bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 14
Leviticus 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 15 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi léla si ŋuti kɔ ge woala la ƒe ŋuti sewoe nye esiawo: Woakplɔe va nunɔla gbɔ.
3
Nunɔlaa ayi asaɖa la godo aɖalé ŋku ɖe eŋu tsitotsito. Ne ekpɔ be dɔa vɔ le eŋu la,
4
nunɔla ana amea ƒe ƒometɔwo adi xevi gbagbe eve siwo ŋu kɔ kple sederti kple ka dzẽ kpakple hisɔp ƒe alɔ sue aɖe vɛ.
5
Nunɔlaa ana woatso xevi ɖeka le tɔsisi ŋgɔ le ze me.
6
Azɔ woalé xevi evelia, atsɔ eya kple sederti la kple ka dzẽ la kpakple hisɔp la anyrɔ ɖe xeviʋu si le tsia dzi la me,
7
eye wòahlẽe ɖe ame si ŋu kɔm wole la ŋu, zigbɔzi adrẽ, eye wòatso nya me be eŋu kɔ. Tete wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo ayi afi si wòlɔ̃.
8
Azɔ ame si ŋu kɔm wole la anya eƒe awuwo, alũ ta eye wòale tsi; ekema eŋu akɔ. Ekpɔ mɔ ayi asaɖa la me azɔ, gake ne eyi la, ele be wòatsi eƒe agbadɔ godo ŋkeke adrẽ.
9
Le ŋkeke adrẽa gbe la, agalũ ta, alũ ge, alũ ŋkutafuwo, eye wòaƒlɔ fu siwo katã nyale eyama ŋu ko la ɖa; azɔ wòanya eƒe awuwo, ale tsi; ekema eŋu kɔ.
10
“Le ŋkeke enyia gbe la, ele be wòatsɔ agbovi eve siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o kple alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka ko, eye kpɔtsotso aɖeke mele eŋu o kple wɔ memee kilo etɔ̃ si wobaka kple ami, kpakple ami ŋutɔ atukpavi ɖeka vɛ.
11
Nunɔla si le amea ŋu kɔ ge la nekplɔ amea kple nu siwo katã wòtsɔ vɛ la yi Aƒetɔ ŋkume le godoƒegbadɔ la nu.
12
Nunɔla netsɔ agboviawo dometɔ ɖeka kple ami atukpavi ɖeka la sa fɔɖiɖivɔ. Nenyè wo le Aƒetɔ ŋkume gbã.
13
Emegbe newu alẽvia le teƒe kɔkɔe afi si wowua nuvɔ̃vɔsalã kple numemevɔsalã le. Ele be wòawɔe alea elabe fɔɖiɖivɔsalã la hã nye nunɔla la tɔ abe nuvɔ̃vɔsalã ke ene; nu kɔkɔe ŋutɔŋutɔ wònye.
14
Nunɔlaa asisi agbovia ƒe ʋu ɖe ame si ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.
15
Le esia yome la, aku ami atukpavi la ƒe ɖe ɖe eƒe miasiƒo me,
16
atsɔ eƒe ɖusisibidɛ ɖeka atɔ eme awu ɖe afi ma zigbɔzi adrẽ le Aƒetɔ ŋkume,
17
eye wòatsɔ ami si susɔ ɖe eƒe asiƒome la ƒe ɖe asisi ɖe fɔɖiɖivɔsalã la ƒe ʋu dzi le ame si ŋuti kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu ŋu.
18
Eyome wòatsɔ ami si gasusɔ ɖe asiƒome nɛ la asisi ɖe ame si ŋuti kɔm wole la ƒe tame, ekema ewu ameŋutikɔkɔkɔnu la nu.
19
Azɔ nunɔla la asa nuvɔ̃vɔ la atsɔ lé avu na ame si ŋu kɔm wole. Eyome awu numemevɔsalã la,
20
eye wòatsɔe asa numemevɔ kple nuɖuɖuvɔ le vɔsamlekpui la dzi. Aleae nunɔlaa lawɔ ameŋukɔkɔkɔnua; ekema amea ŋu akɔ.
21
“Ke ne eda ahe ale be mate ŋu ana nu siawo katã o la, ekema nedi agbovi ɖeka kple wɔ memee kilo ɖeka si wobaka kple ami, kpakple ami atukpavi ɖeka ko vɛ. Woawu agbovi la atsɔ sa fɔɖiɖivɔ atsɔ alé avu nɛ, eye woatsɔ wɔ memee la kple ami la asa nuɖuɖuvɔe.
22
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, adi akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, esi ke wòanya te ŋu ana ko la, hã vɛ. Woatsɔ ɖeka asa fɔɖiɖivɔ eye woatsɔ evelia awɔ numemevɔsa.
23
Gbe si gbe wotso nya me be eŋu kɔ la ƒe ŋkeke enyia gbee wòatsɔ nu siawo vɛ na nunɔlaa le godoƒegbadɔa nu le Aƒetɔ ŋkume.
24
Nunɔlaa netsɔ alẽvi la kple ami atukpavi la, eye wòanyè wo le Aƒetɔ ŋkume wòanye vɔsa wonyè le Aƒetɔ ŋkume.
25
Eyome wòawu alẽvia eye wòasisi alẽvia ƒe ʋu ɖe amea ƒe ɖusi metogboe, eƒe ɖusidegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu ŋuti.
26
Nunɔlaa agaku amia ƒe ɖe ɖe eƒe miasiƒo me, eye
27
wòatsɔ eƒe nuɖusisibidɛ ɖeka atɔ eme ahlẽ ɖe afi ma zi adrẽ le Aƒetɔ ŋkume.
28
Eyome nunɔla natsɔ ami si le esi la ƒe ɖe asisi ɖe fɔɖiɖivɔsalã ƒe ʋu dzi le ame si ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdeglefetsu ŋu.
