bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 24
2 Kings 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 25 →
1
Esime Yehoyakim nye fia la, Babilonia-fia Nebukadnezar ho va, eye wòzi Yehoyakim dzi wònɔ ete ƒe etɔ̃; emegbe etrɔ dze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu.
2
Ale Aƒetɔ na adzohawo tso Kaldea, Moab, Siria kple Amon va Yuda be woatsrɔ̃e le Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to eƒe dɔla gbeƒãɖelawo dzi la nu.
3
Aƒetɔ ŋutɔe ɖe gbe be woawɔ Yuda alea, ne wòadzo le yeƒe ŋku ta le nuvɔ̃ siwo katã fia Manase wɔ la ta,
4
hekpe ɖe ame maɖifɔ ƒe ʋu si wòkɔ ɖi, eye wòyɔ Yerusalem taŋ la ŋuti. Aƒetɔ medi be yeatsɔe ake o.
5
Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
6
Yehoyakim ku, eye via Yehoyakin zu fia ɖe eteƒe.
7
Ke Egipte-fia megaho tso Egipte-nyigba dzi kpɔ o, elabe Babilonia-fia xɔ anyigba siwo katã nye Egipte-fia tɔ la le esi, tso Egipte-tɔʋu la nu le dzigbeme va se ɖe Frat nu.
8
Yehoyakin xɔ ƒe wui enyi esime wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Nɔa tso Yerusalem. Eŋkɔ nye Nexusta, Elnatan vinyɔnu.
9
Ewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume abe ale si tɔ́a wɔ ene.
10
Ɣe ma ɣi la Babilonia-fia Nebukadnezar na eƒe aʋakɔwo tso ɖe Yerusalem ŋu, eye woɖe to ɖee.
11
Le ɣeyiɣi sia me la, Babilonia-fia Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo dua ƒe agbo nu esime eƒe dɔlawo ɖe to ɖee.
12
Tete Yehoyakin na ta eye eya ŋutɔ, nɔa, eƒe subɔlawo, eƒe amegãwo kple fiasãmenudzikpɔlawo katã tsɔ wo ɖokui na Nebukadnezar. Ale Babilonia-fia ɖe aboyoe le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enyilia me.
13
Elɔ kesinɔnu siwo katã le Aƒetɔ ƒe aƒe la me kple fiasã la me la dzoe, eye wògbã sikanu siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me la. Nebukadnezar wɔ esiawo katã le Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ ɖi la nu.
14
Eɖe aboyo Yerusalem blibo la katã, amegãwo kple aʋawɔlawo katã, wole ame akpe ewo, hekpe ɖe aɖaŋudɔwɔlawo kple nutulawo ŋu. Megblẽ ame aɖeke ɖe dua me o, negbe ame siwo da ahe ŋutɔŋutɔ la ko.
15
Yehoyakin yi Babilonia. Fia nɔ, fia srɔ̃wo, fiasãmenuwo dzikpɔlawo kple bubumewo katã tso Yerusalem kpe ɖe eŋu yi.
16
Ekplɔ aʋawɔla akpe adrẽ, aɖaŋudɔwɔla kple nutula akpe ɖeka, siwo nye ame sesẽwo ate ŋu awɔ aʋa la yi Babilonia.
17
Babilonia-fia tsɔ Matanya Yehoyakin tɔɖea, ɖo fiae ɖe Yehoyakin teƒe, eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekiya.
18
Zedekiya xɔ ƒe bla eve vɔ ɖekɛ esime wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Nɔa tso Libna. Eŋkɔ nye Xamutal, Yeremya vinyɔnu.
19
Ewɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔ ene.
20
Eva eme na Yerusalem kple Yuda alea, elabe wodo dziku na Aƒetɔ ale gbegbe be wòɖe wo ɖa le eƒe ŋku ta.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25