bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 21
2 Kings 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 22 →
1
Manase dze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe wui eve. Eɖu fia ƒe bla atɔ̃ vɔ atɔ̃ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Xefziba.
2
Ewɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume, ɖe dukɔ siwo Aƒetɔ nyà ɖa le Israel ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.
3
Elabe egbugbɔ nuxeƒewo siwo tɔ́a Xizkiya gbã la tu, eɖi vɔsamlekpuiwo na Baal eye wòwɔ nyɔnumawu Asera abe ale si Israel-fia Axab wɔ ene. Ede ta agu na dziƒonuwo katã eye wòsubɔ wo.
4
Eɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe, si ŋu Aƒetɔ gblɔ le be: “Yerusalem ye mada nye ŋkɔ ɖo,” la me.
5
Eɖi vɔsamlekpui na dziƒonuwo katã ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu eveawo.
6
Eme via ŋutsu abe vɔsa ene. Eka afa, sa dzo, ede ha kple ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo. Ewɔ nuvɔ̃ɖi geɖe le Aƒetɔ ŋkume tsɔ do dzikui nɛ.
7
Etsɔ nyɔnumawu Asera ƒe legba si wòwɔ la da ɖe aƒe si ŋuti Aƒetɔ gblɔ le na David kple via Salomo le be, “Aƒe sia kple Yerusalem si metia le Israel-toawo katã dome la mee mada nye ŋkɔ ɖo tegbee;
8
nyemagaɖe mɔ na Israel ƒe aƒe azɔ be woatsa ado go le anyigba si metsɔ na wo tɔgbuiwo la dzi o, nenye be wokpɔ nyuie wɔ se kple ɖoɖo siwo katã mede na wo, eye wowɔ se kple ɖoɖo siwo katã nye dɔla Mose de na wo la dzi.”
9
Ke womeɖo to o; Manase ble wo, wowɔ nuvɔ̃ɖi wu dukɔ siwo Aƒetɔ tsrɔ̃ le Israelviwo ŋgɔ.
10
Aƒetɔ gblɔ to eƒe dɔla, gbeƒãɖelawo dzi be:
11
“Esi Yuda-fia Manase wɔ ŋunyɔnu siawo, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi geɖe wu esiwo katã Amoritɔ siwo do ŋgɔ nɛ la wɔ, eye wòna Yuda hã wɔ nuvɔ̃ kple eƒe legbawo ta la,
12
Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava Yerusalem kple Yuda, anye nu si ƒomevi ame sia ame see la eƒe to me aɖi yeŋ.
13
Mada Samaria ƒe dzidzeka kple Axab ƒe aƒe ƒe tsumikpe ɖe Yerusalem ŋu. Matutu Yerusalem abe ale si wotutua nuɖugbae ene, matutui atsɔ bu anyi.
14
Matsɔ nye domenyinu la ƒe susɔea aƒu gbe, atsɔ wo ade woƒe futɔwo ƒe asi me, eye woazu nuléle kple nuhaha na woƒe futɔwo katã.
15
Elabe wowɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le nye ŋkume hedo dziku nam, tso esime wo tɔgbuiwo do tso Egipte va se ɖe egbe.”
16
Gawu la, Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ɖi woyɔ Yerusalem tso go ɖeka dzi va se ɖe bubu dzi, hekpe ɖe nuvɔ̃ si wòna Yuda wɔ la ŋu ale be wowɔ nu si vɔ̃ɖi la le Aƒetɔ ŋkume.
17
Azɔ Manase ƒe nuwɔna mamlɛawo kple nu siwo katã wòwɔ kpakple nuvɔ̃ si wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
18
Manase trɔ megbe yi tɔgbuiawo gbɔ, eye woɖii ɖe abɔ si nye Uza ƒe abɔ, si le eƒe aƒeme la me.
19
Amon dze fiaɖuɖu gɔme esime wòxɔ ƒe bla eve vɔ eve. Eɖu fia ƒe eve le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe enye Mesulemet, Xaruz ƒe vinyɔnu tso Yotba.
20
Ewɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si tɔ́a Manase wɔ ene.
21
Eto mɔ siwo katã tɔ́a to la dzi, hesubɔ legba siwo tɔ́a subɔ la, eye wode ta agu na wo.
22
Egblẽ Aƒetɔ, tɔgbuiawo ƒe Mawu la ɖi, eye mezɔ Aƒetɔ ƒe mɔ dzi o.
23
Amon ƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu, hewu fia la le eƒe aƒeme.
24
Ke dukɔ la me tɔwo wu ame siwo katã ɖo nugbe ɖe fia Amon ŋu, eye wotsɔ via Yosiya ɖo fiae ɖe eteƒe.
25
Azɔ Amon ƒe nuwɔna mamlɛawo la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
26
Woɖii ɖe eƒe yɔdo me ɖe Uza ƒe abɔ la me. Via Yosiya zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25