29
Azɔ wòatsɔ ami si gasusɔ ɖe nulɔla ƒe asiƒome la asisi ɖe ame si ŋu kɔm wole la ƒe tame bene wòalé avu nɛ le Aƒetɔ ŋkume.
30
Azɔ wòatsɔ akpakpaawo dometɔ ɖeka, alo ahɔnɛviawo ƒe ɖeka,
31
asa nuvɔ̃vɔ, eye wòatsɔ evelia asa numemevɔ kpe ɖe nuɖuɖuvɔ ŋuti. To esiawo wɔwɔ me la, alé avu Aƒetɔ na ame si ŋu kɔm wole.
32
Esiawoe nye se siwo nu wòle be ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi léla si si nu mele o ale be mate ŋu asa vɔ vovovoawo hena eŋukɔkɔ o la nazɔ ɖo.”
33
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
34
“Ne mieva ɖo Kanaan-nyigba si matsɔ na mi wòazu mia tɔ la dzi, eye mena anyi do ɖe nane ŋu le aƒe aɖe me le anyigba ma dzi la,
35
ekema aƒea tɔ nava gblɔ na nunɔla be: “Ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi aɖe ɖe do nye aƒeme.’
36
Eyome nunɔla la, nana woafɔ nuwo katã ado goe le aƒea me hafi wòayi ɖalé ŋku ɖe dɔléla la ŋu bene nu siwo katã le aƒea me la nagazu nu makɔmakɔ o. Emegbe nunɔla nayi aɖakpɔ aƒea me ɖa.
37
Ele nɛ be wòalé ŋku ɖe dɔlélea ŋu nyuie. Ne nu mumui alo nu dzẽ aɖewo le teƒea, eye wòwɔ abe ɖe wònyè ɖe eme vie wu glia ene la,
38
ekema ado go le xɔa me, atu ʋɔa, eye ele be ʋɔa nanɔ tutu ŋkeke adrẽ.
39
Le ŋkeke adrẽa gbe la, agayi aɖaɖe ŋku ɖe teƒea nyuie. Ne dɔlélea keke ɖe edzi le glia ŋu le aƒea me la,
40
nunɔlaa nana be woaho kpe siwo ŋudɔlélea do ɖo la ɖa le glia tome, eye woalɔ wo aɖaƒu gbe ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.
41
Eyome wòana woadza xɔa me ƒe gliwo ŋu akuko wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe afi sia afi, eye woalɔ anyi si wokuko ɖa le wo ŋu aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.
42
Azɔ woatsɔ kpe bubuwo aɖo ɖe esiwo woɖe ɖa teƒe, eye woatsɔ anyi bubu atre gliawo.
43
“Ne woho kpe mawo ɖa le gliawo me, dza gliawo ŋu, tsɔ anyi bubu gatre wo ŋu hezrɔ̃ wo ŋu vɔ gake nua gado ɖe wo dometɔ aɖe ŋu la,
44
nunɔlaa agayi aɖaɖe ŋku ɖe nua. Ne ekpɔ be nua keke ɖe edzi la, ekema anyidɔléle si womate ŋu aɖe ɖa o lae; eya ta xɔa ŋu mekɔ o.
45
Ele be woagbãe, eye woalɔ eŋu kpewo, eŋu tiwo kple eŋu kewo ado go le dua me ayi ɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe.
46
Ne ame aɖe ge ɖe xɔa me le ŋkeke mawo siwo me nunɔlaa tu ʋɔa la dometɔ aɖe dzi la, eyama azu ame makɔmakɔ va se ɖe gbe ma gbe fiẽ.
47
Ne ame aɖe mlɔ xɔa me alo ɖu nu le eme le ŋkeke adrẽ mawo ƒe ɖe dzi la, ele nɛ be wòanyà eƒe awuwo.
48
“Ne nunɔlaa gava ɖe ŋku ɖe xɔa me esime wogbugbɔ eme dzra ɖo vɔ, eye wòzu be dɔa megado ɖe afi aɖeke o la, ekema ele be wòatso nya me be dɔlélea vɔ ɖa eya ta xɔa ŋu kɔ.
49
Gake be wòagakɔ xɔa ŋu la, ele be wòana woadi xevi sue eve, sederti, ka dzẽ kple hisɔp ƒe alɔ sue aɖe vɛ.
50
Woatso xevi ɖeka ɖe tɔsisi me tsi ŋgɔ le ze me.
51
Azɔ wòatsɔ sedertia, hisɔp, ka dzẽa kple xevi gbagbe la anyrɔ ɖe xeviʋu si le tsia ŋgɔ la kple tsia ŋutɔ siaa me ahlẽ ɖe aƒea me zigbɔzi adrẽ.
52
Ale wòakɔ aƒe la ŋu kple xevi ƒe ʋu, tɔsisi la, xevi gbagbe la, sederti la, hisɔp la kple ka dzẽ la.
53
Aɖe asi le xevi gbagbe la ŋu azɔ be wòadzo ado go le dua me aɖo ta gbe me. Ne ewɔ esia ko ewu vɔ̃ɖeɖeɖa ŋu kɔnu la nu; ekema xɔa ŋu kɔ azɔ.”
54
Esiawoe nye se siwo ku ɖe ŋutigbegblẽdɔléle vɔ̃ɖiwo katã ŋu:
55
akpadzedze, ŋutigbalẽdɔ si do ɖe avɔ alo xɔ ŋu,
56
aklabi, nutèame kple dzi ŋu.
57
Se siawoe fiaa asi nu si ŋu mekɔ o kple nu si ŋu kɔ la. Esia nye se le ŋutigbalẽdɔ vɔ̃ɖi ŋu.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27