bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 10
2 Kings 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 11 →
1
Viŋutsu bla adrẽ nɔ Axab si le Samaria. Yehu ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Samaria na Yezreel dumegãwo, dumemetsitsiwo kple Axab viwo helawo be:
2
“Miaƒe aƒetɔ viŋutsuwo le mia gbɔ, eye tasiaɖamwo, sɔwo, du sesẽwo kple aʋawɔnuwo hã le mia si. Ne agbalẽ sia va ɖo mia gbɔ teti ko la,
3
mitia miaƒe aƒetɔ viŋutsuawo dome zazɛ̃tɔ si dze la ɖo fiae ɖe wo tɔ́ teƒe, ne miadzra ɖo awɔ aʋa aʋli eta.”
4
Tete vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe, eye wogblɔ be: “Nu ka? Fia eve mete ŋu nɔ te ɖe enu o, ale ke míawo míate ŋui?”
5
Ale fiasã dzikpɔla, dua dziɖula la hekpe ɖe dumemetsitsiawo kple fiavihelaawo ŋu ɖo ame ɖe Yehu be: “Wò dɔlawo míenye; eya ta nu sia nu si nèbe miwɔ la, míawɔe. Míaɖo fia ame aɖeke o; wɔ nu sia nu si nèkpɔ be edze la.”
6
Yehu ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe wo zi evelia be: “Ne miele dzinye, eye miedi be yewoawɔ nye gbe dzi la, mitsɔ miaƒe aƒetɔ viŋutsuawo ƒe ta vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣealeawoɣi.” Fia Axab viŋutsu bla adrẽawo le bubume siwo le wo hem la gbɔ le dua me.
7
Esi dumegãwo xɔ agbalẽa la, wolé fiavi bla adrẽawo, tso ta le wo nu. Wotsɔ taawo de kusi me ɖo ɖe Yehu le Yezreel.
8
Esi amedɔdɔ va gblɔ nɛ be: “Wotsɔ fiaviawo ƒe taawo vɛ” la, egblɔ be: “Mili kɔ wo ɖe teƒe eve ɖe agboa nu va se ɖe ŋu nake.”
9
Esi ŋu ke ŋdi la, Yehu do yi ɖatsi tsitre ɖe agboa nu, eye wògblɔ na dukɔ blibo la be: “Mia tɔ dzɔ. Nyee bla ɖe nye aƒetɔ ŋu, wu, ke ame kae wu ame siawo katã?
10
Misee be Aƒetɔ ƒe nya aɖeke mado dzodzro o. Nya si wògblɔ ɖe Axab ƒe dzidzimeviwo ŋu to eƒe dɔla Eliya dzi la dzie wòwɔ.”
11
Azɔ Yehu wu ƒometɔ bubu siwo katã susɔ ɖe Axab ƒeme le Yezreel la; ewu eƒe amegãwo katã, xɔlɔ̃awo kple nunɔlaawo keŋ; mesusɔ ame ɖeka teti hã ɖi o.
12
Emegbe Yehu dze mɔ tso Yezreel yina Samaria. Esi wòva ɖo “Alẽkplɔlawo ƒe Takpexɔ” gbɔ la,
13
edo go Yuda-fia Axazya nɔviŋutsuwo, eye wòbia wo be: “Ame kawo mienye?” Woɖo eŋu be: “Axazya nɔviwoe; míeyina fia la viŋutsuawo kple fia srɔ̃ viŋutsuawo kpɔ ge ɖa.”
14
Tete Yehu ɖe gbe be: “Milé wo agbagbee!” Wolé wo agbagbee, eye wowu wo ɖe do aɖe si le takpexɔ la gbɔ la me. Ŋutsu bla ene vɔ evee wowu; mena wo dometɔ aɖeke tsi agbe o.
15
Esi Yehu dzo le afi ma la, eva do go Yonadab, Rexab vi, wògbɔna ekpe ge. Edo gbe nɛ hebiae be: “Wò dzime kɔ ɖe ŋunye abe ale si tɔnye kɔ ɖe ŋuwò enea?” Yonadab ɖo eŋu be: “Ekɔ nenema.” Yehu gblɔ be: “Ne ele me la, ekema nà asim ɖe edzi.” Ena asii, ale Yehu na wòge ɖe tasiaɖam la me le egbɔ.
16
Egblɔ be: “Va míyi, ne wò ŋutɔ nàkpɔ ale si mele ŋu ʋãm ɖe Aƒetɔ nui.” eye wòna wòɖo eƒe tasiaɖam la.
