bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 7
Leviticus 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 8 →
1
“Fɔɖiɖivɔsa nye nane si le kɔkɔe ŋutɔ. Eŋutisewoe nye esiwo gbɔna.
2
Woawu fɔɖiɖivɔsalã hã le afi si wowua numemevɔsalã le, eye woahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axa eneawo ŋu.
3
Woaɖe eƒe teƒe damiwo katã atsɔ sa vɔe. Teƒe siawoe nye asikɛa ƒe agunu, ami si tsyɔ dɔmenuawo dzi,
4
ayiku eveawo kple wo ŋu mi siwo tsí ɖe lãa ƒe ali ŋu kpakple ami siwo le aklã ŋu.
5
Nunɔla la atɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi na Aƒetɔ; fɔɖiɖivɔsa wònye.
6
Ŋutsu sia ŋutsu si tso nunɔlawo ƒe ƒome me la kpɔ mɔ aɖu eƒe ɖe faa. Woaɖui le teƒe kɔkɔe; nu kɔkɔe ŋutɔ wònye.
7
Fɔɖiɖivɔsa le ko abe nuvɔ̃vɔsa ene. Se ɖekae akplɔ wo. Lã la nye nunɔla si wɔ vɔsakɔnua la tɔ.
8
Ne ame aɖe va sa numemevɔ la, lã si wòtsɔ va sa vɔa ƒe agbalẽ nye nunɔla si wɔ vɔsakɔnua tɔ.
9
Nuɖuɖuvɔsa ɖe sia ɖe si womè le kpo me, woɖana le ze me alo tɔna le nutɔgba gbadzɛ me nazu nunɔla si wɔ vɔsakɔnua tɔ.
10
Ke nuɖuɖuvɔsa siwo katã le mumu wode amii la nye nunɔlawo, Aron viawo, katã tɔ. Woamae ɖe wo nɔewo dome.”
11
“Ale si wòle be ame nasa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ la ŋu sewoe nye esi azɔ.
12
Ne ame aɖe di be yeasa vɔ atsɔ da akpe na Aƒetɔ la, ele be wòatsɔ abolo maʋamaʋã, akaklã si dzi wokɔ ami ɖo kple tatali, si wobaka wɔ memee kple ami tsɔ tɔ la, akpe ɖe eƒe vɔsalã la ŋu.
13
To nu siawo gbɔ la, ele be abolo si me wode amɔwɔʋãnu la hã nakpe ɖe ŋutifafavɔsalã la ŋu hafi wòatsɔ vɛ.
14
Ele nɛ azɔ be wòatsɔ abolo ƒomevi vovovo siwo wòtsɔ vɛ la ƒe ɖeka, ɖeka, ɖeka aƒo ƒu atsɔ na Aƒetɔ abe nunana tɔxɛ ene. Le nua wɔwɔ vɔ megbe la, nunana tɔxɛ sia nazu nunɔla si hlẽ ŋutifafavɔsalã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ŋu la tɔ.
15
Ele be woaɖu vɔsalã la ƒe lã katã wòavɔ le ŋkeke si dzi wotsɔe sa vɔae la dzi. Womagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o.
16
Gake ne ame aɖe tsɔ lã aɖe va sa vɔ le adzɔgbe aɖe si wòɖe ta, alo ɖe eya ŋutɔ ƒe seselelãme nu la, mehiã be woaɖu vɔsalã si wòtsɔ vɛ la katã le vɔsagbe la o. Woate ŋu agaɖu esi susɔ la le ŋufɔke.
17
Ke ne ɖe gatsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe la, ele be woatɔ dzoe.
18
Ne lãa ƒe ɖe tsi anyi va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe, eye ame aɖe ɖui la, Mawu agbe magaxɔ vɔsalaa ƒe vɔsaa o. Eƒe vɔsaa azu nu ƒuƒlu. Woabui nu makɔmakɔ, eye ne ame aɖe ɖui la eyama ɖi fɔ.
