bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 8
Leviticus 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 9 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Kplɔ Aron kple via ŋutsuawo eye nàtsɔ nunɔlawuawo, amisinanu la, nyitsu si woatsɔ sa nuvɔ̃vɔ, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le la ɖe asi.
3
Mina ameha blibo la hã nava ɖi anyi ɖe godoƒegbadɔ la nu.”
4
Mose wɔ abe ale si Aƒetɔ de se nɛ la ene; ameha la va ƒo ƒu ɖe godoƒegbadɔ la ƒe mɔnu.
5
Mose gblɔ na ameha la be: “Nu si ƒe se Aƒetɔ de nam be mawɔ lae nye esi.”
6
Mose na Aron kple via ŋutsuawo do va ŋgɔgbe, eye wòle tsi na wo.
7
Edo awudziwui la na Aron, bla edzi kple alidziblanu. Eyome edo awu ʋlaya nɛ, do kɔmewu nɛ ɖe edzi. Azɔ wòtsɔ akɔtablanu si le kɔmewua ŋu, akɔtablanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu geɖe ŋutɔ la, bla akɔ nɛ.
8
Etsɔ akɔtaɖonu la ɖo eƒe akɔta, eye wòtsɔ Urim kple Tumim bla de akɔtaɖonua me.
9
Etsɔ tablanu bla ta nɛ, eye wòtsɔ sikatsyɔ̃ɖonu gbabɛ ɖo tablanu la ŋu le eƒe ŋgonu; sikatsyɔ̃ɖonu kɔkɔe si Aƒetɔ de se be Mose nawɔ.
10
Azɔ Mose tsɔ ami kɔkɔe si wosina la, eye wòsii na nɔƒea kple emenuwo katã hekɔ wo ŋu.
11
Ewú ami ɖe vɔsamlekpui la ŋu zigbɔzi adrẽ, eye wòsi ami na eya hã kple eŋu nuwo katã. Nenema ke wòsi ami na tsilegazea kple zɔ la hã hekɔ wo ŋui.
12
Ekɔ amisinanu la ƒe ɖe ɖe Aron ƒe tame heto ema me ɖoe nunɔlae.
13
Eyome Mose na Aron viŋutsuawo do va ŋgɔgbe. Edo awutewui ʋlayawo na wo, tsɔ alidziblanu bla wo dzi na wo, eye wòbla ta na wo abe ale si Aƒetɔ de se nɛ ene.
14
Ehe nyitsu si wotsɔ le nuvɔ̃vɔ sa gee la vɛ. Ena Aron kple via ŋutsuawo tsɔ asi ɖo nyitsua ƒe ta dzi hena nuvɔ̃vɔsa.
15
Mose wui, tsɔ asibidɛ de nyitsua ƒe ʋu me sisi ɖe vɔsamlekpuia ƒe dzowo katã ŋu heɖe nuvɔ̃ ɖa le eŋu to esia wɔwɔ me. Etsɔ ʋu mamlɛa kɔ ɖe anyigba le vɔsamlekpuia ƒe afɔnu. Aleae Mose kɔ vɔsamlekpui la ŋu hewɔe wòzu Aƒetɔ ɖeɖe ƒe nu koŋ.
16
Esia megbe la, eɖe ami si le lãa ƒe dɔmenuwo ŋu la katã, aklã ƒe gbadzaƒewo, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye Mose tɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi.
17
Ke etsɔ nyitsua ƒe akpa siwo susɔ, eƒe ŋutigbalẽ, lã kple dɔkaviwo, eye wòtɔ dzo wo le asaɖa la godo abe ale si Aƒetɔ de se na Mose ene.
18
Eyome ehe agbo si woatsɔ wɔ numemevɔsa la vɛ. Aron kple via ŋutsuawo tsɔ asi ɖo eƒe ta dzi.
19
Mose wui, eye wòhlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo va kpe.
20
Esi wòfli agboa ƒe lã la, Mose tɔ dzo eƒe ta, lãkɔawo kple ami la.
