblɔm nèle la, nye nya yeye le mía gbɔ; míese wo kpɔ o. Eya ta míedi be nàɖe wo me na mí ne míase wo gɔme.”
21
Godoo la, ne nya yeye aɖe va Atene-du me la, Atenetɔ ŋutɔŋutɔwo kple amedzrowo siaa tsia dzi, gblẽa woƒe ɣeyiɣi katã be yewoase nya la ahato na ame bubuwo.
22
Ale Paulo tsi tsitre ɖe takpelawo ŋkume le dutakpeƒe la gblɔ be: “Atenetɔwo, mede dzesii le miaƒe nuwo katã ŋu be mievɔ̃a mawu ŋutɔ.
23
Elabe esime mezɔ to dua me, helé ŋku ɖe nu siwo miesubɔna la dometɔ aɖewo ŋu la, meke ɖe vɔsamlekpui aɖe ŋu. Woŋlɔ ɖe edzi be, ‘Mawu si ame aɖeke menya o la tɔe.’ Eya ta nu si mienya o, evɔ miehele esubɔm la ƒe nyae mele gbeƒã ɖemee na mi.
24
Mawu, ame si wɔ xexea me kple nu sia nu si le eme, eye wònye Aƒetɔ le dziƒo kple anyigba siaa la, menɔa gbedoxɔ siwo amegbetɔ tu la me o.
25
Medina be ame natsɔ eƒe asi awɔ nane na ye, abe nane ɖe wòhiã ye ene o. Eya ŋutɔe na amewo katã le agbe le ʋaʋãm, eye wòna nu sia nu wo dome ame sia ame.
26
Ena amegbetɔƒome la dzɔ tso ame ɖeka me, eye wòna wokaka ɖe xexea me katã. Mawue na dukɔ ɖe sia ɖe le teƒe si tututu wòle la kple eƒe liƒowo, eye wòɖo ɣeyiɣi si tututu wòanɔ xexea me ase ɖo la hã anyi.
27
Ewɔ esia, ale be amewo natsa así adii, abe woakpɔe ene. Evɔ la, Mawu mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.
28
Elabe ame aɖe gblɔ be: ‘Eya mee míele agbe le heʋãna hafi le anyi.’ Esɔ kple nya si miaƒe hakpala aɖewo gblɔ be: ‘Eƒe dzidzimeviwo míawo hã míenye.’
29
Esi míawo hã míenye Mawu ƒe dzidzimeviwo ta la, mele be míabu be Mawu ƒe dzedzeme ɖe wòle abe sika, klosalo alo kpe si amegbetɔ bu tame wɔ aɖaŋutɔe le eƒe susu nu la ene o.
30
Mawu ŋe aɖaba ƒu ɣeyiɣi si me amewo menyae o la dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be amewo katã natrɔ dzime le afi sia afi.
31
Eɖo ŋkeke ɖi be yegbɔna ame aɖe, si yetia la dzi to ge adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le xexea me la le dzɔdzɔenyenye nu. Mawu na amewo katã nya be yele esia wɔ ge godoo, esime wòfɔ ame la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.”
32
Esi Paulo ƒo nu le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋu la, ame aɖewo koe, ke bubuwo ya gblɔ be: “Míedi be nàgava ƒo nu na mí le nu sia ŋuti.”
33
Tete Paulo dzo le takpeƒe la.
34
Ame aɖewo tsi eŋu, eye woxɔe se. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Dionisio, si nye aɖaŋuɖoƒea me nɔla ɖeka kple nyɔnu aɖe, si ŋkɔe nye Damaris, hekpe ɖe ame bubu aɖewo ŋu.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28