bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 26
Leviticus 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 27 →
1
“Migawɔ legba alo aklama kpakpɛ alo aƒeli alo nɔnɔme mawo siwo wotsɔa kpe gãwo kpana tua tsitre la ƒe ɖeke ɖe miaƒe anyigba ƒe afi aɖeke be yewoanɔ ta dem agu nɛ o.
2
Milé nye dzudzɔgbewo ŋu ɖoɖowo me ɖe asi pɛpɛpɛ, eye sosroɖa nenɔ mia me ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu. Nyee nye Aƒetɔ.”
3
“Ne miezɔ ɖe nye sewo nu, eye mielé nye ɖoɖowo me ɖe asi la,
4
mana tsi nadza na mi nyuie le edzaɣiwo ale be anyigbaa awɔ nu, eye kutsetsetiwo atse.
5
Miaƒe nukuwo aʋã ale gbegbe be mianɔ lu ƒom, wainfiãɣi naɖo, eye mianɔ wain fiam, nuƒãɣi naɖo. Miaɖu nu aɖi ƒo, eye mianɔ miaƒe anyigba dzi le dziɖeɖi blibo me.
6
Mana mia ŋu nafa le anyigbaa dzi ale be miamlɔ anyi bɔkɔɔ eye naneke mado vɔvɔ̃ na mi o. Maɖe gbemelã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigbaa dzi eye yi mato miaƒe anyigba dzi o.
7
Mianyà miaƒe futɔwo ɖe du nu, eye woatsi miaƒe yi nu.
8
Le aʋagbedzi la, miaƒe ame atɔ̃ pɛ aɖu futɔ alafa ɖeka dzi, eye miaƒe ame alafa ɖeka afiti futɔ akpe ewo.
9
Matrɔ ɖe mia ŋu, ana miadzi fũu. Mawɔ nubabla si mewɔ kpli mi la dzi.
10
Miaƒe agblemenukuwo anɔ agbɔ sɔm ale gbegbe be ƒe sia ƒe la nuku xoxoawo mavɔ o; ɖeko mialɔ xoxoawo ɖa.
11
Mia domee nye agbadɔ si nye nye nɔƒe koŋ la lanɔ; nyemasa ɖokuinye ɖe aga tso mia gbɔ o.
12
Mazɔ mia dome. Manye mia Mawu, eye mianye nye dukɔ.
13
Nye Aƒetɔ, mia Mawue kplɔ mi dzoe le Egipte be miado le kluvinyenye la me. Meŋe kɔkuti si nɔ kɔ na mi la ale be miete ŋu dzɔ ka azɔ hafi le yiyim.
14
“Gake ne mieɖo tom o, eye miegbe miewɔ nye se siawo katã dzi o;
15
ne mieɖe kɔ ɖa le nye ɖoɖoawo ŋu, miebu nye seawo nya maɖinyawoe hegbe be yewomawɔ wo katã dzi o, eye mieto ema me tu nye nubablaa la,
16
mawɔ nu siawo mi: matsɔ dɔléle agblẽ mia dome. Kpedɔ kple asrã ana miaƒe ŋkutomewo anyè ɖe eme. Mianɔ ku ɖim vivivi, anɔ zuzum belii va se ɖe esime miaku. Miaƒã nuku baa gake dɔ vlo ko wòanye miawɔ elabe futɔwo ava ɖu mia dzi, eye woawo koe laɖu miaƒe nukuawo.
17
Maɖe ŋku atɔ mi. Ne miekpe aʋa kple futɔwo la, woafiti mi. Ame siwo lé fu mi helihelĩ lae lava zu miaƒe aƒetɔwo. Nu ate mia ŋu ale gbegbe be ne ame aɖeke meƒu du kplɔ mi ɖo o hã, sisím ko mianɔ.
18
Ne nu siawo katã va mia dzi gake miegagbe godoo be yewomaɖo tom o la, ekema magafiã nu ɖe eme na mi wu zigbɔzi adrẽ le miaƒe nuvɔ̃wo ta.
19
Be matu afɔ miaƒe ŋusẽ ma si ta miele dàdam ɖo la dzi, mana tsi magadza na mi o; dziƒo si le mia tame la asesẽ abe ga yibɔ ene, eye miaƒe anyigba hã alia abe akɔbli ene.
20
Miawɔ dɔ sesĩe gake naneke mado tso miaƒe kutrikuku la me o, elabe miaƒe anyigba magawɔ nu o, eye miaƒe atiwo magatse ku o.
21
“Ne miaƒe azɔli gatsi tre ɖe ŋunye ko, eye miegagbe godoo be yewomaɖo tom o la, magadzi miaƒe tohehe ɖe edzi zigbɔzi adrẽ.
22
Mana lã wɔadãwo ava ɖo mia dome awu mia viwo, atsrɔ̃ miaƒe aƒemelãwo. Woana miaƒe agbɔsɔsɔ dzi aɖe kpɔtɔ ale gbegbe be ame siwo anɔ miaƒe mɔwo dzi zɔm la magade naneke o, eye miaƒe mɔwo ato gbe.
23
“Ne tohehe siawo katã va mia dzi gake miegagbe toɖoɖom godoo, eye miaƒe azɔli gatsi tre ɖe ŋunye ko la,
24
ekema nye hã magabla ali dzi ɖe mia ŋu, eye mana miaƒe tohehe nagasesẽ ɖe edzi zigbɔzi adrẽ.
