bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 12
Leviticus 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 13 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be ne nyɔnu aɖe fɔ fu, eye wòdzi viŋutsuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adrẽ abe ale si eƒe gbeléɣi le ene.
3
Le ŋkeke enyia gbe la, woatso aʋa na vidzĩ la.
4
Ele nɛ be wòanɔ xɔ me ŋkeke bla etɔ̃ vɔ etɔ̃ hena eƒe ʋu kɔklɔ ɖa. Megaka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋu loo, alo ava kɔkɔeƒe la o, va se ɖe esi eŋukɔkɔ ƒe ŋkekewo nade.
5
Ke nenye nyɔnu wòdzi hã la, eŋu mekɔ o, abe ale si ko eŋu mekɔ le eƒe dzinukpɔɣi o la ene, va se ɖe esime ŋkeke wui ene nava yi. Esia megbe la, ŋkeke bla ade vɔ ade nava yi hena eƒe ʋukɔklɔ ɖa.
6
“Eɖadzi ŋutsu o, eɖadzi nyɔnu o, ne ŋkeke siwo ava yi hafi eŋuti nakɔ de ko la, ele be wòatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numemevɔsa kple ahɔnɛvi alo kpakpa ɖeka vɛ hena nuvɔ̃vɔsa. Atsɔ nu siawo vɛ na nunɔla le godoƒegbadɔ la nu.
7
Nunɔla la atsɔ nuawo asa vɔe le Aƒetɔ ŋkume, ato ema me alé avu nɛ. Ekema eŋuti kɔ. Esiae nye se na nyɔnu si dzi vi, eɖanye ŋutsuvi alo nyɔnuvi o.
8
Ne nyɔnua mate ŋu akpɔ alẽvi ana o la, ekema nedi akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, be woatsɔ akpakpa alo ahɔnɛ ɖeka asa numemevɔ, eye woatsɔ evelia asa nuvɔ̃vɔ. Azɔ nunɔla la alé avu nɛ, eye eŋu akɔ.”
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27