bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 18
Leviticus 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 19 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be: Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
3
Miganɔ agbe abe ale si amewo nɔnɛ le Egipte-nyigba dzi, afi si mienɔ va yi la, ene loo, alo abe Kanaan-nyigba si dzi mekplɔ mi yinae la dzi tɔwo ene o. Migakpɔ woƒe nuwɔnawo wɔ o.
4
Miwɔ nye sewo dzi eye mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
5
Eya ta milé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi. Ame si lé wo me ɖe asi la anɔ agbe. Nyee nye Aƒetɔ.
6
“Mègadɔ kple wò ƒometɔ kekeake aɖeke o. Nyee nye Aƒetɔ.
7
Mègadɔ kple nɔwò o. Ne èwɔ esia la èklo bubu le tɔ́wò ŋu vevie, eye èdo ŋukpe nɔwò hã. Medze be nàdo ŋukpe nɔwò si dzi wò la o.
8
Mègadɔ kple tɔ́wò srɔ̃ o, elabe eƒe ama nye tɔ́wò tɔ.
9
Mègadɔ kple nɔviwò nyɔnu o. Nenye tɔ́ ɖeka viwo ko mienye alo nɔ ɖeka viwo ko mienye hã la, mègadɔ kplii o. Nenye teƒe ɖeka wodzi miɖo alo teƒe vovowo wodzi mi ɖo hã, mègadɔ kplii o.
10
Mègadɔ kple viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi o, elabe wò ŋutɔ wò ama me ye.
11
Mègadɔ kple tɔ́wò srɔ̃ vinyɔnu si tɔ́wò dzi la o; eya hã nɔviwò nyɔnu ke ko wònye.
12
Mègadɔ kple tasiwò o, elabe dɔ ɖeka me viwo eya kple tɔ́wò wonye.
13
Mègadɔ kple nɔwò nɔvinyɔnu o, elabe dɔ ɖeka me viwo eya kple nɔwò nye.
14
Mègadɔ kple tɔgãwò srɔ̃ alo tɔɖewò srɔ̃ o, elabe eya hã sɔ kple tasiwò.
15
Mègadɔ kple viwò ŋutsu srɔ̃ o, wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; mègakpɔ eƒe ama me o.
16
Mègadɔ kple nɔviwò ŋutsu srɔ̃ o, elabe nɔviwò ŋutsu ƒe amae.
17
Ne wò kple nyɔnu aɖe miedɔ kpɔ la, mègadɔ kple via alo eƒe mamayɔvi o. Ne èdɔ kple wo dometɔ aɖe la, èwɔ busunu elabe ɖe sia ɖe zu wò ƒometɔ tututu.
18
Ŋkeke ale si srɔ̃wò le agbe la, mèkpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu o, eye mègade asi eŋu hã o.
19
“Ne nyɔnu aɖe lé gbe la, mègadɔ kplii o, elabe eŋu mekɔ o.
20
Mègadɔ kple ame srɔ̃ o. Ne èwɔ nu ma la, èƒo ɖi ɖokuiwò le eta.
21
Mègatsɔ viwò aɖeke sa vɔ le dzo me na Molex ne nàto esia me, aƒo ɖi Mawu ŋkɔ o. Nyee nye Aƒetɔ.
22
Wò ŋutsu, mègadɔ kple ŋutsu o; ŋunyɔnue wònye.
23
Mègadɔ kple lã aɖeke agblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò o; nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ ana lã nayɔ asii o. Enye nu tovo wɔwɔ.
24
“Migaƒo ɖi mia ɖokui kple nu sia ƒomevi aɖeke o. Elabe nuwɔna siawoe dukɔ siwo nyà ge mele ɖa le mia ŋgɔ le anyigba la dzi la tsɔ ƒo ɖi wo ɖokui.
25
Woƒe agbenɔnɔ do gu anyigba la; eya ta mele to hem na anyigba la eye wòtru edzinɔlawo ƒu gbe.
26
Ke miawo milé nye sewo kple ɖoɖowo me ɖe asi, eye migawɔ ŋunyɔnu siawo ƒe ɖeke o; aƒevi loo, alo amedzrovi si le mia dome la, megawɔe o.
27
Elabe anyigbaa dzi nɔla siwo nɔ mia ŋgɔ la wɔ ŋunyɔnu siawo katã eye anyigba la gblẽ.
28
Ne menye nenema o la, anyigba la atru mi akɔ ɖi, ne miedo gui abe ale si wòtru dukɔ siwo nɔ mia ŋgɔ la kɔ ɖi ene.
29
Elabe ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe dukɔ la me.
30
Eya ta milé se si mede na mi la ɖe asi. Migawɔ kɔnu nyɔŋu siawo dometɔ aɖeke esi wowɔ le mia ŋgɔ la o, eye migatsɔ wo ƒo ɖi mia ɖokui o. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.”
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27