bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 12
2 Kings 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 13 →
1
Yoas zu fia le Yehu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè adrẽlia me. Eɖu fia le Yerusalem ƒe bla ene. Nɔa tso Beer-Seba. Eŋkɔ nye Zibya.
2
Le Yoas ƒe agbenɔɣi katã la, ewɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu elabe nunɔla Yehoyada fia nui.
3
Ðeko womeɖe nuxeƒeawo ɖa o. Ale dukɔa gasaa vɔ eye wotɔa dzo lifi le nuxeƒewo.
4
Yoas gblɔ na nunɔlawo be: “Mixɔ ga siwo nye nunana kɔkɔe siwo wotsɔ va Aƒetɔ ƒe aƒeme la: ga si woka na ame sia ame be nena kpakple ga si nye lɔlɔ̃nununana amewo tsɔ va Aƒetɔ ƒe aƒe la me la.”
5
Nunɔla ɖe sia ɖe nexɔ ga si eƒe ame nyanyɛwo tsɔ vɛ la, eye wòatsɔ aɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo; teƒe sia teƒe si wokpɔ be ehiã ko la, woatsɔe adzrae ɖo.”
6
Gake le fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla eve vɔ etɔ̃lia me la, nunɔlaawo mekpɔ ɖɔ xɔa ƒe gbagbãƒewo ɖo o.
7
Eya ta fia Yoas yɔ nunɔla Yehoyada kple nunɔla bubuawo hebia wo be: “Nu ka ta miedzra xɔa ƒe gbagbãƒewo ɖo o? Azɔ la, migaxɔ ga le ame aɖeke si o. Esi miexɔ la, mitsɔe na be woaɖɔ xɔa ɖoe.”
8
Ale nunɔlaawo lɔ̃ be yewomagaxɔ ga aɖeke azɔ o, eye yewomaɖɔ xɔa ƒe gbagbãƒeawo hã ɖo o.
9
Tete nunɔla Yehoyada tsɔ aɖaka aɖe, ŋɔ do ɖe nutuvia ŋu, eye wòtsɔe ɖo vɔsamlekpui la xa, le ɖusime gome, ne ame ge ɖe Aƒetɔ ƒe xɔ la me. Nunɔla siwo le mɔnu dzɔm la tsɔa ga siwo katã amewo va na la dea aɖaka la me.
10
Ne wokpɔ be ga si le aɖakaa me la sɔ gbɔ la, ekema fiaa ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã la vana eye woblaa ga si wokpɔ le Aƒetɔ ƒe aƒeme la xlẽna.
11
Wodaa ga la, eye wotsɔnɛ dea asi na Aƒetɔ ƒe aƒe ƒe dɔdzikpɔlawo. Woawo tsɔnɛ xea fee na atikpalawo kple xɔtulawo.
12
Woxea fe na gliɖolawo kple kpefúlawo hã, eye woƒle ati kple kpe kpakple nu siwo katã hiã na xɔ la ɖɔɖɔɖo la.
13
Ke wometsɔ ga si wokpɔ tso Aƒetɔ ƒe aƒe la me la wɔ klosalogbawo, akaɖitsinuwo, agbawo, kpẽwo, sikanuwo kple klosalonuwo ya o.
14
Ke boŋ wotsɔe na dɔwɔlawo wotsɔ dzra Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖoe.
15
Womebia akɔnta tso ame siwo si me wotsɔ ga la dee o, elabe woka ɖe wo dzi.
16
Gawu la, wometsɔ ga si amewo xe ɖe fɔɖiɖi kple nuvɔ̃wo ta la ya va Aƒetɔ ƒe aƒe la me o, elabe nunɔlawo tɔe nye eya.
17
Ɣe ma ɣi la, Siria-fia Xazael ho aʋa ɖe Gat ŋu, eye wòɖu edzi. Xazael ɖoe be yeawɔ aʋa kple Yerusalem hã.
18
Tete Yuda-fia Yoas tsɔ tɔgbuiawo, Yuda-fiawo: Yosafat, Yoram kple Axazya, ƒe nu tɔxɛ siwo katã wotsɔ na Aƒetɔ kple eya ŋutɔ tɔ kpakple sika siwo katã le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒe la ɖo ɖe Siria-fia Xazael. Ale wòtrɔ dzo le Yerusalem ŋu.
19
Fia Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
20
Yoas ƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu, eye wotso wui le Milo la ƒe aƒeme le Silo-mɔ dzi.
21
Yozaxar, Simeat vi kple Yozabad, Somer vi, ame siwo nye eƒe dɔlawo lae wui. Woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me, eye via Amazya zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25