bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 15
Leviticus 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 16 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
2
“Migblɔ na Israelviwo be, ne ŋutsu aɖe le afu ɖɔm la, tsi si le dodom le eŋu la mekɔ o.
3
Afu si ɖɔm wòle ŋuti se nye esia le eƒe makɔmakɔnyenye ŋuti. Ne tsi le dodom le eƒe ŋutsu me alo eme xe la, enye makɔmakɔnyenye le eme.
4
Aba sia aba si dzi afuɖɔla mlɔ alo nu sia nu si dzi wòbɔbɔ nɔ la ŋu mekɔ o.
5
Ne ame aɖe ka asi afuɖɔla ƒe aba ŋu la, ele be amea nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
6
Ne ame aɖe bɔbɔ nɔ nane si dzi afuɖɔla hã nɔ va yi dzi la, ele be amea nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
7
Ne ame aɖe ka asi afuɖɔla ŋu alo eƒe ŋuti ka afuɖɔla ŋu la, ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi, eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
8
Ne afuɖɔla ɖe ta ɖe ame aɖe si ŋu kɔ ŋu la, ele na amea be wòanya eƒe awuwo eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
9
Ne afuɖɔla bɔbɔ nɔ sɔkpa aɖe dzi la, sɔkpa ma ŋu mekɔ o.
10
Ne ame aɖe ka asi nane si dzi afuɖɔla bɔbɔ nɔ kpɔ ŋu la, eyama ŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ, eye ne ame aɖe kɔ́ nane si dzi afuɖɔla bɔbɔ nɔ kpɔ la, ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, ale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
11
Ne afuɖɔla meklɔ asi hafi ka ame aɖe ŋu o la, ele na amea be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
12
Ne afuɖɔla ka asi ze alo eʋegba aɖe ŋu la, ele be woagbã nua. Ne nye atinue la, ekema woaklɔe kple tsi.
13
“Ne afua vɔ na amea la, ele be wòalala ŋkeke adrẽ nava yi, eye wòanya eƒe awuwo, aɖale tsi le tɔsisi me, ekema eŋu kɔ.
14
Le ŋkeke enyia gbe la, ele be wòadi akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve ɖe asi ava Aƒetɔ ŋkume le godoƒegbadɔ la nu, eye wòatsɔ wo ana nunɔla le afi ma.
15
Nunɔlaa atsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, atsɔ evelia asa numemevɔ, eye nunɔla alé avu nɛ le eƒe afu la ta le Aƒetɔ ŋkume.
16
“Ne ŋutsu aɖe nyè tsi la, ele be wòale tsi nyuie, eye eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
17
Nudodo ɖe sia ɖe alo lãgbalẽnu ɖe sia ɖe si ŋu tsia ka la, woanyae kple tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
18
Ne ŋutsu kple nyɔnu nɔ anyi la, ele be woale tsi; wo ŋu mekɔ o, va de asi na fiẽ.
19
“Ne nyɔnu ɖo asi anyi eye ʋu le dodom le eŋu la, eŋu mekɔ o, va se ɖe ŋkeke adrẽ. Ne ame aɖe ka eŋu le ŋkeke mawo me la, amea ŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
20
Nu sia nu si dzi wòbɔbɔ nɔ alo mlɔ le eƒe gbeléɣi la hã zu nu makɔmakɔ.
21
Ne ame aɖe ka eƒe aba loo, alo nane si dzi wòbɔbɔ nɔ ŋu la, eŋu mekɔ o, va de asi na fiẽ.
22
Ame sia ame si ka nu si dzi wònɔ ŋu la nanya eƒe awuwo, eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
23
Ne nane le eƒe aba alo nunɔdzi dzi, eye ame aɖe ka eŋu la, amea ŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
24
Ne ame aɖe dɔ kple nyɔnu le eƒe dzinukpɔɣi la, makɔmakɔnyenye si le nyɔnua ŋu la ɖe ɖe ŋutsua hã ŋu eya ta ŋutsua zu ame makɔmakɔ ŋkeke adrẽ. Aba sia aba si dzi wòmlɔ le ŋkeke adrẽ mawo me hã zu nu makɔmakɔ.
25
“Ne nyɔnu aɖe ƒe dzinukpɔɣi meɖo o gake ʋu do le eŋu alo le dodom le eŋu ŋkeke geɖe alo eƒe dzinukpɔŋkekewo de gake ʋu gale dodom le eŋu ko la, ekema eŋu mekɔ o, abe ale si ko eŋu mekɔ o le eƒe dzinukpɔɣi la ŋutɔ ene.
26
Aba sia aba si dzi wòmlɔ, alo nu sia nu si dzi wòbɔbɔ nɔ le ŋkeke mawo me la hã zu nu makɔmakɔ.
27
Ame sia ame si ka nu siawo ŋu la ŋu mekɔ o. Ele be wòanya eƒe avɔwo eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
28
Ne ʋua tso hã la, ele be wòaxlẽ ŋkeke adrẽ, eya megbe la, hafi eŋu kɔ.
29
Le ŋkeke enyia gbe la, netsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve vɛ na nunɔla le godoƒegbadɔ nu.
30
Nunɔlaa atsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, eye wòatsɔ evelia asa numemevɔ. Nunɔla la alé avu nɛ le Aƒetɔ ŋkume le eƒe makɔmakɔ la ta.
31
“Ale miagbe nya na Israelviwo le woƒe nu makɔmakɔwo ŋuti. Ne menye nenema o, nenye be wote ɖe nye agbadɔ si le wo dome la ŋu kple woƒe makɔmakɔnyenye la hegblẽ kɔ ɖo nɛ la, woaku.”
32
Esiawoe nye sewo le ŋutsu si le afu ɖɔm, ŋutsu si nyè tsi eye eŋu mekɔ o;
33
nyɔnu si kpɔ dzinu, ŋutsu si le afu ɖɔm kple nyɔnu si ŋu ʋusísidɔ le kpakple ŋutsu si dɔ kple nyɔnu makɔmakɔ aɖe la ŋuti.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27