bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 25
2 Kings 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
1
Fia Zedekiya va dze aglã ɖe Babilonia-fia ŋu. Le Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè asiekelia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Babilonia-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ katã ho va Yerusalem. Woɖe to ɖe dua, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.
2
Woɖe to ɖe dua alea va se ɖe Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui ɖekɛlia me.
3
Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekelia gbe le ƒe ma me la, dɔwuame nu sẽ le dua me ale gbegbe be ame aɖeke mekpɔ naneke ɖu o.
4
Togbɔ be Babiloniatɔwo ƒo xlã dua hã la, woŋɔ dugli la, eye fia la kple eƒe aʋawɔlawo katã sí le zã me to agbo si le gli eveawo dome le fia ƒe abɔ gbɔ lɔƒo la heɖo ta Yordan-gbegbe la.
5
Ke Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome ɖatui le Yerixo-gbegbe. Eƒe aʋakɔ blibo la ka hlẽ, gblẽe ɖi.
6
Ale wolé fia la, kplɔe va Babilonia-fia gbɔ le Ribla, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui.
7
Wowu Zedekiya viŋutsuwo le eŋkume. Eyome wogbã Zedekiya ƒe ŋkuwo, de gae hekplɔe yi Babilonia.
8
Le ɣleti etɔ̃lia ƒe ŋkeke adrẽlia gbe, si nye Babilonia-fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui asiekelia me la, Nebuzaradan, fia ŋu srafowo ƒe tatɔ si nye Babilonia-fia ƒe dɔla la va Yerusalem.
9
Etɔ dzo Aƒetɔ ƒe aƒe la, fiasã la kple Yerusalem-xɔwo katã; etɔ dzo xɔ gãwo katã.
10
Babilonia-srafo siwo katã le woƒe tatɔa ŋu la gbã dugli siwo katã ƒo xlã Yerusalem va kpe ɖo la.
11
Nebuzaradan, fia ŋu srafowo ƒe tatɔ kplɔ ame mamlɛ siawo yi aboyo mee: ame siwo tsi dua me, ame siwo na ta Babilonia-fia kple ame haho la.
12
Gake egblẽ ame siwo da ahe ŋutɔŋutɔ la ya ɖi be woade waingble kple agble bubuwo.
13
Babiloniatɔwo mu akɔblisɔti siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la me, eye wògbã anyinɔawo kple akɔbligazɔ si le afi ma la hã, eye wolɔ akɔblia yi Babilonia.
14
Wotsɔ zeawo, sofiawo, akaɖitsinuawo kple agba siwo me wotɔa dzo lifi le la kpakple akɔblinuawo, siwo katã ŋudɔ wowɔna le subɔsubɔ me la hã dzoe.
15
Fia ŋu srafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖenuawo kple agba bubuawo kpakple nu sia nu si wotsɔ sika alo klosalo wɔ la siaa dzoe.
16
Nu siwo fia Salomo tsɔ akɔbli wɔ da ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me siwo nye sɔti eve, gazɔ ɖeka kple anyinɔawo ƒe akɔbli la womate ŋu ada wo le nudanu me o.
17
Sɔti si kɔ meta enyi, eye ta si wowɔ kple akɔbli ɖo eta me la kɔ abe meta ɖeka kple afã ene. Wowɔ gaɖɔ kple yevuboɖawo ɖe ta la ŋu godoo va kpe. Sɔti evelia hã le nenema ke.
18
Fia ŋu srafowo ƒe tatɔ lé nunɔlagã Seraya kple nunɔla si va ɖe eyome, Zefanya kple Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe mɔnudzɔla etɔ̃awo.
19
Le dua me la, elé asrafomegã si kpɔa aʋawɔlawo dzi, fia ƒe aɖaŋuɖola atɔ̃, siwo gale dua me ko, agbalẽŋlɔla, ame si nye aʋakpɔla si tiaa dukɔmeviwo dea aʋakɔ me kple dukɔmetɔ bubu bla ade siwo wòkpɔ le dua me.
20
Nebuzaradan, fia ŋu srafowo ƒe tatɔ la, lé ame siawo katã, kplɔ vɛ na Babilonia-fia la le Ribla.
21
Babilonia-fia la ƒo wo eye wòwu wo le Ribla le Xamat-nyigba dzi. Ale wokplɔ Yuda yi aboyo me tso wo denyigba dzi.
22
Babilonia-fia Nebukadnezar tsɔ Gedalya, Axikam vi, Safan vi ɖo ame siwo tsi Yuda-nyigba dzi la nu.
23
Azɔ esi Yuda-srafowo ƒe tatɔwo kple woƒe asrafowo, se be wotsɔ Gedalya ɖo mɔ́mefiae le Yuda la, woyi egbɔ le Mizpa. Woawoe nye: Ismael, Netanya vi, Yehohanan, Kareax vi kple Saraya, Tanxumet vi tso Netofa kpakple Yaazanya, Maaxati vi, hekpe ɖe woƒe asrafowo ŋu.
24
Tete Gedalya ka atam na tatɔawo kple woƒe asrafoawo be: “Migavɔ̃ Babiloniatɔwo ƒe dɔlawo o. Minɔ anyigba la dzi, eye misubɔ Babilonia-fia, ekema nu sia nu adze dzi na mi.”
25
Ke le ɣleti adrẽlia me la, Ismael, Netanya vi, Elisama vi si tso fiaƒome la me la va kple ŋutsu ewo. Wowu Gedalya, Yudatɔ kple Babiloniatɔ siwo le eŋu le Mizpa.
26
Tete dukɔmetɔwo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa hekpe ɖe asrafowo ƒe tatɔwo ŋu dzo yi Egipte elabe wole Babiloniatɔwo vɔ̃m.
27
Le Yuda-fia Yehoyakin ƒe aboyo me nɔnɔ ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ adrẽlia me la, Babilonia-fia Evil-Merodax zu fia, eye wòve Yehoyakin nu ɖee tso gaxɔ me le ƒe ma ƒe ɣleti wui evelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ adrẽa gbe.
28
Babilonia-fia ƒo nu kplii lɔlɔ̃tɔe eye wòna nɔƒe kɔkɔtɔe ɖe eɖokui gbɔ le fia bubu siwo le eŋu le Babilonia la dome.
29
Ale ena Yehoyakin ɖe eƒe gaxɔmenɔwuwo ɖi, eye wòɖua nu le fia gbɔ ɣe sia ɣi le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
30
Fia kpɔa eƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ. Enaa kotokumegae gbe sia gbe le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25