bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 14
2 Kings 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 15 →
1
Le Yoas Yoaxaz vi si nye Israel-fia ƒe ƒè evelia me la, Yuda-fia, Amazya, Yoas vi la dze fiaɖuɖu gɔme.
2
Exɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃ esi wòdze fiaɖuɖu gɔme. Eɖu fia ƒe bla eve vɔ asieke le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Yehoadan tso Yerusalem.
3
Ewɔ nu si dzɔ la le Aƒetɔ ŋkume, ke mewɔe abe tɔgbuia David ene o. Ewɔ nuwo katã abe ale si tɔ́a Yoas wɔe ene.
4
Ke womeɖe nuxeƒewo ɖa o, dukɔ la ganɔ vɔ sam le nuxeƒewo.
5
Esi fiaɖuɖu ŋusẽ nyagbe su esi teti ko la, ewu eƒe dɔla siwo wu tɔ́a si nye fia la.
6
Ke abe ale si Aƒetɔ de se woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be: “Womawu tɔ́ ɖe vi teƒe loo, alo vi ɖe tɔ́a teƒe o, ke ame sia ame aku ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta” la, mewu ame siwo do hlɔ̃ la viwo o.
7
Ewu Edomtɔ akpe ewo le Dzebali la me, eye wòxɔ Sela to ʋunyaʋunya la me, eye wòna ŋkɔe be Yokteel, si nye eŋkɔ va se ɖe egbe.
8
Amazya dɔ amewo ɖo ɖe Israel-fia Yoas, Yoaxaz vi, si nye Yehu vi be: “Va ne miado go ŋkume kple ŋkume.”
9
Israel-fia, Yoas ɖo gbe ɖe Amazya, Yuda-fia be: “Ŋuve le Lebanon dzi dɔ sederti le Lebanon dzi be, ‘Tsɔ viwò nyɔnu na vinye ŋutsu ne wòaɖe.’ Gbemelã aɖe tso Lebanon tso eme va yi, eye wònya avuzi le ŋuve la dzi.
10
Ele eme baa be nèƒo Edom eye wò dzi do wò ɖe dzi. Wò bubu neɖi ƒo na wò, eye nànɔ aƒe, elabe nu ka tae nàdɔ avu be xaxa naxlã wò kple Yuda siaa ɖe anyi?”
11
Ke Amazya gbe toɖoɖo. Ale Israel-fia, Yoas ho yi eya kple Amazya kpe akɔ kple wo nɔewo le aʋa me le Bet-Semes si nye Yuda tɔ la.
12
Israel ɖu Yuda dzi eye ame sia ame sí yi eƒe aƒeme.
13
Israel-fia lé Amazya Yuda-fia, Axazya vi, si nye Yoas vi le Bet-Semes. Ekplɔe va Yerusalem. Egbã Yerusalem-gli la tso Efrayim-gbo nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Glia ƒe didime nye meta alafa eve.
14
Eɖo asi sika kple klosalo kple kplu siwo katã wòkpɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me kple fia ƒe nudzraɖoƒe la dzi, lɔ wo kpe ɖe aʋalélewo ŋu hekplɔ va Samaria.
15
Azɔ Yoas ƒe nuwɔna mamlɛa siwo wòwɔ, eƒe kalẽwɔwɔ, kple ale si wòwɔ aʋa kple Yuda-fia Amazya la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
16
Yoas trɔ megbe eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ. Woɖii ɖe Israel-fiawo gbɔ. Via Yerobeam zu fia ɖe eteƒe.
17
Amazya, Yoas vi, Yuda-fia nɔ agbe ƒe wui atɔ̃ le Israel-fia Yoas, Yoaxaz vi ƒe ku megbe.
18
Azɔ Amazya ƒe nuwɔna mamlɛawo la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
19
Woɖo nugbe ɖe eŋu le Yerusalem, eye wòsí yi Laxis, ke wodɔ ame ɖe eyome le Laxis woɖawui le afi ma.
20
Wokɔe ɖo sɔ dzi va ɖi ɖe Yerusalem le tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me.
21
Yuda-dukɔ blibo la lé Azarya, ame si xɔ ƒe wui ade la ɖo fiae ɖe tɔ́a Amazya teƒe.
22
Eyae tsò Elat gatsɔ na Yuda esime fia la trɔ megbe yi tɔgbuiawo gbɔ.
23
Le Yuda-fia Amazya, Yoas vi ƒe ƒè wui atɔ̃lia me la, Yerobeam, Israel-fia Yoas vi dze fiaɖuɖu gɔme le Samaria. Eɖu fia ƒe bla ene vɔ ɖekɛ.
24
Ewɔ nu si nye nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume; metrɔ tso nuvɔ̃ siwo katã Yerobeam, Nebat vi la wɔ tsɔ kplɔ Israel de nuvɔ̃ me la gbɔ o.
25
Egbugbɔ Israel ƒe liƒowo ɖo te tso Xamat-mɔnu va se ɖe tagbaƒu la nu, abe ale si Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔ to eƒe dɔla Yona, Amitai, gbeƒãɖela la si tso Gat-Xefer ƒe vi dzi ene.
26
Elabe Aƒetɔ kpɔ be Israel ƒe fukpekpe sesẽ ŋutɔ, elabe ame aɖeke megasusɔ o. Ame aɖeke megali si nye kluvi loo, alo ablɔɖevi akpe ɖe Israel ŋu o.
27
Ke Aƒetɔ megblɔ be yeatutu Israel ƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te o, ale wòɖe wo to Yerobeam, Yoas vi ƒe asi dzi.
28
Azɔ Yerobeam ƒe ŋutinya mamlɛa, nu siwo katã wòwɔ, eƒe kalẽwɔwɔ, ale si wòwɔ aʋa kple ale si wògaxɔ Damasko kple Xamat siwo nye Yuda tɔ tsã na Israel la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
29
Yerobeam trɔ megbe hemlɔ tɔgbuia Israel-fiawo gbɔ. Via Zaxarya zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25