bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 18
2 Kings 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 19 →
1
Le Israel - fia Hosea, Ela vi ƒe ƒè etɔ̃lia me la, Yuda - fia, Xizkiya, Axaz vi la dze fiaɖuɖu gɔme.
2
Exɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe bla eve vɔ asieke le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Abi, Zaxarya vinyɔnu.
3
Ewɔ nu si dze la le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si tɔgbuia David wɔ pɛpɛpɛ la ene.
4
Eɖe nuxeƒewo ɖa, gbã aƒeliwo eye wolã nyɔnumawu Asera la ɖa. Egbã akɔblida si Mose wɔ la gudugudu, elabe va se ɖe ŋkeke mawo me la, Israelviwo nɔa dzo tɔm lifi nɛ; wona ŋkɔe be Nexustan.
5
Eɖo ŋu ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu ale be etɔgbe aɖeke menɔ Yuda-fia siwo dze eyome alo do ŋgɔ nɛ la dome o.
6
Elabe eku ɖe Aƒetɔ ŋu vevie; mete ɖa le eyome o, ke boŋ elé se siwo Aƒetɔ de na Mose la me ɖe asi.
7
Afi sia afi si wòyi la, Aƒetɔ nɔ kplii, eye nu dze edzi nɛ. Edze aglã ɖe Asiria - fia ŋuti, eye megasubɔe o.
8
Esi Filistitɔwo va se ɖe keke Gaza kple eƒe nutowo me ke, tso gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe du sesẽ la gbɔ.
9
Le fia Xizkiya ƒe ƒè enelia, si nye Israel-fia Hosea, Ela vi ƒe ƒè adrẽlia me la, Asiria-fia Salmanaser ho ɖe Samaria ŋu heɖe to ɖee.
10
Woxɔ Samaria le Xizkiya ƒe ƒè adelia, si nye Hosea, Israel-fia ƒe ƒè asiekelia me.
11
Asiria-fia kplɔ Israelviwo dzoe yi Asiria hetsɔ wo ɖada ɖe Xalax kple Xabor le Gozan-tɔsisi la nu kple Media-duwo me.
12
Elabe womeɖo to Aƒetɔ woƒe Mawu la ƒe gbe o, ke boŋ woda eƒe nubabla dzi. Se siwo katã Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla de na wo gɔ̃ hã la, womeɖo to wo loo, alo wɔ wo dzi o.
13
Le fia Xizkiya ƒe ƒè wui enelia me la, Asiria-fia Sanxerib ho ɖe Yuda-du sesẽwo katã ŋu hexɔ wo.
14
Yuda-fia Xizkiya dɔ ame ɖe Asiria-fia le Laxis ne woagblɔ nɛ be: “Mewɔ nuvɔ̃; gbugbɔ ɖe megbe tso gbɔnye, nu sia nu si nàɖo dzinye la matsɔe.” Asiria-fia bia tso Yuda-fia Xizkiya si be wòaɖo klosalo kilo akpe ewo kple sika kilo akpe ɖeka ɖa.
15
Xizkiya tsɔ klosalo siwo katã wòkpɔ le Aƒetɔ ƒe aƒeme kple fia ƒe nudzraɖoƒe nɛ.
16
Ɣe ma ɣi la, Xizkiya fo sika si Yuda-fia Xizkiya fa ɖe gbedoxɔa ƒe ʋɔtruwo ŋu hetsɔ na Asiria-fia.
17
Asiria-fia dɔ Tartan, Rabsaris kple Rabsake kpakple aʋakɔ gã aɖe tso Laxis ɖo ɖe fia Xizkiya ŋu le Yerusalem. Woho va Yerusalem. Esime woɖo la, wotɔ ɖe dzigbetá, si le avɔnyala ƒe agblemɔ dzi la ƒe tɔʋu nu.
18
Esime woyɔ fia la la, Eliyakim, Xilkiya vi, ame si le aƒekɔ la nu, agbalẽŋlɔla Sebna, kple Yoax, Asaf vi, si nye fia ƒe tsiami la do va wo gbɔ.
19
Rabsake gblɔ na wo be, “Gblɔ na Xizkiya be: ‘Asiria-fia, fia gã la be, nu ka ŋu koŋ nèle dzi ɖom ɖo?
20
Ɖe nèbu be numenya ƒuƒlu ye nye aɖaŋu kple ŋusẽ si wɔa aʋaa? Ame ka ŋue nèle gogom ɖo fifia hafi dze aglã ɖe ŋunye?
