bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 9
2 Kings 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 10 →
1
Tete gbeƒãɖela Elisa yɔ gbeƒãɖelawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Bla ali dzi. Tsɔ amigoe sia ɖe asi ne nàyi Ramot-Gilead.
2
Ne èɖo afi ma la, di Yehu, Yosafat vi, si nye Nimsi vi nàkpɔ. Ðe kpɔe tso nɔviawo dome nàkplɔe yi xɔgãme.
3
Tsɔ amigoe la eye nàkɔ ami ɖe tame nɛ agblɔ be: ‘Aƒetɔ be: Mesi ami na wò heɖo wò fiae ɖe Israel-dukɔ nu.’ Emegbe ʋu ʋɔa nàsí; mègalala o.”
4
Ale ɖekakpui nusrɔ̃la la yi Ramot-Gilead.
5
Esi wòge ɖe dua me la, aʋakɔ la ƒe amegãwo ɖi anyi. Egblɔ be: “Amegã, mexɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò!” Yehu bia be: “Na mía dometɔ ka?” Eɖo eŋu be: “Amegã, na wò.”
6
Ale Yehu tsi tsitre eye wòge ɖe xɔa me. Ðekakpuia kɔ ami la ɖe tame nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Mesi ami na wò, eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ, Israel nu.
7
Tsrɔ̃ wò aƒetɔ fia Axab ƒe ƒome la, ne mabia hlɔ̃ Izebel, ɖe nye dɔla gbeƒãɖelawo ƒe ʋu kple Aƒetɔ ƒe dɔla bubuawo ƒe ʋu nu.
8
Axab ƒe ƒome blibo la atsrɔ̃ gbidii. Matsrɔ̃ ŋutsuwo katã, kluviwo kple ablɔɖeviwo siaa le Israel.
9
Ale si mewɔ Yerobeam, Nebat vi ƒe ƒomea kple Baesa, Axiya vi ƒe ƒomea la, nenema ke mawɔ Axab ƒe ƒome la hãe.
10
Avuwo aɖu Izebel le Yezreel-gble me.’ ” Tete wòʋu ʋɔa hesí dzo.
11
Esi Yehu do va eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo gbɔ la, wobiae be: “Eme faa? Nu ka ta aɖaʋatɔ ma va gbɔwò ɖo?” Eɖo eŋu na wo be: “Mienya amea nyuie kple eƒe nuwɔnawo ɖe!”
12
Wogblɔ be: “Mele eme o, gblɔ nyaa na mí!” Ale wògblɔ na wo be: “Nya si ko wògblɔ nam lae nye esi: ‘Aƒetɔ be: Mesi ami na wò heɖo wò fiae ɖe Israel nu.’ ”
13
Enumake ame sia ame ɖe eƒe awu ɖo ɖe atrakpuiawo dzi nɛ, eye woku kpẽ ɖe gbeƒã be: “Yehu zu fia!”
14
Ale Yehu, Nimsi vi, ame si nye Yosafat tɔgbuiyɔvi la ɖo nugbe ɖe Yoram ŋu. Yoram kple Israel blibo la nɔ ŋudzɔ na Siria-fia Xazael le Ramot-Gilead.
15
Ke Yoram trɔ yi aƒe le Yezreel be woada gbe le abi siwo Siriatɔwo de ye ŋu, esime wòwɔ aʋa kple Siria-fia Xazael la nɛ. Ale Yehu gblɔ be: “Ne esia nye miaƒe didi la, ekema migana ame aɖeke nado yi ɖagblɔ nyadzɔdzɔ la le Yezreel o.”
16
Tete Yehu ge ɖe tasiaɖam me heyi Yezreel, afi si Yoram le dɔ lém le, eye Yuda-fia Axazya yi be yeakpɔe ɖa.
17
Dzɔla nɔ gbetakpɔxɔ me le Yezreel kpɔ Yehu kple eƒe amehawo gbɔna ɖa, eye wògblɔ be: “Ameha aɖe nye ekem gbɔna ɖa!” Yoram gblɔ be: “Ðe sɔdola ɖeka ɖo ɖa wòaɖabiae be: ‘Ŋutifafa yea?”
18
Ale sɔdola la yi ɖakpe Yehu biae be: “Fia be: ‘Ŋutifafa yea?’ ” Yehu ɖo eŋu be: “Ŋutifafanya ka tsɔ gbɔwò? Dze nava nɔ megbenye.” Dzɔla la na wonya be: “Amedɔdɔ la ɖo ameawo gbɔ, gake metrɔ gbɔ kpɔ o.”
