bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 19
2 Kings 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 20 →
1
Esi fia Xizkiya see la, edze eƒe awuwo; eta akpanya heyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
2
Edɔ aƒedzikpɔla Elyakim, agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔlawo ƒe ame tsitsi siwo ta akpanya la ɖo ɖe gbeƒãɖela Yesaya Amoz vi la gbɔ.
3
Wogblɔ nɛ be: “Xizkiya be: ‘Egbe nye xaxa, mokaname kple vlodoamegbe, elabe vi ɖo ata me gake ŋusẽ meli woasii adzi o.
4
Ɖewohĩ Aƒetɔ, mia Mawu la se Rabsake, ame si eƒe aƒetɔ Asiria-fia dɔ, be wòava ɖe alɔ me le Mawu gbagbe la ŋu la ƒe nyawo katã, eye wò Mawu la see. Eya ta, do gbe ɖa ɖe ame mamlɛa siwo li la ta.”
5
Esime fia Xizkiya ƒe dɔlawo va Yesaya gbɔ la,
6
Yesaya gblɔ na wo be: “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Aƒetɔ be: Mègavɔ̃ le nya siwo Asiria-fia ƒe dɔlawo tsɔ ɖe alɔ me le ŋunye nèse la ta o.
7
Kpɔ ɖa, matsɔ gbɔgbɔ aɖe ade eme, ase segblɔ aɖe, eye wòagbugbɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi; mana wòatsi yi nu le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
8
Rabsake gbugbɔ dzo, eye wòkpɔ be Asiria-fia la nɔ aʋa wɔm kple Libna, elabe ese be fia la dzo le Laxis.
9
Esi fia la se nu tso Tirhaka, Etiopia-fia ŋu be: “Kpɔ ɖa, eho be yeaɖawɔ aʋa kpli wò la,” egaɖo dɔlawo ɖe Xizkiya be,
10
Migblɔ na Yuda-fia, Xizkiya be: “Mègana wò Mawu si ŋu nèle dzi ɖom ɖo la nable wò be womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria-fia o.
11
Kpɔ ɖa, ese nu siwo Asiria-fia wɔ wò anyigbawo katã, hetsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Ɖe woaɖe wò ya?
12
Ɖe dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃: Gozan, Xaran, Rezek kple Eden vi siwo nɔ Telasar la ƒe mawuwo ɖe woa?
13
Afi ka Xamat-fia, Arpad-fia, Sefarvayim du, Hena-fia kple Iva-fia wole?
14
Xizkiya xɔ agbalẽ la le amedɔdɔawo si, eye wòxlẽe. Xizkiya yi Aƒetɔ ƒe aƒe la me, eye wòkee ɖe Aƒetɔ ŋkume.
15
Xizkiya do gbe ɖa le Aƒetɔ ŋkume gblɔ be: “O Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, wò si nye fia le kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu na fiaɖuƒewo katã le anyigba dzi; wòe wɔ dziƒo kple anyigba.
16
Aƒetɔ, ƒu to anyi ne nàse nu, ʋu ŋku ne nàkpɔ nu; se Sanxerib ƒe nya siwo woɖo ɖa be yeatsɔ aɖe alɔ me le Mawu gbagbe la ŋu ɖa.
17
Aƒetɔ, le nyateƒe me la, Asiria-fiawo nyatsrɔ̃ dukɔwo kple woƒe anyigbawo.
18
Wotsɔ woƒe mawuwo de dzo me, elabe menye mawuwo wonye o, ke boŋ amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwoe, ati kple kpe wonye; eya ta wotsrɔ̃ wo.
19
Eya ta, azɔ, Aƒetɔ, mía Mawu, meɖe kuku na wò, ɖe mí tso eƒe asi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii, be wò Aƒetɔ ɖeka koe nye Mawu!”
20
Tete Yesaya, Amoz vi, dɔ ame ɖo ɖe Xizkiya be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Mese gbe si nèdo ɖa nam le Asiria-fia Sanxerib ŋuti.
