bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 23
2 Kings 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 24 →
1
Tete fia la dɔ ame be woaƒo ƒu Yuda kple Yerusalem ƒe ame tsitsiwo katã ɖe ye gbɔ.
2
Eyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me, eye Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo katã kpe ɖe eŋu: nunɔlawo, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, dukɔmetɔwo katã tim ko, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Tete fia la xlẽ nubabla ƒe agbalẽ si wofɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me la me nyawo na wo katã.
3
Azɔ fia la tsi tsitre ɖe enɔƒe le sɔti la gbɔ, eye wòbla nu kple Aƒetɔ be yeanɔ eyome, alé eƒe sewo, sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, eye yeawɔ nya siwo katã woŋlɔ ɖe nubabla ƒe agbalẽa me la dzi. Dukɔ blibo la lɔ̃ ɖe nubabla la dzi.
4
Azɔ Yosiya ɖe gbe na nunɔlagã Xilkiya kple nunɔla siwo va ɖe eyome kpakple Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe mɔnudzɔlawo be woafɔ nu siwo katã ŋudɔ wowɔna subɔa Baal kple nyɔnumawu Asera kpakple dziŋgɔli me nuwo katã la do goe le Aƒetɔ ƒe aƒe la me. Etɔ dzo nuawo keŋ le Yerusalem godo le Kidron-bali me, eye wòlɔ afi la yi Betel.
5
Eɖe nunɔla siwo Yuda-fiawo ɖo be woasa vɔ le nuxeƒewo le Yuda-duwo kple Yerusalem-nutowo me la ɖa. Egaɖe esiwo tɔa dzo lifi na Baal, ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziŋgɔli me nuwo katã hã ɖa.
6
Yosiya ɖe nyɔnumawu Asera ƒe legba la ɖa tso Aƒetɔ ƒe aƒe la me tsɔ yi Kidron-tɔʋu la nu le Yerusalem godo ɖatɔ dzoe ɖe afi ma. Etui memie, eye wòlɔe ɖawú ɖe ame tsɛwo ƒe yɔdowo dzi.
7
Emu ŋutsu nuxeƒegbolowɔxɔ siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la me, afi si nyɔnuwo lɔ̃a avɔ na nyɔnumawu, Asera le la.
8
Ena nunɔlawo katã tso Yuda-duwo me va, eye wòdo gu nuxeƒe siwo nunɔlawo saa vɔ le tso Geba va se ɖe Beer-Seba la. Egbã agbonunuxeƒe siwo le dumegã Yosua ƒe agbo nu le dugboa ƒe miame lɔƒo la.
9
Ke nunɔla siwo le nuxeƒewo la mevaa Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui si le Yerusalem la gbɔ o, ke boŋ woɖua abolo maʋamaʋã kple wo nɔviwo ya.
10
Fia la do gu Tofet-nuxeƒe si le Ben-Him-balia me ale be ame aɖeke magatsɔ via ŋutsu alo via nyɔnu asa vɔ le dzo me na Molex azɔ o.
11
Eɖe sɔ siwo ŋu Yuda-fiawo kɔ̀ hena ɣesubɔsubɔ la ɖa, eye wòtɔ dzo ɣetasiaɖamwo. Wotsɔ nu siawo da ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu le agboa nu lɔƒo, eye teƒe sia medidi tso xɔ si me Natan-Melex aƒemenudzikpɔla nɔna la gbɔ o.
12
Fia la ɖe vɔsamlekpui siwo le Axaz ƒe xɔta siwo Yuda-fiawo ɖi la kple esiwo Manase hã ɖi ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu eveawo la hã ɖa. Egbã wo gudugudu lɔ ɖaƒu gbe ɖe Kidron-tɔʋu me.
13
Fia Yosiya do gu nuxeƒe siwo le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe le Amito la ƒe anyigbeme. Vɔsamlekpui siawo nye ŋunyɔnu siwo Israel-fia Salomo ɖi na Astarte, Kemos Sidontɔwo ƒe ŋunyɔnu, Moabitɔwo ƒe ŋunyɔnu kple Milkom, Amontɔwo ƒe ŋunyɔnu.
14
Yosiya gbã aƒeliwo, mu nyɔnumawu Asera ŋu nuwo ƒu anyi, eye wòlɔ ameƒuwo kɔ ɖe wo teƒewo.
15
Nenema ke wòɖe vɔsamlekpui si le Betel kple nuxeƒe si Yerobeam, Nebat vi ɖi tsɔ na Israel wɔ nuvɔ̃ la ɖa. Egbã vɔsamlekpui la kple nuxeƒe la, tɔ dzo nuxeƒea, eye wòtui memie. Etɔ dzo Asera la hã.
16
Yosiya tsa ŋku, eye wòkpɔ yɔdo aɖewo le to dzi ɖa. Ena woyi ɖalɔ ƒuwo le wo me vɛ nɛ, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale wòdo gu vɔsamlekpui la le Aƒetɔ ƒe nya si gbeƒãɖela gblɔ ɖi la nu gbe aɖe gbe le ŋkekenyui ɖuƒe, esime fia Yerobeam le tsitre ɖe vɔsamlekpui gbɔ. Yosiya nye kɔ kpɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela si gblɔ nya siawo ɖi la ƒe yɔdo.
