bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 9
Leviticus 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 10 →
1
Le ŋkeke enyia gbe la, Mose yɔ Aron kple via ŋutsuawo kpakple Israel-me tsitsiawo,
2
eye wògblɔ na Aron be: “Lé nyitsu sue ɖeka na nuvɔ̃vɔsa kple agbo ɖeka na numemevɔsa. Wo ame eve la nanye lã siwo naneke mewɔ afi aɖeke na o. Tsɔ wo sa vɔe le Aƒetɔ ŋkume.
3
Gagblɔ na Israelviwo be woatsɔ gbɔ̃tsu sa nuvɔ̃vɔ, eye woatsɔ nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka siwo dome ɖe sia ɖe tsi xɔ ƒe ɖeka, eye naneke mewɔ afi aɖeke na o la sa numemevɔ;
4
eyome woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka wɔ ŋutifafavɔsa na Aƒetɔ; woawɔ nuɖuɖuvɔsa, eye woade amii tsɔ kpe ɖe ŋutifafavɔsa la ŋu, elabe Aƒetɔ le eɖokui ɖe ge afia wo egbe.”
5
Ameawo tsɔ nu siwo katã Mose xlẽ na wo la va godoƒegbadɔ la nu, eye ameha bliboa va ƒo ƒu hele tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume.
6
Mose gblɔ na wo be: “Aƒetɔ ye de se be miava wɔ nu sia, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe ado miakpɔ.”
7
Mose gblɔ na Aron azɔ be: “Te ɖe vɔsamlekpui la ŋu ne nàsa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ tsɔ klɔ wò nuvɔ̃wo kple dukɔa ƒe nuvɔ̃wo ɖa. Eyome nàsa vɔ ɖe dukɔa ta atsɔ lé avu na wo abe ale si Aƒetɔ gblɔ be woawɔe ene.”
8
Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòwu nyitsuvi, si wòtsɔ le nuvɔ̃vɔ sa ge ɖe eɖokui ta la.
9
Via ŋutsuwo tsɔ nyia ƒe ʋu vɛ. Ede asibidɛ eme tsɔ sisi ɖe vɔsamlekpuia ƒe dzowo ŋu, eye wòtsɔ ʋu mamlɛa kɔ ɖe vɔsamlekpuia te.
10
Etɔ dzo ayikuwo kple ami siwo le aklã ŋu la le vɔsamlekpuia dzi abe ale si Aƒetɔ de se na Mose be woawɔe ene.
11
Ke etɔ dzo lã la kple lãgbalẽ la le asaɖa la godo.
12
Etso agbo si wòtsɔ le numemevɔ sa gee la azɔ. Aron viŋutsuwo tsɔ agboa ƒe ʋu nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.
13
Wotsɔ agboa ƒe ta kple eƒe akpa bubuawo katã hã vɛ nɛ, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi.
14
Eklɔ dɔkaviawo kple afɔtiawo azɔ tsɔ da ɖe vɔsalã mamlɛawo dzi le vɔsamlekpuia dzi, eye wòmè wo.
15
Esiawo megbe la, esa vɔ ɖe dukɔa ta: Elé gbɔ̃tsu si wotsɔ le vɔa sa gee ɖe dukɔa ƒe nuvɔ̃wo ta, eye wòwui hetsɔ sa nuvɔ̃vɔ abe ale si wòsa gbãtɔe la ene.
16
Etsɔ numemevɔ la na le ɖoɖoa nu.
17
Esa nuɖuɖuvɔ, eye wòku asiʋlo ɖeka le eŋu tɔ dzo le vɔsamlekpuia dzi kpe ɖe numemevɔsa si wosa gbe ma gbe ŋdi xoxo la ŋu.
18
Ewu nyitsu kple agbo siwo dukɔa na be woatsɔ sa ŋutifafavɔ la hã. Via ŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu vɛ nɛ, eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.
19
Eƒo ƒu ami siwo wòɖe le nyia kple agboa ŋu, lãawo ƒe asikɛ ƒe agunu, ami si tsyɔ dɔmenuawo dzi, ayikuawo kple aklãa ƒe gbadzaƒe eveawo,
20
eye wòtsɔ wo ɖo lã eveawo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo ami la le vɔsamlekpuia dzi.
21
Ke enyè akɔawo kple ɖusitaawo le Aƒetɔ ŋkume, abe ale si Aƒetɔ de se nɛ la ene.
22
Tete Aron kɔ eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi heyra wo. Eɖi ɖe anyi esime wòsa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ kpakple ŋutifafavɔawo vɔ.
23
Mose kple Aron yi godoƒegbadɔ la me. Esi wodo va la, woyra dukɔ la. Tete Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe la dze na dukɔ blibo la katã.
24
Zi ɖeka ko, ɖeko dzo tso Aƒetɔ gbɔ va fiã numemevɔsa la kple lã damiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi dukɔa kpɔ nu sia la, wo katã wodo ɣli, eye wotsyɔ mo anyi.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27