bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 6
Leviticus 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 7 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
2
“Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, le kpɔɖeŋu me, wògbe be yematrɔ nane si ye nɔvi Israelvi aɖe tsɔ ɖo ye gbɔ alo be nekpɔ nane dzi na ye la nɛ o, alo wòfi nɔvia ƒe nane, alo ba nɔvia
3
alo fɔ nɔvia ƒe nane gake sẽ nu be yemekpɔ nua o, alo ka aʋatso gake ta nu be nyateƒee la: nu siawo katãe amegbetɔwo wɔna wònyea nuvɔ̃.
4
Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ heɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖo nu si wòda adzoe la teƒe. Alo ne exɔ nane to nɔvia tete ɖe anyi me, alo wòda nu ɖe egbɔ, eye wòsẽ nu be mele ye gbɔ o, alo wòfɔ nane, eye meɖe gbeƒã le eŋu o,
5
alo wòka aʋatso heta nu ƒu edzi la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe pɛpɛpɛ. Gawu la, ele be wòatsɔ nua ƒe home ƒe atɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe nua ŋu hafi atrɔe na ame si tɔ wònye la, le gbe si gbe wòle fɔɖiɖivɔ la sa ge.
6
Azɔ ele nɛ be wòadi nu si wòtsɔ le fɔɖiɖivɔ la sa gee la atsɔ yi na nunɔla hena Aƒetɔ. Fɔɖiɖivɔsanua nanye agbo si naneke mewɔ afi aɖeke na o, eye nàkpɔ egbɔ be eƒe asi de fɔɖiɖivɔsa nu tututu.
7
Nunɔla la atsɔ agboa asa vɔe ɖe amea ƒe nuvɔ̃ la ta na Aƒetɔ, eye woatsɔ nuvɔ̃a ake ame si da ƒu heɖi fɔ la.”
8
Aƒetɔ de gbe asi na Mose be:
9
“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuawo be numemevɔsa ŋuti se siwo nu wòle be woazɔ ɖo la woe nye esiwo gbɔna. Ele be woaɖo numemevɔsa la dzo nu le vɔsamlekpui dzi zã blibo va se ɖe ŋdi, eye ele be vɔsamlekpui dzi dzo la nanɔ bibim le ɣeyiɣi ma katã me.
10
Nunɔla nado eƒe agbotɛ ɣi kple awu ʋlaya ɣiawo, eye wòalɔ dzowɔ siwo numemevɔsa dzoa nyè le vɔsamlekpuia dzi akɔ ɖe vɔsamlekpuia xa.
11
Aɖe eƒe awuawo ɖi azɔ ado awu bubuwo, eye wòalɔ dzowɔ la aɖakɔ ɖe teƒe aɖe si wowɔ kɔkɔe le asaɖaa godo la.
12
Ele be vɔsamlekpui dzi dzo la nanɔ bibim ɖaa; womazi kpi akpɔe wòatsi ɣeaɖekeɣi o. Gbe sia gbe ŋdi la, nunɔla la nade nake eme, aɖo numemevɔsalã la ɖe nakeawo dzi, eye wòana ŋutifafavɔsalãwo ƒe ami nafiã keŋkeŋ.
13
Ele be vɔsamlekpui dzi dzo la nanɔ bibim madzudzɔmadzudzɔe; womazi kpi kpɔe wòatsi ɣeaɖekeɣi o.”
14
“Nuɖuɖuvɔsa ŋu se lae nye esi: Nunɔla, ame si nye Aron ƒe dzidzimevi la koe kpɔ mɔ atsɔ nuɖuɖuvɔsa ayi na Aƒetɔ le vɔsamlekpui la gbɔ.
15
Aku nuɖuɖuvɔsawɔ memee la si dzi wokɔ ami ɖo la ƒe asiʋlo ɖeka, atsɔ lifi si le vɔsanua dzi la katã akpe ɖe eŋu, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe ŋkuɖodzigome ene. Eƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.
16
Nu mamlɛa azu Aron kple via ŋutsuwo tɔ woaɖu. Woaɖui kple abolo si me amɔwɔʋãnu mele o la. Woaɖui le agbadɔ la ƒe xɔxɔnu si nye teƒe kɔkɔe la.
17
Womamè aboloa kple amɔwɔ ʋaʋã o. Metsɔe na wo abe woƒe gome tso dzovɔsa me ene. Nu kɔkɔe ŋutɔŋutɔ wònye abe nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖiɖi ŋuti vɔsa ene.
18
Aron ƒe dzidzimeviŋutsu ɖe sia ɖe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu sia. Enye sedede mavɔ tso dzidzime yi dzidzime. Ame sia ame si aka asi Aƒetɔ ƒe dzovɔsa sia ŋu la azu kɔkɔe.”
19
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
20
“Esia nye vɔsa si Aron kple via ŋutsuwo asa na Aƒetɔ gbe si gbe wosi ami na wo dometɔ aɖe la. Ele be wòaku wɔ memee kilo ɖeka, abe esi wotsɔna saa gbe sia gbe nuɖuɖuvɔ ene, atsɔ kilo afã asa vɔ le ŋdi, agatsɔ afã mamlɛa asa vɔ le fiẽ.
21
Woabaka wɔa kple ami, amè wɔbakɛa le numegba gbadzɛ dzi va se ɖe esime wòabla. Eyome woaflii kakɛkakɛe, eye woatsɔe asa nuɖuɖuvɔ be wòanye ʋeʋẽ lílilĩ na Aƒetɔ.
22
Gbe si gbe Aron ƒe dzidzimevi aɖe zu nunɔla ɖe bubu yome ko la, ele be woasa nuɖuɖuvɔ sia na Aƒetɔ abe ale si mede se mavɔ la ene. Woamèe wòafiã keŋkeŋ.
23
Woatɔ dzo nuɖuɖuvɔsa ɖe sia ɖe si nunɔla asa la wòafiã keŋkeŋ; womaɖui o.”
24
Aƒetɔ gblɔ na Mose be:
25
“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuawo be nuvɔ̃vɔsa ŋuti se nye esi: Woawu lã si wotsɔ le nuvɔ̃vɔ la sa gee la le Aƒetɔ ŋkume, le vɔsamlekpui la ƒe dzigbeme le teƒe si wowua numemevɔsalãwo le.
26
Nunɔla si sa vɔa la aɖu vɔsalã la, ke ele be wòaɖui le teƒe kɔkɔe: Ele be wòaɖui le godoƒegbadɔ la ƒe kpɔ me.
27
Ne vɔsalã sia ƒe lã ka ame alo nane ŋu la, azu kɔkɔe. Ne eƒe ʋu hlẽ ɖe awu alo avɔ aɖe me la, ele be woanyae le teƒe kɔkɔe.
28
Ne woɖa lãa le ze aɖe me la, ele be woagbã zea. Nenye gaze me woɖae le la, ele be woaklɔ gazea, akpalae kple tsi.
29
Le nunɔlawo ƒe ƒomewo me la, ŋutsuwo koe kpɔ mɔ aɖu lã sia; nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye.
30
Ne woɖe lãa ƒe ʋu tsɔ yi godoƒegbadɔ la me hewɔ eŋudɔ le avulélekɔnu me la, ekema womekpɔ mɔ aɖu eƒe lã o; ele be woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27