17
Tete wò bia be: “Ŋkuɖodzikpe kae nye ekema kpɔm mele?” Dua me tɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Mawu ƒe gbeƒãɖela si tso Yuda va ɖe gbeƒã nu si nèwɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋu le Betel la ƒe yɔdoe.”
18
Azɔ egblɔ be: “Miɖe asi le eŋu; ame aɖeke megaka asi eƒe ƒuwo ŋu o.” Ale womeka asi eya kple Mawu ƒe gbeƒãɖela si tso Samaria la ƒe ƒuwo ŋu o.
19
Gawu la, Yosiya kaka trɔ̃xɔ siwo katã le nuxeƒewo le Samaria-duwo me la. Xɔ siawoe Israel-fiawo tu tsɔ do dziku na Aƒetɔ. Yosiya wɔ wo abe ale si wòwɔ esiwo nɔ Betel la ene.
20
Ewu nunɔla siwo katã le nuxeƒea le afi ma la ɖe vɔsamlekpuiawo dzi, eye wòtɔ dzo ameƒuwo le wo dzi hã. Emegbe egbugbɔ va Yerusalem.
21
Fia la bia tso dukɔ blibo la si be: “Miɖu Paska la na Aƒetɔ, miaƒe Mawu la abe ale si woŋlɔe ɖe nubabla ƒe agbalẽ sia me la ene.”
22
Womeɖu Paska aɖeke le Israel-ɖelawo ŋɔli alo le Israel kple Yuda fiawo ŋɔli nenema kpɔ o.
23
Ke azɔ ko le Yosiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me woɖu Paska la na Aƒetɔ le Yerusalem.
24
Gawu la, Yosiya di be dukɔa nawɔ nya siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si nunɔla Xilkiya fɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me la dzi, eya ta eɖe ŋɔliyɔlawo, adzetɔwo aklama kpakpɛwo, legbawo kple ŋunyɔnu siwo katã wòkpɔ le Yuda-nyigba dzi kple Yerusalem la ɖa.
25
Fia aɖeke meɖu fia do ŋgɔ nɛ, si subɔ Aƒetɔ le Mose ƒe seawo katã nu kple eƒe dzi blibo, eƒe luʋɔ blibo kple eƒe ŋusẽ katã abe eya ene o. Fia aɖeke hã megava ɖe eyome abe eya ene o.
26
Gake dɔmedzoe gã si fia Manase do na Aƒetɔ la gale dɔ me nɛ kokoko ɖe Yuda ŋuti.
27
Eya ta Aƒetɔ be: “Maɖe Yuda hã ɖa le nye ŋku ta abe ale si meɖe Israel ɖa ene. Nye ŋutɔe tia Yerusalem-du sia, gake magbee, eye magbe aƒe si ŋu megblɔ le be: ‘Nye ŋkɔ anɔ afi ma’ la hã.”
28
Yosiya ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
29
Le Yosiya ŋɔli la, Egipte Fiagã Nexo ho kple eƒe aʋakɔ ɖe Asiria-fia ŋu le Frat-tɔsisi nu. Fia Yosiya ho ɖakpee, gake esi wodo go le Megido la, Nexo wui.
30
Eƒe dɔlawo tsɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem, eye woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo me. Dukɔa me tɔwo si ami na via Yoaxaz heɖoe fiae ɖe tɔ́a teƒe.
31
Yoaxaz xɔ ƒe bla eve vɔ etɔ̃ esime wòva zu fia. Eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Nɔa tso Libna. Eŋkɔ nye Xamutal, Yeremya vinyɔnu.
32
Ewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume abe ale si tɔgbuiawo wɔ ene.
33
Eva eme be Egipte Fiagã Nexo lé Yoaxaz de gaxɔ me ɖe Ribla le Xamat-nyigba dzi be magaɖu fia le Yerusalem o. Azɔ ezi Yuda dzi be wòadzɔ klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo bla etɔ̃ vɔ ene na ye.
34
Nexo tsɔ Elyakim, Yosiya vi ɖo fia ɖe tɔ́a Yosiya teƒe hetrɔ ŋkɔ nɛ be Yehoyakim. Ke ekplɔ Yoaxaz ya yi Egipte, afi si wòku le.
35
Yehoyakim dzɔ klosalo kple sika si Egipte Fiagã Nexo bia tso esi la. Ena dukɔmevi ɖe sia ɖe dzɔe ɖe eƒe ŋutete nu wòtsɔ yi ɖade asi na Egipte Fiagã la.
36
Yehoyakim xɔ ƒe bla eve vɔ etɔ̃ esime wòzu fia le Yerusalem. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Nɔa tso Ruma. Eŋkɔe nye Zebuda, Padaya vinyɔnu.
37
Ewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume abe ale si tɔgbuiawo katã wɔ ene.
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25