bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
2 Kings 20
2 Kings 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 21 →
1
Xemaɣi la, Xizkiya dze dɔ, de kuku ge. Mawu ƒe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi la va egbɔ gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo; elabe èle kuku ge, màhaya o.’ ”
2
Tete Xizkiya trɔ mo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ be:
3
“Ao, Aƒetɔ, meɖe kuku na wò, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwò me le nyateƒe kple dzi blibo me, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwo me la dzi.” Xizkiya fa avi vevie.
4
Hafi Yesaya nado le xɔxɔnua titina la, Aƒetɔ ƒe gbe va nɛ be:
5
“Trɔ yi naɖagblɔ na Xizkiya, nye dukɔ ƒe amegã be: Aƒetɔ, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la be: Mese wò gbedodoɖa, mekpɔ wò aɖatsiwo; kpɔ ɖa, mada gbe le ŋuwò. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, àyi Aƒetɔ ƒeme.
6
Mada ƒe wui atɔ̃ ɖe wò agbenɔŋkekewo dzi. Maɖe wò kple du sia atso Asiria-fia si me. Maʋli du sia ta, le nye ŋutɔ kple nye dɔla David ta.”
7
Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetsewo vɛ! Mina woatsɔ wo aɖo nuteteawo dzi, ne wòahaya.”
8
Xizkiya bia Yesaya be: “Nu ka anye dzesi be Aƒetɔ ada gbe le ŋunye, eye mayi Aƒetɔ ƒe aƒe la me le ŋkeke etɔ̃ megbe?”
9
Yesaya ɖo eŋu nɛ be: “Esiae nye dzesi tso Aƒetɔ gbɔ na wò be Aƒetɔ awɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo la: Ɖe vɔvɔli la ayi ŋgɔ ɖoƒe ewo loo, alo netrɔ yi megbe ɖoƒe ewoa?
10
Xizkiya ɖo eŋu be: “Enye nu bɔbɔe be vɔvɔli la nayi ŋgɔ ɖoƒe ewo; ke negbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo boŋ.”
11
Gbeƒãɖela, Yesaya do ɣli yɔ Aƒetɔ; egbugbɔ vɔvɔli la ɖe megbe ɖoƒe ewo, le Axaz ƒe ɣega la dzi.
12
Xemaɣi la, Babilon-fia, Merodax-Baladan, Baladan vi ɖo amedɔdɔwo, agbalẽ kple nunana ɖe Xizkiya, elabe ese be Xizkiya nɔ dɔ lém.
13
Xizkiya xɔ wo; efia eƒe nudzraɖoƒe katã wo. Efia klosalo, sika, atike ʋeʋẽe, ami xɔasi, eƒe aʋawɔnuxɔ, nu siwo katã woakpɔ le eƒe nudzraɖoƒe la ko; naneke meli si Xizkiya meɖe fia le eƒe aƒe kple fiaɖuƒe blibo la me o.
14
Tete gbeƒãɖela Yesaya va fia la gbɔ gblɔ nɛ be: “Nya ka ŋutsu siawo gblɔ? Afi ka wotso va gbɔwò?” Xizkiya ɖo eŋu be: “Wotso keke Babilon ke.”
15
Ebia be: “Nu ka wokpɔ le aƒewò me?” Xizkiya ɖo eŋu be: “Wokpɔ nu sia nu si le aƒenye me la; naneke mele nye nudzraɖoƒewo si nyemetsɔ fia wo o.”
16
Tete Yesaya gblɔ na Xizkiya be: “Se Aƒetɔ ƒe gbe:
17
‘Kpɔ ɖa, ŋkekewo gbɔna, esime woalɔ nu siawo katã le aƒewò me kple esiwo katã tɔgbuiwòwo ƒo ƒu da ɖi va se ɖe egbe la ayi Babilon. Womagblẽ ɖeke ɖi o, Aƒetɔ lae gblɔe.
18
Wò ŋutɔ viwò ŋutsu siwo wodzi na wò la ƒe ɖewo adzo, eye woanye ametatawo anɔ Babilon-fia ƒe fiasã me.”
19
Tete Xizkiya gblɔ na Yesaya be, “Aƒetɔ ƒe nya si nègblɔ la nyo.” Elabe ebu be, “Nu ka ta menyo ne ŋutifafa kple dedienɔnɔ le nye ŋkekewo me ko o?”
20
Xizkiya ƒe ŋutinya mamlɛa kple eƒe kalẽwɔwɔ katã, ale si wòɖe ta kple tɔʋu, eye wohe tsi va dua mee la, woŋlɔ wo ɖe “Yuda-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.
21
Xizkiya trɔ megbe yi tɔgbuiawo gbɔ, eye via Manase zu fia ɖe eteƒe.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25