25
Mahe aʋa ava miaƒe dukɔa dzi atsɔ bia hlɔ̃ mi, le esi mietu nu si nye kpli mi míebla la ta. Ne miesí aʋa gidigidi yi ɖabè ɖe miaƒe duwo me la, mahe dɔ vɔ̃ si wua ame geɖe fũu gbe sia gbe la ava ƒu mia dome kpoyi eye miaƒe futɔwo ƒe asi asu mia dzi.
26
Ne mena nuɖuɖu le vevem la, nyɔnu ewo amè abolo le abolokpo ɖeka me. Woaxlẽ aboloa ɖe dɔme na mi, made afi aɖeke na mi o.
27
“Ne nu siawo katã va eme gake miegatsi tre ɖe ŋunye hegbe godoo be yewomaɖo tom o la,
28
nye ŋku abiã ɖe mia ŋu vevie, eye nye ŋutɔ mana miaƒe tohehe agasesẽ ɖe edzi zigbɔzi adrẽ le miaƒe nuvɔ̃wo ta.
29
Dɔ ato le mia gbɔ ale gbegbe be mialé miawo ŋutɔ mia viŋutsuwo kple vinyɔnuwo aɖa ɖu.
30
Magbã miaƒe trɔ̃xɔ mawo mietu ɖe towo dzi, akaka miaƒe lifivɔsamlekpuiawo, alɔ miaƒe ame kukuwo ali kɔ ɖe miaƒe legba gbagbãwo dzi, eye matsri mi keŋkeŋ.
31
Magbã miaƒe duwo ale be woazu glikpowo. Mana miaƒe teƒe kɔkɔewo aɖi gbɔlo, eye magbe nyemagase miaƒe numemevɔsawo ƒe ʋeʋẽ lílilĩ o.
32
Magblẽ miaƒe anyigba kple edzinuwo keŋkeŋ ale gbegbe be ne miaƒe futɔwo, ame siwo ava zu edzinɔlawo, va ke ɖe eŋu la, woƒe nu aku.
33
Mana futɔwo ava dze mia dzi, afiti mi, eye maka mi ahlẽ ɖe dzronyigba vovovowo dzi. Miaƒe anyigba dzi aɖi ƒuƒlu, eye miaƒe duwo agbã gudugudu.
34
Ekema anyigba la akpɔ gbɔdzɔe ɖe ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe la nu, esime miele miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi. Ale anyigba la avo, eye wòagbɔ ɖe eme.
35
Agbɔ ɖe eme le ɣeyiɣi siwo katã me wònye gbegbe, elabe tso esime miele edzi la, megbɔ ɖe eme le miaƒe dzudzɔɣiwo me alea kpɔ o.
36
Mana mia dometɔ siwo aganɔ agbe le ɣe ma ɣi me le miaƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la nazu vɔvɔ̃nɔtɔwo ne ya ƒo, eye ne aŋgba koe ʋuʋu la, woade afɔ du me. Woanɔ du dzi abe yi nu wole sisím le ene, eye woadze anyi ne ame aɖeke mekplɔ wo ɖo o hã.
37
Woalɔ wo nɔewo aƒu anyi abe yi nu wole sisím le ene, togbɔ be ame aɖeke mekplɔ woɖo o hã. Miagate ŋu anɔ te ɖe miaƒe futɔwo nu o.
38
Miatsrɔ̃ ɖe dzrowo de, eye miaƒe futɔwo ƒe anyigbae ami mi.
39
Mia dometɔ ʋɛ siwo atsi agbe le miaƒe futɔwo de la axa nu aɖiku glãlɛɛ le afi ma le woawo ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo kple wo tɔgbuiwo tɔwo siaa ta.”
40
“Gake ne woaʋu woawo ŋutɔ ƒe vodadawo kple wo tɔgbuiwo tɔwo me, le ayemenu si wowɔ ɖe ŋunye kple ale si woƒe zɔzɔme tsi tre ɖe ŋunyee la me,
41
ale be nye hã metsi tre ɖe wo ŋu hekplɔ wo va woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi la, ne woƒe bolodziwo bɔbɔ wo ɖokui eye woɖɔ woƒe vodadawo ɖo la,
42
ekema magaɖo ŋku nu, si mebla kple Yakob, Isak kple Abraham la dzi, eye maɖo ŋku anyigba la dzi.
43
Ke, ele be woagblẽ anyigba la ɖi be wòakpɔ gbɔdzɔe esime wòle ƒuƒlu eye womele edzi o la. Ele be woaɖɔ woƒe vodadawo ɖo elabe wogbe nye ɖoɖowo eye woƒe luʋɔwo nyɔ ŋu nye seawo.
44
Gake le ɣeyiɣi ma si me wole woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi hã la, nyemaɖe nu le woƒe nya me keŋkeŋ o, eye nyemanyɔ ŋu wo be matsrɔ̃ wo keŋkeŋ ahatu nye nu, si mebla kpli wo la o, elabe nyee nye Aƒetɔ, woƒe Mawu.
45
Ke boŋ maxa ɖe wo ta aɖo ŋku nu si mebla kple wo tɔgbuiwo la dzi, wo tɔgbui siwo mekplɔ dzoe le Egipte, dukɔwo katã kpɔ, be nye Aƒetɔ, manye woƒe Mawu la.”
46
Esiawoe nye ɖoɖowo, sewo kple mɔnufiame siwo Aƒetɔ ɖo anyi ɖe eya kple Israelviwo dome to Mose dzi le Sinai-to la dzi.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27