bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 17
2 Kings 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 18 →
1
Le Yuda-fia Axaz ƒe ƒè wui evelia me la, Hosea, Ela vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Samaria ɖe Israel dzi, eye wòɖu fia ƒè asieke.
2
Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume, ke menye abe Israel-fia siwo do ŋgɔ nɛ la ene o.
3
Asiria-fia Salmanaser tso ɖe eŋu, eye Hosea zu eƒe dɔla hedzɔ nu nɛ.
4
Ke Asiria-fia kpɔ be Hosea ɖo nugbe ɖe ye ŋu, elabe edɔ ame ɖo ɖe Egipte-fia So, eye megadzɔa nu na Asiria-fia ƒe sia ƒe abe tsã ene o. Eya ta Asiria-fia lée, eye wòblae tsɔ de gaxɔ me.
5
Tete Asiria-fia ho va anyigba blibo la dzi, eye wòho ɖe Samaria ŋu heɖe to ɖee ƒe etɔ̃.
6
Le Hosea ƒe ƒè asiekelia me la, Asiria-fia xɔ Samaria, eye wòkplɔ Israeltɔwo yi Asiria. Eda wo ɖe Xalax kple Xabor le Goza-tɔsisi la nu kple Media-duwo me.
7
Enɔ alea elabe Israel-dukɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ, woƒe Mawu si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ɖe wo tso Egipte Fiagã si me eye wovɔ̃ mawu bubuwo.
8
Wozɔ le dukɔ siwo Aƒetɔ nyà ɖa le wo ŋgɔ la ƒe kɔnuwo nu kple kɔnu siwo Israel-fiawo to vɛ la nu.
9
Israel-dukɔ wɔ nuwo le bebeme ɖe Aƒetɔ, woƒe Mawu la ŋu siwo medze o. Wotu nuxeƒewo na wo ɖokui ɖe duwo katã me tso gbetakpɔxɔ gbɔ va ɖo du sesẽ la gbɔ.
10
Woli aƒeliwo kple nyɔnumawu Aserawo ɖe togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã te,
11
eye wotɔ dzo lifi le nuxeƒeawo katã abe dukɔ siwo Aƒetɔ nyà ɖa le wo ŋgɔ ene. Wowɔ nuvɔ̃ɖiwo tsɔ do dziku na Aƒetɔ.
12
Wosubɔ legbawo, siwo ŋu Aƒetɔ gblɔ le na wo be: “Migawɔ nu sia o.”
13
Evɔ la Aƒetɔ gbe nya na Israel kple Yuda to eƒe gbeƒãɖelawo kple nukpɔla ɖe sia ɖe dzi be: “Mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye milé nye sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi, abe ale si mede se na na mia tɔgbuiwo ene kple esi meɖo ɖe mi to nye dɔla gbeƒãɖelawo dzi.”
14
Ke womeɖo to o hafi boŋ wosẽ tame abe wo tɔgbui siwo mexɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu dzi se o la ene.
15
Wodo vlo eƒe ɖoɖowo kple nu, si wòbla kple wo tɔgbuiwo kple eƒe nyagbenamewo. Wodze alakpalegbawo yome eye wozu alakpanuwɔlawo ale be wodze dukɔ siwo ƒo xlã wo la yome, evɔ wònye Aƒetɔ de se na wo be womegawɔ abe woawo ene o hafi.
16
Wogblẽ Aƒetɔ, woƒe Mawu la ƒe sededewo katã ɖi, eye wokɔ legbawo siwo nye nyivi eve. Wowɔ nyɔnumawu Aserawo, eye wode ta agu na dziƒo ŋu nuwo katã, eye wosubɔ Baal.
17
Wome wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo le dzo me sa vɔe, woka afa, sa dzo. Wotsɔ wo ɖokui ƒle na nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le Aƒetɔ ŋkume tsɔ do dziku nɛ.
18
Eya ta Aƒetɔ do dziku ɖe Israel ŋu vevie, eye wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Yuda-to la ko.
19
Yuda hã melé Aƒetɔ, eƒe Mawu la ƒe sededewo me ɖe asi o, ke boŋ wozɔ le kɔnu siwo Israel to vɛ la nu.
20
Ale Aƒetɔ gbe Israel ƒe dzidzimeviwo katã eye wòwɔ fu wo hetsɔ wo de asi na nugblẽlawo va se ɖe esime wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta.
21
Esi wòfe Israel ɖa tso David ƒe aƒeme ŋu la, wotsɔ Yerobeam, Nebat vi la, ɖo fiae. Yerobeam ɖe Israel ɖa le Aƒetɔ yome eye wòna wowɔ nuvɔ̃ gã aɖe.