21
Nya si Aƒetɔ gblɔ tso eŋuti lae nye esi: Ɖetugbi, Zion vinyɔnu, ɖe alɔ me le ŋuwò, heko wò; Yerusalem vinyɔnu, ʋuʋu ta ɖe yowòme.
22
“Ame ka ŋu nèɖu fewu le hedo vloe? Ame ka tae nèdo ɣli ɖo eye ame kae nèkpɔ ŋkume na dàdatɔe? Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋue!
23
Eɖo hehe ɖe Aƒetɔ ta to wò dɔlawo dzi, eye nègblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖam gbogboawo lia to kɔkɔwo tame, de keke Lebanon ƒe tsutsɔẽƒewo ke. Memu eƒe sederti kɔkɔwo kple eƒe sesewu nyuiwo. Mege ɖe eƒe nɔƒe kɔkɔwo kple aƒe ave dodowo me.
24
Meɖe vudowo eye meno dzronyigba dzi tsiwo nye afɔƒome ka Egipte tɔʋuwo katã me womie.’
25
“Mèsee kpɔ be meɖo kpe edzi tso blema ke oa? Nu si mena wòdzɔ fifia la, mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu xoxoxo be nàtrɔ du sesẽwo woazu glikpo,
26
esime wo me nɔlawo ƒe lã me tu, dzi ɖe le wo ƒo eye gbɔgblɔ bu ɖe wo. Wozu abe amagbe le agble me kple gbe fɛ̃ ene; wole abe xɔtagbe si tsi to nu gbe tsitsi ene.
27
Menya wò anyinɔnɔ, wò gododo, wò gbɔgbɔ kple wò nyanyra ɖe ŋunye.
28
Esi wò agbodzedze ɖe ŋunye kple wò dàda ge ɖe to me nam ta la, matsɔ nye ga gɔdɔ̃e aku ŋɔti me na wò eye made nye numega nu me na wò; matrɔ wò agbugbɔ to mɔ si dzi nèto va la.
29
“Esia anye dzesi na wò: Le ƒè sia me la, miaɖu nu siwo mie le wo ɖokui si. Ne ƒè trɔ la, miagaɖu flu me nu. Le ƒè etɔ̃lia me la, miƒã nu, miaŋe nu; mide waingblewo ne miaɖu wo me kutsetsewo.
30
Yuda ƒe aƒe ame siwo tsi agbe susɔ la agato ke ayi to, eye woatse ku do ɖe dzi.
31
Elabe ame asusɔ ado tso Yerusalem, eye ame siwo tsi agbe la ado go tso Zion-to la dzi. Aƒetɔ ƒe ŋuʋaʋãe le esia wɔ ge.
32
“Eya ta, Aƒetɔ gblɔ le Asiria-fia ŋu be: ‘Mava du sia me loo, alo ada aŋutrɔ ɖe afi ma loo, alo ate ɖe eŋu kple akpoxɔnu loo, alo aƒu kpo ɖe eŋu o.
33
Mɔ si dzi wòto va la, eya ke dzi wòato atrɔ adzo, eye mava du sia me o; Aƒetɔ lae gblɔe.
34
Elabe maʋli du sia ta be maɖee, le nye ŋutɔ kple nye dɔla David ta.”
35
Le zã ma me la, Aƒetɔ ƒe dɔla yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka bla enyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo ƒe asaɖa me, eye esi amewo fɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame kukuwo sɔŋ koe li.
36
Tete Asiria-fia Sanxerib dzo yi aƒe, eye wòɖanɔ Ninive.
37
Esi wònɔ gbe dom ɖa le Nisrox, eƒe mawu ƒeme la, via ŋutsuwo, Adramelex kple Sarezer, wova wui kple yi, eye wosí yi Ararat-nyigba dzi. Via ŋutsu, Esar-Xadon zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25