21
Etsɔ tsi klɔ eƒe dɔmenuwo kple afɔtiawo. Mose tɔ dzo agbo blibo la le vɔsamlekpuia dzi. Enye numemevɔsa, dzovɔsa si ʋẽna lílilĩ na Aƒetɔ abe ale si Aƒetɔ de se na Mose ene.
22
Tete Mose he agbo evelia si wole tsɔtsɔ ge aɖo nunɔlawoe la vɛ. Aron kple via ŋutsuawo tsɔ asi ɖo eƒe tame.
23
Tete wòwui. Esisi eƒe ʋu ɖe Aron ƒe ɖusitogboe, eƒe ɖusidegblefetsu kple eƒe ɖusifɔdegblefetsu ŋu.
24
Ena Aron viŋutsuawo hã te va. Esisi agboa ƒe ʋu ɖe woawo hã ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu, eye Mose hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpuia ŋu godoo va kpe.
25
Eɖe agboa ƒe teƒe damiwo, asikɛa ƒe agunu, ami siwo katã le dɔkaviawo ŋu, aklã ƒe gbadzaƒewo, ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, kɔ ɖi, eye wòtsɔ lã la ƒe ɖusita kpe ɖe wo ŋu.
26
Etrɔ ɖe kusi si me amɔwɔ maʋamaʋã nuɖuɖuwo le, le Aƒetɔ ŋkume la ŋu azɔ, eye wòtsɔ abolo maʋamaʋã ɖeka kple tatali ɖeka da ɖe lã damiawo kple agboa ƒe ɖusita la dzi.
27
Etsɔ nu siawo katã de asi me na Aron kple via ŋutsuawo, eye wònyè wo le ya me le Aƒetɔ ŋkume.
28
Mose xɔ wo le wo si azɔ tsɔ da ɖe numemevɔsalã la dzi, eye wotɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi kple numemevɔsa la. Esia nye nunɔlaɖoɖovɔsa; dzovɔsa si ʋẽna lílilĩ na Aƒetɔ.
29
Mose tsɔ agboa ƒe akɔ, eye wònyèe le Aƒetɔ ŋkume hetsɔe nɛ abe nunana tɔxɛ ene. Agboa ƒe akɔ sia nye Mose ƒe gome le nunɔlaɖoɖovɔsa la me abe ale si Aƒetɔ de se na Mose ene.
30
Tete Mose tsɔ amisinanu la ƒe ɖe kple ʋu si le vɔsamlekpuia dzi, eye wòwú wo ɖe Aron kple eƒe awuwo kpakple Aron viŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple eƒe awuwo kpakple via ŋutsuawo kple woƒe awuwo ŋu.
31
Tete wògblɔ na Aron kple via ŋutsuawo be: “Miɖa lã la le godoƒegbadɔ la nu, eye miɖui kple abolo si le nunɔlaɖoɖo ŋu bolokusi me abe ale si mede se ene be: ‘Aron kple viawo neɖui’.
32
Ne lãa alo aboloa ƒe ɖe susɔ la mitɔ dzoe.
33
Ŋkeke adrẽ wotsɔ le mia ɖo ge nunɔlae. Miekpɔ mɔ aɖe afɔ le godoƒegbadɔ nu le ŋkeke adrẽ mawo me o.
34
Nu siwo katã míewɔ egbe sia la, Aƒetɔ ŋutɔe ɖoe na mí be míwɔ wo nenema tututu be miakpɔ miaƒe nuvɔ̃wo ŋu tsɔtsɔke.
35
Ele na mi be mianɔ godoƒegbadɔ la nu zã kple keli ŋkeke adrẽ, anɔ nu siwo Mawu ɖo na mi la wɔm, ne menye nenem o la, miaku. Nenemae wode se nam.”
36
Aron kple via ŋutsuawo wɔ nu siwo katã Aƒetɔ ɖo na wo to Mose dzi la pɛpɛpɛ.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27