bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Acts 2
Acts 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 3 →
1
Ŋkeke bla atɔ̃lia le Paska yome la, wo katã woƒo ƒu ɖe aƒe ɖeka me.
2
Kasia nane ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo ene hexɔ aƒe si me wole la katã.
3
Tete wokpɔ nane, si le abe dzo ƒe aɖe ene, dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
4
Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo katã me, eye wòna wode asi gbe bubu vovovowo gbɔgblɔ me.
5
Azɔ la, Yudatɔ vɔ̃mawu siwo tso xexemedukɔ ɖe sia ɖe me la nɔ Yerusalem ɣe ma ɣi.
6
Esi nua ɖi la, ameha gã aɖe ƒo zi va kpe ta. Woƒe nu ku ŋutɔ, elabe wo dome ame sia ame se ameawo nɔ nu ƒom le eya ŋutɔ degbe me.
7
Wotsi yaa hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, menye Galileatɔwoe nye ame siwo katã le nu ƒom oa?
8
Ale ke wɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe le woƒe nyawo me sem ɖe eya ŋutɔ degbe me?
9
Vavalawo tso Partia, Media kple Elam; Mesopotamia, Yudea kple Kapadokia, Pontio kple Asia,
10
Frigia kple Pamfilia, Egipte kple Libia ƒe akpa si te ɖe Kirene ŋu. Ame aɖewo hã tso Roma,
11
Kreta kple Arabia. Mí vavala siawo katã la, eɖanye Yudatɔ o, eɖanye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ o, mí katã míele esem wole Mawu ƒe nu dzɔtsuwo gblɔm fia le míawo ŋutɔ mía degbe me.”
12
Ale wotɔtɔ, tsi yaa hele wo nɔewo biam be, “Nu sia gɔme ɖe?”
13
Ke ame aɖewo ɖu fewu le nusrɔ̃laawo ŋu gblɔ be, “Aha yeyee le wo mum.”
14
Azɔ la, Petro kple ame wuiɖekɛawo tso ɖe tsitrenu, eye wòkɔ gbe dzi ƒo nu na amehaawo gblɔ be: “Nɔvi Yudatɔwo kple mi ame siwo katã le Yerusalem, miɖo to ne miase nya si gblɔ ge mala la na mi.
15
Menye ahae ame siawo mu, abe ale si miebui la ene o, elabe ŋdi ga asieke koe ƒo.
16
Ke nu si le dzɔdzɔm la nye nya si Mawu ƒe gbeƒãɖela Yoel gblɔ ɖi be:
17
‘Mawu gblɔ be: Ava eme le ŋkeke mamlɛawo me, be matsɔ nye Gbɔgbɔ ana amegbetɔwo katã. Mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo aɖe gbeƒã nye gbedeasi; miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutega, eye miaƒe amegãɖeɖiwo aku drɔ̃e.
18
Ẽ, le ŋkeke mawo me la, matsɔ nye Gbɔgbɔ la ana nye ŋutsudɔlawo kple nye nyɔnudɔlawo, eye woaɖe gbeƒã nye gbedeasi.
19
Mana dzesiwo nado ɖe dziŋgɔli me, eye nukunuwo adzɔ le anyigba dzi. Ʋu kple dzo kpakple dzudzɔ babla kɔtɔɔ ado.
20
Ɣe lado viviti, eye ɣleti latrɔ zu ʋu. Hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la naɖo; atsyɔ̃ŋkeke gã ma!
21
Ava va eme be ame sia ame si yɔ Aƒetɔ la ŋkɔ la, woaxɔe ɖe agbe.’
22
“Nɔvi Israeltɔwo, miɖo to miase nya sia ɖa: Yesu Nazaretetɔ la enye ame si me Mawu ƒe ŋusẽ le, eye wòɖe esia ɖe go wòdze ƒãã miekpɔ. Mawu to edzi wɔ nu dzɔtsuwo, nukunuwo kple dzesiwo. Miawo ŋutɔ mienya nu siawo nyuie, elabe wodzɔ le mia dome.
23
Le nu si Mawu nya tso keke gbe aɖe gbe ke nu la, eɖoe ɖi be woatsɔ Yesu ade asi. Ale mieto ame siwo wɔa nu madzɔmadzɔ la dzi klãe ɖe ati ŋu hewui.
24
Ke Mawu tsi ku ƒe vevesesewo nu, eye wòfɔe ɖe tsitre, elabe ku mate ŋu aɖu edzi, wòatsi yɔ me gbeɖe o.