22
Israel-dukɔ wɔ nuvɔ̃ siwo katã Yerobeam wɔ la, womeɖe asi le wo ŋu o,
23
va se ɖe esime Aƒetɔ ɖe Israel ɖa le eƒe ŋku ta, abe ale si wògblɔ to eƒe dɔla gbeƒãɖelawo katã dzi la ene. Ale woɖe aboyo Israel tso woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi yi Asiria va se ɖe egbe.
24
Asiria-fia kplɔ amewo tso Babilon, Kuta, Ava, Xamat kple Sefarvayim, eye wòda wo ɖe Samaria-duwo me ɖe Israel-dukɔ teƒe. Woxɔ Samaria eye wonɔ eƒe duwo me.
25
Le woƒe afi ma nɔnɔ me le gɔmedzedzea la, womesubɔ Aƒetɔ o, eya ta Aƒetɔ ɖo dzatawo ɖe wo dome, eye wowu wo dometɔ aɖewo.
26
Ale wogblɔ na Asiria-fia be: “Dukɔ siwo nèkplɔ yi ɖada ɖe Samaria-duwo me la menya anyigba la ƒe mawu ƒe se o, eya ta eɖo dzatawo ɖe wo dome, eye kpɔ ɖa, wole wo wum, elabe womenya anyigba la ƒe mawu ƒe se o.”
27
Tete Asiria-fia ɖe gbe be: “Miɖo nunɔla siwo mieɖakplɔ tso afi ma vɛ la dometɔ ɖeka ɖa. Mina wòaɖanɔ afi ma be wòafia anyigba la ƒe mawu ƒe se la wo.”
28
Ale nunɔla siwo wokplɔ tso Samaria dzoe la dometɔ ɖeka va eye wònɔ Betel hefia ale si wòle be woavɔ̃ Aƒetɔ la woe.
29
Ke hã dukɔ sia dukɔ wɔ mawuwo na eɖokui, eye wotsɔ wo ɖo nuxeƒexɔ siwo Samariatɔwo wɔ la me. Dukɔ sia dukɔ wɔe ɖe du si me wòle la me.
30
Babilontɔwo wɔ Sukot-Benot; Kuttɔwo wɔ Nergal, eye Xamat tɔwo wɔ Asima;
31
Avitɔwo wɔ Nibxaz kple Tartak, eye Sefarvayimtɔwo me wo viwo le dzo me na Adramelex kple Anamelex siwo nye Sefarvayimtɔwo ƒe mawuwo.
32
Wovɔ̃ Aƒetɔ hã, eye wotsɔ wo dome ame sia ame ƒomevi ɖo nuxeƒewo ƒe nunɔlawoe; woawoe saa vɔ na wo le nuxeƒexɔawo me.
33
Ale wovɔ̃ Aƒetɔ, ke wogasubɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwo hã le dukɔ siwo dome wokplɔ wo tsoe la ƒe kɔnuwo nu.
34
Egbegbe la, wogazɔna ɖe kɔnu xoxoawo nu ko. Womevɔ̃a Aƒetɔ o, eye womezɔna ɖe kɔnuawo alo ɖoɖoawo alo se la alo sedede si Aƒetɔ na Yakob viwo, ame si wòna ŋkɔ be Israel la nu o.
35
Aƒetɔ bla nu kpli wo, eye wode se na wo be: “Migavɔ̃ mawu bubuwo loo, alo ade ta agu na wo loo, alo asubɔ wo loo, alo asa vɔ na wo o;
36
ke boŋ mivɔ̃ Aƒetɔ ame si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ triakɔ kple abɔ si wòdo ɖe dzi; mide ta agu na eya, eye eyae miasa vɔ na.
37
Ɖoɖoawo, kɔnuawo, se la kple sedede siwo wòŋlɔ na mi la, milé ŋku ɖe wo ŋu awɔ wo dzi ɣe sia ɣi; migavɔ̃ mawu bubuwo o.
38
Migaŋlɔ nu si mebla kpli mi la be o. Migavɔ̃ mawu bubuwo o,
39
ke boŋ mivɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye wòaɖe mi tso miaƒe futɔwo katã si me.”
40
Ke hã la, womeɖo to o, ke boŋ wozɔ ɖe kɔnu xoxoa nu.
41
Ale dukɔ siawo vɔ̃ Aƒetɔ, eye wosubɔ woƒe legbawo hã; wo viwo wɔ nenema eye wo viwo ƒe viwo hã wɔ nenema ke; ale si wo tɔ́wo wɔ la, nenema woawo hã wɔ va ɖo egbe.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25