bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 16
2 Kings 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 17 →
1
Le Pekax, Remalya vi ƒe ƒè wui adrẽlia me la, Yuda-fia Axaz, Yotam vi la dze fiaɖuɖu gɔme.
2
Axaz xɔ bla eve esi wòdze fiaɖuɖu gɔme. Eɖu fia ƒe wui ade le Yerusalem. Mewɔ nu si dzɔ le Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋkume, abe ale si tɔgbuia David wɔe ene o.
3
Ke eto Israel-fiawo ƒe afɔtoƒe. Etɔ dzo via ŋutsu gɔ̃ abe vɔsa ene, ɖe ŋunyɔnu siwo dukɔ siwo Aƒetɔ nyà ɖa le Israel dukɔ la ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo nu.
4
Esa vɔ eye wotɔ dzo lifi le nuxeƒewo, le togbɛwo dzi kple le ati dama ɖe sia ɖe te.
5
Tete Siria-fia Rezin kple Israel-fia Pekax, Remalya vi ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu. Woɖe to ɖe Axaz, ke womete ŋu ɖu edzi o.
6
Ɣe ma ɣi la, Edom-fia gaxɔ Elat na Edom eye wònyà Yudatɔwo ɖa le Elat, eye Edomtɔwo va Elat, afi si wole va se ɖe egbe.
7
Ale Axaz dɔ amewo ɖo ɖe Asiria-fia Tiglat-Pileser be: “Wò dɔla kple viwò ŋutsue menye. Va, ne nàɖem tso Siria-fia kple Israel-fia ame siwo ho aʋa ɖe ŋunye la si me.”
8
Axaz gatsɔ klosalo kple sika siwo wokpɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me kple esi le fia ƒe nudzraɖoƒe hã wɔ nunanae ɖo ɖe Asiria-fia.
9
Asiria-fia ɖo toe; Asiria-fia ho aʋa ɖe Damasko ŋu, eye wòxɔe. Eɖe aboyo eƒe amewo kplɔ yi Kir, eye wòwu Rezin.
10
Esi fia Axaz yi Damasko be yeaɖado go Asiria-fia, Tiglat-Pileser la, ekpɔ vɔsamlekpui si le Damasko la. Fia Axaz tsɔ vɔsamlekpui la ƒe nɔnɔmetata kple ɖoɖo si nu tututu wowɔe ɖo la ɖo ɖe nunɔla Uriya, wòde le go sia go me.
11
Nunɔla Uriya ɖi vɔsamlekpui la pɛpɛpɛ abe ale si fia Axaz ɖoe ɖa tso Damasko la ene. Ale nunɔla Uriya wɔe hafi fia Axaz gbɔ tso Damasko.
12
Esi fia la gbɔ tso Damasko la, fia la lé ŋku ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Tete fia la te ɖe eŋu eye wòde edzi.
13
Eme eƒe numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa le edzi; ekɔ eƒe nunonovɔsa ɖe edzi, hehlẽ eƒe ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi.
14
Ete akɔblivɔsamlekpui si nɔ Aƒetɔ ŋkume, si dze ŋgɔ xɔa la ɖa tso eƒe vɔsamlekpui la kple Aƒetɔ ƒe aƒe la dome, eye wòtsɔe da ɖe eƒe vɔsamlekpui la ƒe dzigbeme lɔƒo.
15
Fia Axaz de se na nunɔla Uriya be: “Vɔsamlekpui gã la dzie nàsa ŋdi numemevɔsa kple fiẽ nuɖuɖuvɔsa fia ƒe numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa, kpakple dukɔ hahoo la le anyigba la dzi ƒe numemevɔsa, nuɖuɖuvɔsa, kple nunonovɔsa le. Eya dzie nàkɔ woƒe numemevɔsa kple vɔsawo katã ƒe ʋuwo ɖo. Ke akɔblivɔsamlekpui la nanɔ anyi nam manɔ nu biam le egbɔ.”
16
Nunɔla Uriya wɔ nu siawo pɛpɛpɛ, abe ale si fia Axaz de see la ene.
17
Fia Axaz gbã anyinɔawo kɔgo, heɖe zeawo ɖa le wo dzi. Eɖe gazɔ si le akɔblinyiawo dzi la tsɔ da ɖe kpeɖoɖowo dzi.
18
Eɖe dzudzɔgbe kpata si wotu ɖe fiasã la me kple fia ƒe toƒe si le gota gome la ɖa le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu le Asiria-fia ta.
19
Azɔ Axaz ƒe nuwɔna mamlɛ siwo wòwɔ la woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
20
Axaz trɔ megbe yi tɔgbuiawo gbɔ, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me. Via Xizkiya zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25