21
Kpɔ ɖa, nèle gogom ɖe Egipte, aƒla ŋeŋe ma, si ne ame aɖe ziɔ ɖe eŋu la wòaŋɔ asi nɛ la ŋu. Nenemae Egipte Fiagã le, na ame siwo katã aziɔ ɖe eŋu la.
22
Ke ne ègblɔ nam be: “Mieɖo ŋu ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu” la, ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwoe Xizkiya ɖe ɖa, hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, “Ele be miasubɔ le vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem” oa?
23
Azɔ, va ne mia kple nye aƒetɔ Asiria-fia miatso gbe ɖe edzi: Mana sɔ akpe eve wò, ne àte ŋu akpɔ sɔdolawo aɖo wo dzi.
24
Ale ke nàte ŋu atutu aʋakplɔla ɖeka pɛ si nye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo dome suetɔ hã ado ɖe megbe le esime wònye Egipte ŋue nèle dzi ɖom ɖo hena tasiaɖamwo kple sɔwo?
25
Gawu la, Aƒetɔ manɔme ye metso ɖe teƒe sia ŋu be matsrɔ̃ea? Aƒetɔ ye gblɔ nam be: “Ho ɖe anyigba sia ŋu eye nàtsrɔ̃e.’ ”
26
Tete Elyakim, Xilkiya vi, kple Sebna kpakple Yoax gblɔ na Rabsake be, “Míeɖe kuku, ƒo nu na wò dɔlawo le Aram-gbe me, elabe miesenɛ, mègado Yuda-gbe na mí ne dukɔ si le glia dzi la nasee o.”
27
Ke Rabsake ɖo eŋu na wo be: “Ɖe nye aƒetɔ dɔm ɖa be magblɔ nya siawo na mia kple wò aƒetɔ, eye medɔm ɖo ɖe ŋutsu siwo bɔbɔ nɔ glia dzi siwo tɔ koe nye be woava ɖu woawo ŋutɔ ƒe mí, eye woano woawo ŋutɔ ƒe aɖuɖɔ gbɔ oa?”
28
Tete Rabsake tsi tsitre hedo ɣli sesĩe ɖo ɖa le Yuda-gbe me be: “Mise fia gã, Asiria-fia ƒe gbe!
29
Fia la be: ‘Migana Xizkiya nable mi o, elabe mate ŋu aɖe mi tso nye asi me o.
30
Migana Xizkiya nawɔe be mianɔ gogom ɖe Aƒetɔ ŋu anɔ gbɔgblɔm be: ‘Aƒetɔ aɖe mí godoo, eye womatsɔ du sia ade asi na Asiria-fia o.
31
Migaɖo to Xizkiya o, elabe Asiria-fia be: “Miwɔ ŋutifafa kplim, mido va gbɔnye; ekema mia dome ame sia ame aɖu eƒe waintsetse, ame sia ame aɖu eƒe gbotitsetse, eye ame sia ame ano eya ŋutɔ ƒe vudo me tsi;
32
va se ɖe esime mava, akplɔ mi adzoe ayi anyigba, si le abe mia tɔ ene la dzi. Anyigba si dzi bli kple wain, abolo kple waingblewo, amitiwo kple anyitsi le, ne mianɔ agbe, eye miaku o.
33
Ɖe dukɔ aɖewo ƒe mawuwo te ŋu ɖe woƒe anyigba kpɔ tso Asiria-fia si mea?
34
Afi ka Xamat kple Arpad ƒe mawuwo le? Sefarvayim, Hena kple Iva ƒe mawuwo ɖe? Ɖe wote ŋu ɖe Samaria tso asinye mea?
35
Mawu kae le mawuwo katã dome, le anyigbawo dzi, te ŋu ɖe eƒe anyigba tso asinye me kpɔ, hafi Aƒetɔ ya nava ɖe Yerusalem tso asinye me?’ ”
36
Ke dukɔ la zi ɖoɖoe toŋ, womeɖo nya aɖeke ŋu nɛ o, elabe fia la de se be: “Migaɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.”
37
Tete Elyakim, Xilkiya vi, aƒea dzikpɔla, kple agbalẽŋlɔla Sebna kpakple Yoax, Asaf vi, si nye fia ƒe tsiami dze woƒe awuwo va Xizkiya gbɔ, eye wogblɔ Rabsake ƒe nyawo nɛ.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25