19
Wogadɔ ame bubu ɖa wòyi wo gbɔ ɖabia be: “Fia be ‘Ŋutifafa yea?’ ” Yehu ɖo eŋu be: “Ŋutifafanya ka tsɔ gbɔwò? Dze nam mayi.”
20
Dzɔla la gana wonya be: “Amedɔdɔ la ɖo wo gbɔ, gake metrɔ gbɔ kpɔ o. Amea ƒe nuwɔna ɖi Yehu, Nimsi vi tɔ; ele nu wɔm abe aɖaʋatɔ ene.”
21
Yoram gblɔ be: “Midzra ɖo.” Tete wodzra eƒe tasiaɖam ɖo. Israel-fia Yoram kple Yuda-fia Axazya dze mɔ. Wo dome ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe tasiaɖam me yina Yehu kpe ge. Wokpee le Nabot, Yezreeltɔ ƒe agble me.
22
Esi Yoram kpɔ Yehu la, ebiae be: “Yehu, ŋutifafa yea?” Yehu ɖo eŋu be: “Ale ke ŋutifafa anɔ anyi, esime nɔwò, Izebel, na ahasiwɔwɔ kple dzosasa bɔ ɖe dukɔa me?”
23
Tete Yoram trɔ sí yina, gblɔ na Axazya be: “Axazya, dugbãnugbeɖoɖo!”
24
Yehu vu eƒe da me kple ŋusẽ katã, eye wòté abɔgbakpeƒe na Yoram. Aŋutrɔ la ƒo ɖe eƒe dzi, eye wòmu dze eƒe tasiaɖam me.
25
Yehu gblɔ na fiaŋume Bidkar be: “Ðee nàkɔ ƒu gbe ɖe Yezreeltɔ Nabot ƒe agble me, elabe ɖo ŋku edzi be esi nye kple wò míedo sɔ nɔ fia Yoram tɔ́, Axab yome la, Aƒetɔ gblɔ ɖe eŋu be:
26
‘Le Nabot ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu si mekpɔ etsɔ ta la, meka atam be maɖo eteƒe na wò le teƒe sia tututu le agble sia me.’ Eya ta azɔ la, kɔe nàƒu gbe ɖe teƒe sia le agble sia me le Aƒetɔ ƒe nya la nu.”
27
Esi Yuda-fia Axazya kpɔ nu si dzɔ la, esí ɖo ta Bet-Xagan lɔƒo. Yehu kplɔe ɖo le gbɔgblɔm be: “Mité eya hã!”, eye woté eya hã le tasiaɖam la me le togbɛ si le Gur le Yibleam gbɔ la dzi. Gake Axazya te kpɔ sí yi Megido, eye wòɖaku ɖe afi ma.
28
Eŋumewo kɔe ɖe tasiaɖam me yi Yerusalem ɖaɖi ɖe eƒe yɔdo me le tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe dua me.
29
Axazya zu fia le Yuda esime fia Yoram, Axab vi le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui ɖekɛlia me.
30
Emegbe Yehu va Yezreel. Esi Izebel see la, ede ɖuŋkui ŋku, ɖo atsyɔ̃ na eƒe ta, eye wòdo mo ɖe fesre nu.
31
Esi Yehu to agboa nu le gegem ɖe eme la, Izebel gblɔ be: “Zimri, wò, wò aƒetɔ wula, ŋutifafa yea?”
32
Yehu fɔ kɔ dzi kpɔ fesrea nu hebia be: “Ame kae le dzinye? Ame kae?” Ametata eve alo etɔ̃ le aƒea me do mo ɖe fesre nu kpɔe,
33
eye Yehu gblɔ be: “Midae ɖo ɖe anyigba!” Wodae do ɖe anyigba, eye eƒe ʋu hlẽ ɖe gli kple sɔ siwo zɔ edzi fanyae la ŋu.
34
Yehu ge ɖe fiasã la me ɖu nu, no nu, eye wòɖe gbe be: “Miyi ɖakpɔ nyɔnu fiƒodeme ma gbɔ, ne miaɖii; elabe fiavinyɔnue.”
35
Ke esi woyi be yewoaɖakɔe aɖi la, womekpɔ eƒe afi aɖeke o, negbe eƒe ta kotso, afɔbayawo kple asibayawo ko.
36
Esi wogbugbɔ va gblɔ nu si wokpɔ la na Yehu la, egblɔ be: “Esia nye nya si Aƒetɔ gblɔ to eƒe dɔla Eliya, Tisbitɔ la dzi be: ‘Avuwo aɖu Izebel ƒe ŋutilã le Yezreel-nutome.
37
Izebel ƒe kukua anɔ abe mí ene anɔ gbe me le Yezreel-nutome ale be ame aɖeke mate ŋu agblɔ be, ‘Izebel ye nye esia’ o.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25