19
“Ne lã la ƒe ɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu la, megale be woaɖui o, ke boŋ ele be woatɔ dzoe. Ame sia ame si ŋu kɔ la kpɔ mɔ aɖu vɔsa sia ƒe lã faa.
20
Ne ame aɖe ŋu mekɔ o gake wòɖu lã si wotsɔ sa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ ƒe lã la, woaɖee ɖa le eƒe dukɔ me tɔwo dome.
21
Nenema ke, ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe, lã makɔmakɔ aɖe alo ŋunyɔnu aɖe ŋu vɔ gake ɖu lã si wotsɔ sa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ ƒe lã la, womagabui ɖe Mawu ƒe dukɔ me viwo dome o.”
22
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
23
“Gblɔ na Israelviwo be womekpɔ mɔ aɖu nyitsu alo alẽ alo gbɔ̃ ƒe ami o.
24
Miate ŋu awɔ lã aɖe si ku le eɖokui si alo esi lã wɔadã aɖe vuvu la ƒe ami ŋudɔ faa, gake miekpɔ mɔ aɖui o.
25
Ne ame aɖe ɖu lã si wotsɔ sa dzovɔ na Aƒetɔ ƒe ami la, woaɖee ɖa le eƒe dukɔ me tɔwo dome.
26
Gawu la, afi ka ke miele o, miekpɔ mɔ aɖu xe aɖeke loo, alo lãfɔne aɖeke ƒe ʋu o.
27
Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe dukɔ me tɔwo dome.”
28
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
29
“See ne wòaɖo Israelviwo gbɔ be ne ame aɖe sa ŋutifafavɔ la, netsɔ vɔsaa ƒe ɖe vɛ na Aƒetɔ tso eƒe ŋutifafavɔsa la me.
30
Ele be eya ŋutɔ natsɔe vɛ kple eƒe asi abe dzovɔsa wònye ene. Netsɔ lã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, be woanyè akɔ la le Aƒetɔ ŋkume hafi atsɔ wo ana abe nunana tɔxɛ ene.
31
Nunɔla la natɔ dzo ami la le vɔsamlekpui dzi; ke akɔ la nye nunɔlaawo katã Aron kple viŋutsuawo, tɔ.
32
Ele be miatsɔ nuɖusita awɔ nunanae na nunɔla tso miaƒe ŋutifafavɔsawo me.
33
Eya ame si tso Aron viŋutsuawo dome, si tsɔ ʋu wɔ ŋutifafavɔsawoe hekpe ɖe amia ŋu la, naxɔ ɖusita abe eƒe gome ene.
34
Elabe akɔ si wònye kple ata si wotsɔ sa vɔe la woe mexɔ le Israelviwo si tso woƒe ŋutifafavɔsawo me tsɔ na nunɔla Aron kple via ŋutsuwo be woanye woƒe gome mavɔ tso Israelviwo gbɔ.
35
Esia nye Aron kple via ŋutsuwo ƒe gome tso dzovɔ si wosa na Aƒetɔ la me; enye nu si ŋu wokɔ na wo tso gbe si gbe woɖo wo be woasubɔ abe Aƒetɔ ƒe nunɔlawo ene.
36
Aƒetɔ de se na Israelviwo be woanɔ vɔsanuawo ƒe akpa siawo tsɔm na nunɔlawo tso gbe si gbe wosi ami na wo la. Enye woƒe gome tegbee tso dzidzime yi dzidzime.”
37
Esiawo nye se siwo ku ɖe numemevɔsa, nuɖuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa, fɔɖiɖivɔsa, dɔwɔlaɖoɖovɔsa kple ŋutifafavɔsa ŋuti,
38
se siwo Aƒetɔ de na Mose le Sinai-to la dzi gbe si gbe wòde se na Israelviwo le Sinai-gbedadaƒo be woatsɔ woƒe vɔsawo vɛ na Aƒetɔ.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27