bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 13
2 Kings 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 14 →
1
Le Yuda-fia Yoas, Axazya vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla eve vɔ etɔ̃lia me la, Yoaxaz, Yehu vi zu fia ɖe Israel nu. Eɖu fia le Samaria ƒe wui adrẽ.
2
Ewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume. Ekplɔ Yerobeam, Nebat vi, ame si na Israel wɔ nuvɔ̃ la ƒe nuvɔ̃ ɖo, eye meɖe asi le eŋu o.
3
Esia na Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe eŋu, eye wòtsɔ wo de asi na Siria-fia Xazael kple via Ben-Hadad, zi geɖe.
4
Gake Yoaxaz ɖe kuku na Aƒetɔ, eye Aƒetɔ see nɛ, elabe eya ŋutɔ hã kpɔ ale si Siria-fia te Israel ɖe anyii.
5
Eya ta Aƒetɔ na xɔnametɔ Israel, eye wodo le Siriatɔwo si me. Ale Israelviwo nɔ anyi le ŋutifafa me abe tsã ene.
6
Ðeko womeɖe asi le Yerobeam ƒe ƒome la ƒe nuvɔ̃ ŋu o, eye woganɔ ewɔm kokoko. Nyɔnumawu Asera ƒe legbawo gale Samaria ko.
7
Siria-fia tsrɔ̃ Yoaxaz ƒe aʋakɔwo elabe efanya wo abe anyi ene ale be sɔdola bla atɔ̃, tasiaɖam ewo kple afɔzɔsrafo akpe ewo koe susɔ nɛ.
8
Yoaxaz ƒe ŋutinya mamlɛa, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
9
Yoaxaz ku, eye woɖii ɖe Samaria, eye via Yoas va zu fia ɖe eteƒe.
10
Le Yuda-fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ adrẽlia me la, Yoas, Yoaxaz vi zu fia ɖe Israel nu. Eɖu fia le Samaria ƒe wui ade.
11
Ewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume. Meɖe asi le Yerobeam, Nebat vi ƒe nuvɔ̃ siwo katã wòwɔ, siwo me wòkplɔ Israel dee la ŋu o; ke boŋ ewɔ wo.
12
Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa, nu siwo katã wòwɔ kple ale si wòwɔ aʋa kple Yuda-fia Amazya la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
13
Yoas ku eye Yerobeam zu fia ɖe eteƒe. Woɖi Yoas ɖe Israel-fiawo gbɔ le Samaria.
14
Ɣe ma ɣi la, Elisa dze kudɔ. Gbe ɖeka Israel-fia Yoas yi egbɔ be yeaɖakpɔe ɖa. Esi wòɖo la, Yoas fa avi be: “Tɔ́nyee! Tɔ́nyee! Israel ƒe tasiaɖam kple sɔdolawo loo!”
15
Elisa gblɔ nɛ be: “Tsɔ dati kple aŋutrɔ vɛ!” Etsɔ dati kple aŋutrɔ vɛ.
16
Egblɔ na Israel-fia be: “He da la me.” Ehe eme, eye Elisa tsɔ asi ɖo fia la ƒe asi dzi.
17
Elisa gblɔ nɛ be: “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe gome!” Eʋui. Elisa gblɔ nɛ be: “Dae!” Edae. Tete Elisa gblɔ nɛ be: “Dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ tso Aƒetɔ gbɔe. Aŋutrɔ si aɖu Siria-dukɔ dzi! Àwɔ aʋa kple Siriatɔwo le Afek va se ɖe esime nàtsrɔ̃ wo.”
18
Elisa gagblɔ be: “Fɔ aŋutrɔawo!” Efɔ wo. Egblɔ na Israel-fia be: “Tsɔ wo ƒo anyigbae.” Etsɔ wo ƒo anyigba zi etɔ̃, eye wòtɔ.
19
Tete Mawu ƒe ame la do dziku ɖe eŋu gblɔ be: “Zi atɔ̃ alo zi adee nàƒoe hafi, anye ne àɖu Siriatɔwo dzi va se ɖe esime woatsrɔ̃ avɔ. Ke azɔ la, zi etɔ̃ ko nàsi Siriatɔwo.”
20
Emegbe Elisa ku, eye woɖii. Ƒè sia ƒè la, Moabitɔwo ƒe adzohawo vaa Israel-nyigba dzi.
21
Eva eme be amewo le ŋutsu aɖe ɖim, kasia wokpɔ adzoha aɖe gbɔna. Ale wotsɔ ŋutsu la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esi ame kukua ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, egbɔ agbe, eye wòtso ɖe afɔ dzi.
22
Siria-fia Xazael te Israel ɖe anyi le Yoaxaz ƒe ŋkekewo katã me.
23
Gake Aƒetɔ va ve wo nu, eye wòkpɔ nublanui na wo. Etrɔ ɖe wo ŋu le nu si Aƒetɔ bla kple Abraham, Isak kple Yakob la ta. Medi be yeatsrɔ̃ wo o, eye meɖe wo ɖa le eŋkume va se ɖe fifi o.
24
Siria-fia Xazael ku, eye via Ben-Hadad zu fia ɖe eteƒe.
25
Tete Yoas, Yoaxaz vi gaxɔ du siwo Xazael xɔ le tɔ́a Yoaxaz si le aʋa me la le via Ben-Hadad si. Yoas sii zi etɔ̃, eye wògbugbɔ Israel-duwo xɔ.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25