25
Esia tae David gblɔ le eŋu be: ‘Menɔ Aƒetɔ la kpɔm le ŋkunye me ɣe sia ɣi, elabe ele nye ɖusime ale be nyemagavɔ̃ o.
26
Eya ta dzi dzɔm, eye nye aɖe tso aseye. Gawu la, maɖe dzi ɖi ahanɔ mɔ kpɔm, togbɔ be menye amegbetɔ si dzɔ na ku hã.
27
Elabe màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe o, Ẽ, màna wò ame kɔkɔe la nanyunyɔ le yɔdo me o.
28
Wòe na menya agbemɔ. Ne èle gbɔnye ko la, makpɔ dzidzɔ ɖaa.’
29
“Nɔvinyewo, medi be maka ɖe edzi na mi be mía tɔgbui David ku. Woɖii, eye eƒe yɔdo le mía dome va se ɖe egbe.
30
Ke esi wònye Mawu ƒe gbeƒãɖela ta, enya nu si ŋugbe Mawu do heka atam ɖo kpe edzii nɛ be yeana eƒe tɔgbuiyɔvi aɖe nava nɔ eƒe zi dzi aɖu fia kokoko.
31
David kpɔ nu si Mawu ɖo be yeawɔ la do ŋgɔ, ale wòƒo nu le Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ŋu. Egblɔ be: ‘Womegblẽe ɖe tsiẽƒe o, eye eƒe ŋutilã menyunyɔ o.’
32
Yesu siae Mawu fɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye mí katã míekpɔ eteƒe.
33
Esi wodoe ɖe dzi wòyi ɖale Mawu ƒe ɖusime la, exɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe Tɔ́ la do nɛ la. Esiae wòkɔ ɖe mía dzi, abe ale si miele ekpɔm hele esemee la ene.
34
Togbɔ be David ŋutɔ meyi dziƒo o hã la, egblɔ ɖi be: ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ la be: Bɔbɔ nɔ nye ɖusime,
35
va se ɖe esime mawɔ wò futɔwo woanye wò afɔɖodzinu.’
36
“Eya ta azɔ la, mi Israeltɔwo katã, mele egblɔm na mi, ne mianya kɔtɛe be Yesu, ame si miawo mieklã ɖe ati ŋu lae Mawu va ɖo wòzu Aƒetɔ kple Kristo.”
37
Azɔ esi ameawo se nya siawo la, wolulu ŋutɔ eya ta wobia Petro kple amedɔdɔ bubuawo be: “Nɔviwo, nu kae míawɔ?”
38
Petro ɖo eŋu be: “Mitrɔ dzime, eye miana woale mawutsi na mia dometɔ ɖe sia ɖe le Yesu Kristo ŋkɔ me, bene woatsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ake mi, eye woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ana mi.
39
Elabe wodo nu sia ŋugbe na miawo, mia viwo kple ame siwo le keke didiƒe ʋĩi ke hã. Ame sia ame si Aƒetɔ mía Mawu la yɔ koe wodo ŋugbe sia na.”
40
Petro ɖi ɖase gblɔ nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ be: “Miɖe mia ɖokui tso dzidzime gbegble sia si me!”
41
Ale wole mawutsi na ame siwo xɔ Petro ƒe nya la. Ame akpe etɔ̃ lɔƒo sɔŋ ye woxɔ ɖe hamea me gbe ma gbe wozu xɔsetɔwo.
42
Wolé fɔ ɖe amedɔdɔawo ƒe nufiafia, hamegbenɔnɔ, ha la ƒe nuɖuɖu ɖekae kple gbedodoɖa ŋu vevie.
43
Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le nukunu kple dzesi geɖe siwo va eme to amedɔdɔawo dzi la ta.
44
Xɔsetɔawo katã ƒoa ƒu wɔa nu sia nu ɖekae, eye ame sia ame kpɔa gome le nu si le nɔvia si la me.
45
Wodzra woƒe nunɔamesiwo, eye woma ga si wokpɔ la ɖe wo nɔewo dome ɖe ame sia ame ƒe hiahiã nu.
46
Wokpea ta gbe sia gbe ɖe mawuxɔ la me, eye wokɔa dɔme ɖua nu le agba ɖeka me le wo nɔewo ƒe aƒewo me kple dzidzɔ.
47
Xɔsetɔawo nɔ Mawu kafum, eye amewo katã kpɔ ŋudzedze le wo ŋu. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, Aƒetɔ la na ame yeye siwo wòxɔ ɖe agbe la va kpena ɖe wo ŋu.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28