bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 11
2 Kings 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 12 →
1
Esi Atalya, Axazya nɔ kpɔ be ye vi ku la, etso hetsrɔ̃ fiaƒome blibo la.
2
Ke fia Yoram nɔvinyɔnu Yoseba, ame si nye Axazya nɔvinyɔnu la kplɔ Yoas, Axazya viŋutsu dzoe dzaa le fiavi siwo wu ge woala la dome. Ekplɔ nonala kpe ɖe eŋu yi ɖaɣla ɖe Atalya ɖe xɔdɔme me ke, ale womewu ɖevia o.
3
Eɣlae ɖe Aƒetɔ ƒe aƒea me ƒe ade, esime Atalya le anyigba la dzi ɖum.
4
Ke le ƒè adrẽlia me la, nunɔla Yehodaya dɔ woɖayɔ fia ŋu dzɔlawo ƒe tatɔwo kple amegã siwo le asrafo alafawo nu la va egbɔe le Aƒetɔ ƒeme. Ebla nu kpli wo, na woka atam nɛ le Aƒetɔ ƒeme, eye wòɖe fia vi la fia wo.
5
Egblɔ na wo be: “Nu si miawɔ la nye esi: Ne mieva dɔ me le dzudzɔgbe la, mia dome akpa etɔ̃liawo ɖeka nadzɔ fiasã la ŋu;
6
akpa etɔ̃liawo ɖeka nanɔ Sur-Agbo nu, eye akpa etɔ̃lia mamlɛa nanɔ fia ŋu srafowo yome le agbo la me. Miɖɔli fiasã la ŋu dzɔdzɔ le ɖoɖo sia nu.
7
Azɔ mia dometɔ siwo katã do le dɔ me le dzudzɔgbe la ƒe akpa eve nadzɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu le fia la ta.
8
Miƒo xlã fia la godoo, eye ame sia ame nelé aʋawɔnu ɖe asi. Ame sia ame si ge ɖe mia dome la, miwui. Fia la do yina o, egbɔna o, minɔ eŋu.”
9
Tatɔawo wɔ nunɔla Yehoyada ƒe nya dzi pɛpɛpɛ, eye wokplɔ woƒe ameawo vɛ nɛ. Woɖe ame siwo yi dɔ me le dzudzɔgbe kple ame siwo do le dɔ me le dzudzɔgbe la siaa va nunɔla Yehoyada gbɔ.
10
Nunɔla tsɔ fia David ƒe akplɔ kple akpoxɔnu siwo le Aƒetɔ ƒeme la na ame alafawo ƒe tatɔawo.
11
Asrafoawo dome ame sia ame lé eƒe aʋawɔnu ɖe asi le fia la ŋu dzɔm. Wole xɔa ƒe dzigbeme kple anyigbeme, vɔsamlekpui la kple xɔa ŋu godoo.
12
Tete Yehoyada kplɔ fia viŋutsu la vɛ; eɖɔ fiakuku nɛ, eye wòtsɔ segbalẽ la de esi. Woɖoe fiae, si ami nɛ, eye woƒu akpe, do ɣli be: “Fia nenɔ agbe tegbee!”
13
Esi Atalya se fia ŋu srafoawo kple dukɔa ƒe ɣli la, eva Aƒetɔ ƒeme afi si ameawo ƒo ƒu ɖo.
14
Kasia ekpɔ fia la le tsitre ɖe sɔti la gbɔ abe ale si kɔnu la le ene. Tatɔawo kple kpẽkulaawo le fia la gbɔ, eye dukɔ blibo la le aseye tsom le kpẽ kum. Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli be: “Dugbãnugbeɖoɖo ye! Dugbãnugbeɖoɖoe ye loo!”
15
Nunɔla Yehoyada medi be woawu Atalya ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me o. Ale eɖe gbe na tatɔawo kple aʋakplɔlaawo be: “Mikplɔe to ameawo dome do goe. Ame si dze eyome la, miwui kple yi.”
16
Ale wolée, kplɔe va ɖo afi si sɔwo tona yia fiaƒeme la, eye wowui ɖe afi ma.
17
Nunɔla Yehoyada na fia la kple dukɔ la bla nu kple Aƒetɔ be yewoanye Aƒetɔ ƒe dukɔ. Egana fia la kple dukɔ la hã bla nu kple wo nɔewo.
18
Tete dukɔmetɔwo katã ge ɖe Baal ƒe gbedoxɔ me. Womu eƒe vɔsamlekpuiwo, gbã eƒe legbawo gudugudu, eye wowu Baal nunɔla Matan ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ. Nunɔla Yehoyada ɖe dzɔlawo ɖo Aƒetɔ ƒe aƒea ŋu.
19
Eyome eya kple tatɔawo, fia ŋu dzɔlaawo kple fia ŋu srafowo kplɔ fia la tso Aƒetɔ ƒeme, eye ameha la katã kplɔ wo ɖo. Wozɔ to fia ŋu srafowo ƒe agbo nu ge ɖe fiasã la me, eye fiaa bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi.
20
Dukɔ blibo la kpɔ dzidzɔ, eye dua me fa, elabe wowu Atalya kple yi ɖe fiasã la me.
21
Yoas zu fia esi wòxɔ ƒe adrẽ.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25