bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 19
Leviticus 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 20 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be
2
“Gblɔ na Israel ƒe ha blibo la katã be: Minɔ kɔkɔe elabe nye Aƒetɔ, mia Mawu la, ɖe mele kɔkɔe.
3
Mia dome ame sia ame nebu nɔa kple tɔ́a, eye miwɔ nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
4
Migatrɔ ɖe legbawo ŋu loo, alo miakɔ mawuwo na mia ɖokui o. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
5
“Ne miesa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ la, miwɔe ne wòaxɔe na mi.
6
Ele be miaɖu lãa katã wòavɔ gbe si gbe wowui. Ne ɖe susɔ la, ele be wòavɔ le ŋufɔke. Ne ɖe gatsi anyi le ŋkeke atɔ̃a gbe la, ele be woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.
7
Ne woɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la ezu ŋunyɔnu; womaxɔe o.
8
Ame sia ame si ɖui la atsɔ eƒe nuvɔ̃ɖi ƒe agba, elabe egblẽ kɔ ɖo na Aƒetɔ ƒe nu kɔkɔe. Woaɖe ame ma ɖa le eƒe dukɔ la me.
9
“Ne miele nuku xam le miaƒe agble me la, migaxae yi ɖaʋu ɖe boto ke o, eye migafɔ esiwo dudu ɖe anyigba hã o.
10
Ne ègbè wò waintsetsewo vɔ la, mègagbugbɔ yi agblea me be yeatsa ne yeagbe tsetse siwo yeŋlɔ be tsã la vɔ keŋkeŋ alo nàfɔ esiwo ge ɖe anyigba la vɔ ƒiaƒiaƒia o. Gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
11
“Migafi fi o; migaba ame o eye migaka aʋatso o.
12
Mègatà nye ŋkɔ ɖe nya aɖe si nènya be menye nyateƒe o la dzi o; enye ɖiƒoƒo nye ŋkɔ. Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu.
13
“Mègaba hawòvi alo ada dzoe o. Apaɖila ƒe fetu megatsi ŋuwò ŋu nake ɖe edzi o.
14
Mègaƒo fi de tokunɔ o. Mègada nu ɖe ŋkuagbãtɔ ƒe mɔ dzi be nekli o; ke boŋ sro wò Mawu la ɖa. Nyee nye Aƒetɔ.
15
“Ne miele ʋɔnu drɔ̃m la, migakpɔ ame ŋkume o. Migaŋe aɖaba ƒu ame gblɔewo ƒe agɔdzedze dzi o, eye migakpɔ ame aɖe ƒe amegãnyenye dzi ɖa ne miatrɔ nya ƒe ta tu o. Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
16
Mèganɔ hawòvi ŋu gblẽm tso afii yi afi mɛ o. Mègaka aʋatso ɖe hawòvi si ne ʋɔnudrɔ̃lawo natsi tsitre ɖe wò aʋatsoɖaseɖiɖi dzi atso kufia nɛ o. Nyee nye Aƒetɔ.”
17
“Mègalé hawòvi ɖe dɔme o; ke boŋ ɖe agɔ si wòdze le dziwò la fiae be nàgazɔ eŋu awɔ nuvɔ̃ o.
18
Mègawɔ wɔɖenu ɖe wò dukɔmetɔ aɖeke ŋu o, eye mègalé ɖeke ɖe dɔme hã o; ke boŋ lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene. Nyee nye Aƒetɔ.
19
“Mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu: mègazi kpi ne wò aƒemelã nade aƒemelã bubu aɖe si menye eƒomevi o la dzi o. Mègaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe agble ɖeka me o. Mègata avɔ si wotsaka ɖetika kple lãfuka tsɔ lɔ̃ la o. Mègado avɔ ma ƒomevi ƒe awu hã o.
20
“Ne ŋutsu aɖe dɔ kple kosi aɖe si nye ŋutsu bubu ƒe ŋugbetɔ, kosi si ta womexe ablɔɖexɔfe ɖo o, alo kpuie ko, si womena ablɔɖe haɖe o la, ele be woaku nya la me. Ke womawu wo ya o, elabe kosi ko nyɔnua nye.
21
Ŋutsua netsɔ agbo ɖeka va Mawu ƒe agbadɔ la nu be wonetsɔ wɔ fɔɖiɖivɔsa na ye;
22
ekema nunɔla atsɔ agboa alé avu Aƒetɔ nɛ le eƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.”
23
“Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti vovovowo la, mibu woƒe tsetsewo nu makɔmakɔwoe, eye migaɖu wo o va se ɖe esime ƒe etɔ̃ nava yi.
24
Ke le ƒè enelia me la, mitsɔ woƒe tsetseawo katã va sa vɔ nam abe akpedada ƒe dzesi ene.
25
Le ƒè atɔ̃lia me la, miate ŋu aɖu woƒe tsetseawo azɔ. Ne miewɔ se sia dzi la, atiawo anɔ tsetsem na mi fũu. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
26
“Mègaɖu lã si wowu eye ʋu meɖuɖu vɔ le lã me nɛ o la ƒe lã o. Mègasa dzo o. Mègaka afa hã o.
27
Mègako wò loglo ɖa o. Mègafɔ wò ge dzi hã o.
28
Ne ame ku na wò la, mègasi ŋuti be yele konyi fam o. Mègatá nu ɖe ŋuti hã o. Nyee nye Aƒetɔ.
29
“Mègana viwò nyɔnu nazu gbolo o. Ne èwɔ esia la, èɖi gbɔe. Gawu la, anyigba la dzi ayɔ fũu kple gbolowo kpakple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ.
30
Milé nye dzudzɔgbe ŋu ɖoɖowo me ɖe asi pɛpɛpɛ, eye sosroɖa nenɔ mia me ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu. Nyee nye Aƒetɔ.
31
“Migade ŋɔliyɔlawo alo afakalawo gbɔ o, eye migadi wo yome mɔ hã o. Ne miewɔ nu ma ko, miezu ame makɔmakɔwo. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
32
“Mitso ɖe tsitre le ame tsitsi taɣi ŋkume; mibu amegãɖeɖi. Mivɔ̃ mia Mawu. Nyee nye Aƒetɔ.
33
“Ne amedzro va le miaƒe anyigba dzi la, migawɔ vɔ̃ ɖe eŋu o.
34
Minɔ ɖe eya hã ŋu abe ale si ko mienɔna ɖe mia tɔ Israelviwo ŋu ene. Milɔ̃e abe ale si mielɔ̃a mia ɖokui ene. Miɖo ŋku edzi be yewo hã yewonye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
35
“Migada vo le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o; migaba ame le nudzidzeka, nudanu kple nudonui me o.
36
Miwɔ nudamɔ̀, nudakpe kple nudonu siwo de tututu la ko ŋudɔ. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu. Nyee kplɔ mi dzoe le Egipte.
37
Milé fɔ ɖe nye ɖoɖoawo kple seawo katã ŋu, eye mizɔ ɖe wo nu. Nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27