bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 1
2 Kings 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 2 →
1
Le fia Axab ƒe ku megbe la, Moab-dukɔ dze aglã ɖe Israel-dukɔ ŋu.
2
Gbe ɖeka la, Axazya ge tso eƒe fiasã ƒe xɔtaxɔ ƒe fesre nu va dze anyigba le Samaria, eye nu vevi wɔe. Eyɔ dɔlawo gblɔ na wo be: “Miyi ɖabia nu nam le Baal-Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be mahaya tso dɔléle sia me mahã.”
3
Ke Aƒetɔ ƒe dɔla gblɔ na Eliya, Tisbitɔ la be: “Tso yi ɖakpe Samaria-fia la ƒe amedɔdɔwo ne nàgblɔ na wo be: “Ðe Mawu mele Israel o tae mieyina nubiaƒe le Baal-Zebub le Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔa?”
4
Le esia ta Aƒetɔ be: “Màɖi le abati si dzi nèmlɔ la akpɔ o. Ðeko nàku.” Ale Eliya yi ɖagblɔe.
5
Fia ƒe dɔlaawo gbugbɔ yi fia gbɔ. Ebia wo be: “Nu ka ta mietrɔ gbɔ?”
6
Woɖo eŋu nɛ be: “Ŋutsu aɖe va kpe mí le mɔa dzi, eye wògblɔ na mí be: ‘Migbugbɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ ne miagblɔ nɛ be: Ðe Mawu mele Israel o tae nèdɔ amewo be woaɖabia nu na ye le Baal-Zebub le Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔa? Le esia ta Aƒetɔ be màɖi le abati si dzi nèmlɔ la akpɔ o. Ðeko nàku.’ ”
7
Fia la bia wo se be: “Ale ke ŋutsu si va kpe mi, eye wògblɔ nya siawo na mi la le?”
8
Woɖo eŋu nɛ be: “Fú le ŋutsua ŋu zã, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblanu bla ali dzi.” Fia la gblɔ be: “Eliya, Tisbitɔ la ye!”
9
Tete fia la dɔ aʋakplɔla si te ame bla atɔ̃ le la ɖa be eya kple eƒe ame bla atɔ̃awo woaɖakplɔ Eliya vɛ. Esi wòyi egbɔ la, ekpɔe wòbɔbɔ nɔ to tame eye wògblɔ nɛ be: “Mawu ƒe ame, fia be ɖi va!”
10
Eliya ɖo eŋu na aʋakplɔlaa be: “Nenye Mawu ƒe ame menye la, ekema dzo netso dziƒo ne wòava fiã wò kple wò ame bla atɔ̃awo!” Enumake dzo tso dziƒo va fiã aʋakplɔlaa kple eƒe ameawo.
11
Fia la gadɔ aʋakplɔla bubu kple eƒe ame bla atɔ̃awo ɖa. Woawo hã yi toa tame ɖagblɔ na Eliya be: “Mawu ƒe ame, fia be nàɖi va fifi laa!”
12
Eliya ɖo eŋu be: “Nenye Mawu ƒe ame menye la, ekema dzo netso dziƒo ne wòava fiã wò kple wò ame bla atɔ̃awo!” Enumake dzo tso dziƒo va fiã aʋakplɔlaa kple eƒe ame bla atɔ̃awo.
13
Azɔ fia la gadɔ aʋakplɔla bubu kple eƒe ame bla atɔ̃awo ɖa zi etɔ̃lia. Esi eya ɖo Eliya gbɔ la, edze klo ɖe eŋgɔ, eye wòƒo koko nɛ be: “Mawu ƒe ame, taflatsɛ, nà nye kple wò dɔla bla atɔ̃ siawo ƒe agbe naɖi nu le gbɔwò.
14
Kpɔ ɖa, dzo tso dziƒo va fiã aʋakplɔla eveawo kple woƒe ame bla atɔ̃ bla atɔ̃awo. Ke azɔ la, nà nye agbe naɖi nu le gbɔwò.”
15
Tete Aƒetɔ ƒe dɔlaa ƒo nu na Eliya be: “Ði nàyi kplii. Mègavɔ̃ nɛ o.” Ale Eliya tso, eye eya kple aʋakplɔlaa ɖi yi fia la gbɔ.
16
Egblɔ na fia la be: “Aƒetɔ be: ‘Esi Mawu mele Israel o tae nèdɔ amewo be woayi ɖabia nu na wò le Baal-Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔa? Le esia ta Aƒetɔ be maɖi le abati si dzi nèmlɔ la akpɔ o. Ðeko nàku.’ ”
17
Ale Axazya ku abe ale si Aƒetɔ gblɔ to Eliya dzi ene. Esi viŋutsu menɔ esi o ta, Yoram, ɖu fia ɖe eteƒe. Yuda-fia Yoram, Yosafat vi ɖo eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè evelia me.
18
Fia Axazya ƒe ŋutinya mamlɛa kple dɔ si wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25