bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 24
Leviticus 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 25 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Israelviwo be woanɔ ami dzadzɛtɔ si tso amiti me la tsɔm vɛ na akaɖiawo ale be akaɖi nanɔ bibim ɣe sia ɣi.
3
Fiẽ sia fiẽ la, Aron nesi wo tsɔ ɖo akaɖiti dzi le godoƒegbadɔ la me le xɔmetsovɔ si xe nubablaɖakaa ŋkume la ŋgɔ. Akaɖiawo nenɔ bibim le ŋkunye me le afi ma va se ɖe ŋdi. Miwɔ ɖoɖo sia dzi ɖaa tso dzidzime yi dzidzime.
4
Netsɔ akaɖiawo ɖo akaɖiti si wotsɔ sika akuaku wɔ la ɖe ɖoɖo nu be woanɔ bibim madzudzɔmadzudzɔe le Aƒetɔ ŋkume.
5
“Tsɔ wɔ memee me abolo wui eve. Ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nanɔ abe kilo eve ene.
6
Fɔ wo ɖo kplɔ̃ si le Aƒetɔ ŋkume, kplɔ̃ si ŋu wofa sika adodoe ɖo la, dzi. Ma wo ɖe akpa eve me le kplɔ̃a dzi ale be ade nanɔ akpa ɖeka, eye ade hã nanɔ akpa ɖeka.
7
Tsɔ lifi nyuitɔ ɖo mama ɖe sia ɖe dzi. Tɔ dzo lifia ɖeɖe ne eya nanye ŋkuɖodzidzovɔsa na Aƒetɔ ɖe aboloawo teƒe.
8
Dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe la, ele be woatsɔ abolo ava ɖo Aƒetɔ ŋkume alea ɖe Israel-dukɔa nu. Israelviwo nelé nubabla sia me ɖe asi tegbee.
9
Aboloawo nezu Aron kple via ŋutsuawo tɔ emegbe, eye teƒe kɔkɔe koe wokpɔ mɔ aɖu wo le elabe dzovɔsa si wowɔ na Aƒetɔ la ƒe akpa si le kɔkɔe ŋutɔ lae wonye. Akpa sia nenye nunɔlawo tɔ ɖaa.”
10
Israel-nyɔnu aɖe viŋutsu, ame si nye Egipte-ŋutsu aɖe vi la yi Israelviwo dome. Tete Israel-nyɔnu la viŋutsua kple Israel-ŋutsu aɖe wɔ dzre le asaɖa la me.
11
Israel-nyɔnu la viŋutsu la gblɔ busunya ɖe Ŋkɔ la ŋu eye wòdo ɖiŋu nɛ. Tete wokplɔe va Mose gbɔe. Nɔa ŋkɔ nye Selomit, ame si nye Debri vinyɔnu tso Dan-to la me.
12
Wolée da ɖi va se ɖe esime woanya nu si Aƒetɔ adi be wonewɔe.
13
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
14
“Mikplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo. Mina ame siwo katã nɔ anyi hafi wògblɔ vlodonyaawo la natsɔ asi aɖo eƒe tame, eye ameha bliboa naƒu kpee wòaku.
15
Gblɔ na Israelviwo be: Ame sia ame si do ɖiŋu na Mawu la, eƒe nuvɔ̃ le edzi.
16
Ame si gblɔ busunya ɖe Aƒetɔ ŋkɔ ŋu la, ele be woawui: Eɖanye amedzro o, eɖanye Israel vidzidzi o, ele be Israelviwo ƒe ha bliboa naƒu kpee wòaku.
17
Ame si wu ame la, ele be woawu eya hã.
18
Ame si wu ame aɖe ƒe lã la, ele be wòadi lã bubu aɖo eteƒe na amea. Agbe ɖe agbe teƒe ƒe nyae.
19
Ne ame aɖe wɔ nu vevi aɖe ehavi la, ele be woawɔ nu vevi ma ke eya hã.
20
Nenye ƒu wòŋe la, woaŋe eya hã ƒe ƒu ma ke; nenye ŋku wògbã la, woagbã eya hã ƒe ŋku; nenye aɖu wòŋe la, woaŋe eya hã ƒe aɖu. Nu vevi ɖe sia ɖe si wòwɔ ehavi ko, ele be woawɔe eya hã.
21
Ame si wu ame aɖe ƒe lã la, ele be wòadi lã ma ƒomevi tututu aɖo eteƒe; gake ame si wu ame la, ele be woawu eya hã.
22
Se ɖeka ko nenɔ anyi na amedzrowo kple dumeviwo siaa, elabe nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.”
23
Esi Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo vɔ la, wokplɔ busunyagblɔla la yi asaɖa la godo, eye woƒu kpee wòku. Ale to esia me la, Israelviwo wɔ gbe si Aƒetɔ de asi na Mose la dzi.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27