bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 20
Leviticus 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 21 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be, “Ne Israel-ŋutsu aɖe alo amedzro siwo le Israel-dukɔ me dometɔ aɖe tsɔ via na wotsɔ sa vɔ na Molex la, woawui: dukɔ bliboa aƒu kpee wòaku.
3
Nye ŋutɔ maɖe ŋku atɔ nenem me ma; matsrɔ̃e ɖa le nye dukɔmetɔwo dome, le esi wòtsɔ via na Molex, eye wòto ema me do ŋunyɔ nye kɔkɔeƒe heƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la ta.
4
Ne dukɔ la ŋe aɖaba ƒu nu si ame ma wɔ dzi, eye wogbe womewui o la,
5
maɖe ŋku atɔ amea kple eƒe ƒome blibo la katã kpakple ame siwo katã kpe ɖe eŋu be wogbe anukwareɖiɖi nam heyi ɖale Molex subɔm la. Matsrɔ̃ wo ɖa le woƒe dukɔ la dome.
6
“Ne ame aɖe de ŋɔliyɔƒe la, maɖe ŋku atɔe, eye maɖee ɖa le eƒe dukɔ la dome.
7
Eya ta mikɔ mia ɖokui ŋu, eye minɔ kɔkɔe elabe nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
8
Miwɔ nye seawo katã dzi pɛpɛpɛ elabe nyee nye Aƒetɔ, eye nyee wɔ mi kɔkɔe.
9
Ne ame aɖe ƒo fi de tɔ́a alo nɔa la, miwui. Eƒo fi de tɔ́a alo nɔa; eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.
10
“Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu eya kple nyɔnua siaa.
11
Ne ŋutsu aɖe dɔ kple tɔ́a srɔ̃wo dometɔ aɖe la, eklo bubu le tɔ́a ŋu, eya ta ele be woawu eya kple nyɔnua siaa. Woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi.
12
Ne ŋutsu aɖe dɔ kple via ŋutsu srɔ̃ la, ele be woawu eya kple nyɔnua siaa; busunue wowɔ; woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi.
13
Ne ŋutsu aɖe dɔ kple ŋutsu bubu abe ale si wodɔa nyɔnu gbɔ ene la, wo ame eve la wɔ ŋunyɔnu. Ele be woawu wo ame eve la; woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi.
14
Ne ŋutsu aɖe ɖe nyɔnu aɖe kple nyɔnua dada siaa la, ewɔ nuvɔ̃ɖi. Ele be woatɔ dzo ŋutsua kple nyɔnu eveawo siaa be amewo naganɔ nuvɔ̃ɖi wɔm le mia dome o.
15
Ne ŋutsu aɖe dɔ kple lã la, ele be woawu eya kple lã la siaa.
16
Ne nyɔnu aɖe te kpɔ be yeadɔ kple lã aɖe la, ele be woawu nyɔnua kple lãa siaa; woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi.
17
“Ne ŋutsu aɖe ɖe nɔvia nyɔnu – nenye tɔ́ ɖeka viwo alo nɔ ɖeka viwo ko wonye hã la, – ele be woado ŋukpe wo le dutoƒo, eye woanya wo dzoe le dukɔa me. Edɔ kple nɔvia nyɔnu; ele be wòatsɔ eƒe nuvɔ̃ɖi la ƒe agba.
18
Ne ŋutsu aɖe dɔ kple nyɔnu aɖe si kpɔ dzi nu, eye nyɔnua ɖe ama eɖokui, esime ʋu le dodom le eŋu la, woatsrɔ̃ wo kple eve la ɖa le woƒe dukɔ la me.
19
Mègadɔ kple nɔwò nɔvinyɔnu alo tɔ́wò nɔvinyɔnu o; enye asidede ame ƒe ƒometɔ kekeake ŋu, woatsɔ woƒe nuvɔ̃ɖi la ƒe agba.
20
Ne ame aɖe dɔ kple tɔgãa, tɔɖea alo nyruia srɔ̃ la, ekpɔ eƒe ƒometɔ ƒe ama me. Eya kple nyɔnua ƒe nuvɔ̃ la le wo dzi: womadzi vi hafi aku o.
21
Ne ame aɖe xɔ nɔvia ŋutsu srɔ̃ ɖe la, ewɔ ŋunyɔnu; eɖe nɔvia ŋutsu ƒe ama ɖe go. Eya kple nyɔnua madzi vi aɖeke o.
22
“Eya ta milé fɔ ɖe nye sewo kple nye ɖoɖowo katã ŋu, eye miwɔ wo dzi pɛpɛpɛ be anyigba si dzi mekplɔ mi yinae la nagatú mi aƒu gbe o.
23
Migayi ɖawɔ dukɔ siwo le afi ma, esiwo nyàm mele ɖa le mia ŋgɔ la, ƒe kɔnuwo o. Woƒe nu ɖe wògblẽ ŋunye, le esi wowɔa nu siawo ta.
24
Medo ŋugbe be matsɔ anyigba nyui, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la na mi wòanye mia tɔ. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu si tia mi, le dukɔwo dome.
25
Eya ta ele be miade vovo lã siwo kɔ kple esiwo mekɔ o la dome, eye miade vovo xe siwo mekɔ o kple esiwo kɔ la hã dome. Migatsɔ lã makɔmakɔwo, xe makɔmakɔwo alo nu siwo zɔa ƒodo dzi la do ŋunyɔ mia ɖokui o. Metɔ asi wo dzi na mi be womekɔ o.
26
Minye ame kɔkɔewo, eye minye nye ɖeka ko tɔ elabe nyee nye Aƒetɔ; ɖe mele kɔkɔe. Ɖe metia mi tso dukɔwo dome be mianye tɔnye koŋ.
27
“Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe nye ŋɔliyɔla alo afakala la, miƒu kpee ne wòaku. Woƒe ʋu anɔ woƒe ta dzi.”
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27