bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 22
Leviticus 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 23 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Gblɔ na Aron kple viawo be: Womeganɔ tetem ɖe nu kɔkɔe siwo ŋuti Israel-dukɔ kɔ nam la ŋuti ale be womaƒo ɖi wo o. Nyee nye Aƒetɔ.
3
Ne mia viwo kple miaƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖe ŋu mekɔ o gake wòte ɖe nunana kɔkɔe siwo Israel-dukɔ la va nam ƒe ɖe ŋu la, woaɖee ɖa le dukɔ la dome. Nyee nye Aƒetɔ.
4
Ne Aron ƒe dzidzimevi aɖe le ŋutigbalẽdɔ lém, alo le afu ɖɔm la, mekpɔ mɔ aɖu nu si wotsɔ sa vɔ na Aƒetɔ la ƒe ɖeke o va se ɖe esime eŋu nagakɔ hafi. Ne nane ka ame kuku ŋu ko, ezu nu makɔmakɔ, eye ne nunɔla aɖe ka nenem nu ma ŋu ko eya hã zu ame makɔmakɔ. Nenema ke ne nunɔla aɖe nyè tsi,
5
alo ka asi lã makɔmakɔ aɖe alo ame aɖe si ŋu mekɔ o la ŋu ko, eya hã zu ame makɔmakɔ.
6
Ne nunɔla aɖe zu ame makɔmakɔ alea la, anye ame makɔmakɔ nenema va se ɖe fiẽ, eye ne fiẽ ɖo hã, mekpɔ mɔ aɖu nu si wotsɔ sa vɔ na Aƒetɔ o, va se ɖe esime wòale tsi hafi.
7
Ne ɣe ɖo to ko, eŋu kɔ azɔ. Ekema ate ŋu aɖu Aƒetɔ ƒe vɔsanuɖuɖu azɔ faa elabe nuɖuɖu ma la, nunɔlawo katã tɔ wònye.
8
Mekpɔ mɔ aɖu lã aɖe si ku le eɖokui si la ƒe lã, alo lã aɖe si gbemelã aɖe lé la ƒe lã o. Ne eɖui ko, ezu ame makɔmakɔ. Nyee nye Aƒetɔ.
9
Ele be woawɔ nye sededeawo dzi pɛpɛpɛ; ne menye nenem o la, woazu fɔɖilawo, eye woaku le esi womezɔ ɖe nye ɖoɖo kɔkɔeawo nu o la ta. Nyee nye Aƒetɔ. Nyee kɔa wo ŋu.
10
“Ame si metso nunɔla ƒe ƒome me o la mekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu siwo amewo tsɔ va sa vɔ na Aƒetɔ la ƒe ɖeke o. Amedzro si va dze nunɔlaa gbɔ alo apaɖila si le eƒeme hã mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o.
11
Gake nunɔlaa ƒe kluvi si wòƒle alo si wodzi le eƒeme ya ate ŋu aɖu nunɔlawo ƒe nuɖuɖu ma faa.
12
Ne nunɔla ƒe vinyɔnu ɖe ame aɖe si menye nunɔla o la, ekema megakpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o.
13
Gake ne nunɔla ƒe vinyɔnu srɔ̃ ku, alo eya kple srɔ̃a dome klã, viwo mele esi o eye wòtrɔ gbɔ va le tɔ́a ƒeme abe tsã ene la, ate ŋu aɖu vɔsanua ƒe akpa si wotsɔ vɛ na tɔ́a ƒe ɖe faa. Adzɔgetɔ aɖeke ya mekpɔ mɔ aɖui o.
14
Ne ame aɖe si mekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔe la o ɖui le manyamanya me la, ekema ne eva nya ko ele be wòatsɔ nu si wòɖu la ƒe home, agatsɔ atɔ̃liawo ɖeka akpee ava xe na nunɔla la.
