bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 10
Leviticus 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 11 →
1
Aron viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe agba siwo me wotɔa dzo lifi le ɖe dzo ɖe wo me, kɔ lifi ɖe dzoawo me, eye wotsɔ dzo makɔmakɔ va Aƒetɔ ŋkume, dzo si medɔ wo be woado na ye o la wònye.
2
Dzo va fiã wo, eye woku ɖe eŋkume le afi ma.
3
Mose gblɔ na Aron be: “Esia gblɔm Aƒetɔ le be: ‘Mawɔ ɖokuinye kɔkɔe le ame siwo tena ɖe ŋunye la dome, eye woakɔ ŋutinye le dukɔ blibo la katã ŋkume.’ ” Aron lé eɖokui kpoo.
4
Mose yɔ Misael kple Elzafan, siwo nye Aron tɔɖea Usiel ƒe viŋutsuwo, eye wògblɔ na wo be: “Mite va, miva kɔ mia nɔviawo do goe le kɔkɔeƒe la me yi asaɖa la godo.”
5
Tete wova. Wolé ame kukuawo ƒe awu siwo le wo ŋu, eye wokɔ wo yi asaɖa la godo abe ale si Mose gblɔ na wo ene.
6
Mose gblɔ na Aron kple viawo Eleazar kple Itamar be: “Migagblẽ ɖa ɖe ta ʋlayaa o. Migadze miaƒe awuwo o. Ne menye nenema o la, miaku, eye dɔmedzoe abi ɖe ameha blibo la katã ŋu. Ke mia nɔviwo, Israel-dukɔ blibo la ya ate ŋu afa avi le dzo, si Aƒetɔ tɔ la ta faa.
7
Migadzo le godoƒegbadɔ la nu o. Ne miedzo la miaku elabe Aƒetɔ ƒe ami si wosi na mi la le mia ŋu.” Wowɔ abe ale si Mose gblɔ na wo la ene.
8
Aƒetɔ gblɔ na Aron be:
9
“Ne wò kple viwò ŋutsuwo miele godoƒegbadɔ la me yi ge la, migano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Ne menye nenema o la, miaku. Nya sia nenye ɖoɖo mavɔ na mi tso dzidzime yi dzidzime.
10
Mide vovo nu siwo le kɔkɔe kple esiwo mekɔ o, nu siwo dza kple esiwo medza o la dome.
11
Mifia se siwo katã Aƒetɔ de na Israelviwo to Mose dzi la wo.”
12
Mose gblɔ na Aron kple via siwo susɔ, Eleazar kple Itamar be: “Mitsɔ nuɖuɖuvɔsa si susɔ, esi nye dzovɔsa siwo wotsɔ vɛ na Aƒetɔ ƒe akpa aɖe la, wɔ amɔwɔ maʋamaʋã bolo, eye miɖui le vɔsamlekpui la xa elabe vɔsa kɔkɔe ŋutɔ wònye.
13
Miɖui le teƒe kɔkɔe elabe eyae nye dzovɔ siwo wova sa na Aƒetɔ la ƒe akpa si nye wò kple viwòwo ƒe gome. Elabe nenemae wode se nam.
14
Ke wò ŋutɔ kple viwò ŋutsuwo kpakple viwò nyɔnuwo miekpɔ mɔ aɖu lã la ƒe akɔ kple eƒe ata, akpa siwo wonyè la faa. Miɖu wo le teƒe dzadzɛ. Israelviwo ƒe ŋutifafavɔsa ƒe akpa si nye wò kple viwò ŋutsuwo ƒe gome lae nye ema.
15
Woatsɔ ataa kple akɔa akpe ɖe lãa ƒe akpa dami siwo wotɔa dzo le vɔsamlekpuia dzi la ŋu vɛ na wò. Ele be akpa mawo nanye wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbee, abe ale si Aƒetɔ de see la ene.”
16
Azɔ Mose bia nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu si susɔ la ta, eye kpɔ ɖa, wotɔ dzoe. Edo dɔmedzoe ɖe Eleazar kple Itamar, Aron viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu. Ebia wo be:
17
“Nu ka tae mieɖu nuvɔ̃vɔsalã la le teƒe kɔkɔe la o? Nu kɔkɔe ŋutɔ wònye ɖe! Aƒetɔ ɖe wòtsɔe na mi be miate ŋu aɖe ameha la ƒe nuvɔ̃ ɖa le Aƒetɔ ŋkume.
18
Wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la me o ɖe! Kɔkɔeƒe lae wòle be miaɖui le, abe ale si mede se na mi ene hafi.”
19
Aron xɔ edzi nɛ be: “Kpɔ ɖa, egbee wosa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ le Aƒetɔ ŋkume. Ke esiawo ƒomevi gbegbe dzɔ ɖe dzinye. Ɖe meɖu nuvɔ̃vɔsalã egbe ɖe, adze Aƒetɔ ŋua?”
20
Esi Mose se nya sia la, edze eŋu.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27