17
Esi woɖo Samaria la, Yehu wu Axab ƒe ƒometɔ siwo katã susɔ ɖe afi ma la. Etsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Eliya la ene.
18
Tete Yehu yɔ Samaria-dukɔ bliboa ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Axab subɔ Baal vie ko, ke nye Yehu la, masubɔe geɖe wu.
19
Azɔ miɖayɔ Baal ƒe gbeƒãɖelawo katã, esubɔlawo katã kple eƒe nunɔlawo katã vɛ nam. Ame aɖeke megatsi anyi o, elabe mele vɔ gã aɖe sa ge na Baal. Ame si meva o la, manɔ agbe o.” Sigbeɖe aye wɔm Yehu le be yeatsrɔ̃ Baal-subɔlawo.
20
Tete Yehu ɖe gbe be: “Miɖe gbeƒã ŋkeke tɔxɛ si dzi ame sia ame nava subɔ Baal!” Ale woɖe gbeƒã la,
21
wòde afi sia afi le Israel-dukɔa me. Baal-subɔlawo katã va; ame aɖeke metsi anyi o. Woge ɖe Baal ƒe gbedoxɔa me wòyɔ taŋ ale be afɔɖoƒe aɖeke megali o.
22
Tete Yehu ɖe gbe na awudzikpɔla be: “Ðe awuwo do goe na Baal-subɔlawo katã!” Eɖe wo do goe.
23
Azɔ Yehu kple Yonadab, Rexab vi ge ɖe Baal ƒe gbedoxɔ la me eye wògblɔ na Baal-subɔlaawo be: “Milé ŋku ɖe ameawo dome, miaka ɖe edzi be Aƒetɔ -subɔla aɖeke mele mia dome o; Baal-subɔlawo ɖeɖe sɔŋ koe li.”
24
Hafi woaɖasa ŋutifafavɔ kple numemevɔ la, Yehu ɖe ame bla enyi ɖe xexe gblɔ na wo be: “Metsɔ ame siawo katã de asi na mi; miwu wo katã. Ne ame aɖe na wo dometɔ aɖe sí la, woawui ɖe eteƒe.”
25
Esi Yehu wu numemevɔsa la nu teti ko la, egblɔ na eƒe dzɔla kple eŋumeawo be: “Mige ɖe eme miawu wo; migana ame aɖeke nasí o!” Ale wowu Baal-subɔlaawo kple yi keŋkeŋ, eye wofɔ ame kukuawo ƒu gbe. Azɔ woge ɖe kɔkɔeƒe si le Baal ƒe gbedoxɔa me la me.
26
Woɖe legbawo do goe ɖatɔ dzo wo.
27
Wogbã Baal ƒe legba la, mu eƒe gbedoxɔa eye afi ma zu afɔdzideƒe va se ɖe egbe.
28
To esia me Yehu tsrɔ̃ Baal-subɔsubɔ ɖa le Israel-dukɔ me.
29
Ðeko meɖe asi le Yerobeam, Nabat vi ƒe nuvɔ̃ si me wòkplɔ Israel dee la ŋu o; eya hã subɔ sikanyivi siwo le Betel kple Dan la.
30
Aƒetɔ gblɔ na Yehu be: “Esi nèwɔ nu si dze eye nètsrɔ̃ Axab ƒe aƒe la ɖe nye didi nu ta la, mana viwòwo naɖu fia le Israel va se ɖe dzidzime enelia dzi.”
31
Ke Yehu melé be na eɖokui eye melé Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, ƒe seawo me ɖe asi kple dzi blibo o. Meɖe asi le Yerobeam ƒe nuvɔ̃ siwo me wòkplɔ Israel dee la ŋu o.
32
Le ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ na Israel de asi toyiyi me. Fia Xazael xɔ Israel ƒe liƒo dzi nutomewo katã;
33
le Yordan tso anyigbeme le Aroer-du si le Arnon-tɔʋu la gbɔ va Gilead yi Basan-nutowo me. Afi siae Gad, Ruben kple Manase towo le.
34
Yehu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo katã wòwɔ kpakple eƒe kalẽwɔwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
35
Yehu ku eye woɖii ɖe Samaria, eye via Yoaxaz zu fia ɖe eteƒe.
36
Yehu nɔ Samaria ɖu fia ƒe bla eve vɔ enyi ɖe Israel dzi le Samaria.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25