15
Nunɔlawo mekpɔ mɔ agblẽ kɔ ɖo na Israelviwo ƒe nunana kɔkɔe siwo wodzɔ na Aƒetɔ la o.
16
Womegana ame siwo mekpɔ mɔ aɖu nu siawo o la naɖu wo, ahazu agɔdzelawo eye tohehe nava wo dzi o. Nyee nye Aƒetɔ. Nyee kɔa nunanawo ŋu.”
17
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
18
“Gblɔ na Aron kple viawo kpakple Israel-dukɔ la katã be: Ne Israel-dukɔ me vi aɖe alo amedzro siwo le Israel-dukɔ me la dometɔ aɖe di be yeasa numemevɔ nam le adzɔgbe aɖe si wòɖe nam va yi ta, alo le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me la, ele be wòatsɔ lã si naneke mewɔ afi aɖeke na o la awɔe.
19
Ele be lãa nanye nyitsui, agbovi alo gbɔ̃tsui.
20
Ne ame aɖe tsɔ la si nu wɔ sa vɔe la, Aƒetɔ agbe maxɔ vɔsa la o.
21
Ne ame aɖe di be yeasa ŋutifafavɔ na Aƒetɔ, eɖanye le adzɔgbe aɖe si wòɖe va yi tae o, eɖanye le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu mee o, tso nyiha alo alẽha mee o, ele be lã la nade blibo le go sia go me, lã si naneke mewɔ afi aɖeke na o. Eya ko hafi eƒe vɔsaa ladze Aƒetɔ ŋu.
22
Megatsɔ lã si ƒe ŋku gbã, alo si le bu tɔm, alo si ŋu wode abii, alo si dze kpò la sa vɔ na Aƒetɔ o. Mègatsɔ lã siawo ƒe ɖeke ƒomevi vɛ na Aƒetɔ abe nunana ene, alo atsɔ wɔ dzovɔsa le vɔsamlekpui dzi na Aƒetɔ o.
23
Nenye wò ŋutɔ koe di be yeana nu le ye ɖokui si la, ekema wò nunanaa ate ŋu anye lã aɖe si ƒe akpa aɖe didi wu alo le kpuie wu ale si dze la faa. Gake nenye adzɔgbee nèɖe be yeava na nua hafi tsɔ lã ma ƒomevi vɛ la, womaxɔe o.
24
Mègatsɔ lã si womimi vo na, wogbã vo na, wovuvu vo na alo sẽ vo na la sa vɔe na Aƒetɔ loo, alo sa vɔe le miaƒe anyigba dzi o.
25
Mègatsɔ lã ma ƒomevi si nèƒle le amedzro si wɔ nuɖuɖui na Aƒetɔ o, elabe nu wɔ wo. Womaxɔe na wò o.”
26
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
27
“Ne wodzi nyivi, alẽvi alo gbɔ̃vi aɖe la, ele be lãvi la nanɔ nɔa ŋu ŋkeke adrẽ. Tso ŋkeke enyilia dzi heyi la, woate ŋu atsɔe asa dzovɔ na Aƒetɔ.
28
Mègawu nyinɔ alo alẽ kple via le ŋkeke ɖeka dzi o.
29
Ne miedi be yewoasa ŋutifafavɔ la, mizɔ ɖe eŋu ɖoɖowo nu pɛpɛpɛ be vɔsaa nadze Aƒetɔ ŋu.
30
Ele be miaɖu ŋutifafavɔsa la wòavɔ, keŋkeŋ gbe si gbe wosa vɔa; mele be ɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. Nyee nye Aƒetɔ.
31
“Ale milé fɔ ɖe nye seawo ŋu, eye miwɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Nyee nye Aƒetɔ.
32
Migaklo bubu le nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu o. Ele be Israelviwo katã naʋu nya me be ɖe mele kɔkɔe. Nyee nye Aƒetɔ; nyee wɔa mi miezuna kɔkɔe.
33
Nyee kplɔ mi dzoe le Egipte be mazu miaƒe Mawu. Nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27