bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Leviticus 11
Leviticus 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 12 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Mose kple Aron be:
2
“Migblɔ na Israel-dukɔ la be: Esiawoe nye nu gbagbe siwo miate ŋu aɖu le anyigba dzi lãwo dome.
3
Lã ɖe sia ɖe si ƒe afɔkli me fe, tsro le afɔklia ŋu eye wòdzɔa nu gaɖuna.
4
Ke lã siwo dzɔa nu gaɖuna kple esiwo ƒe afɔkli me fe dometɔ siwo miaɖu o la woe nye: Kposɔ, elabe edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;
5
xɔfie, elabe edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;
6
fɔmizi, elabe edzɔa nu gaɖuna, ke eƒe afɔkli me mefe o, lã makɔmakɔ wòanye na mi;
7
ha, elabe eƒe afɔkli me fe tsro le afɔklia ŋu gake medzɔa nu ɖuna o, lã makɔmakɔ wòanye na mi.
8
Migaɖu woƒe lã o, eye migade asi woƒe kukua hã ŋu o; elabe lã makɔmakɔwo woanye na mi.
9
“Miate ŋu aɖu tɔmelã ɖe sia ɖe si ŋu tsiléti kple tsro le la faa; atsiaƒu me tɔwo kple tɔsisiwo me tɔwo siaa.
10
Ke nu sia nu si le atsiaƒu kple tɔsisiwo me, esiwo ŋu tsiléti kple tsro mele o, nu siwo tana le tɔ me kple tɔ me nu gbagbewo la, nanye ŋunyɔnu na mi.
11
Woanye ŋunyɔnu na mi, migaɖu woƒe lã o, woƒe kukua nanye ŋunyɔnu na mi.
12
Nu sia nu si le tɔ me, esi ŋu tsiléti alo tsro mele o la, nanyɔ ŋu na mi.
13
“Xe siwo miekpɔ mɔ aɖu o, eye wòle be woanye ŋunyɔnu na mi la woe nye: hɔ̃, akaga, gbagblaxetsu,
14
aʋako kple ayisu ƒomeviwo katã,
15
akpavia ƒomeviwo,
16
tsatsaboli, sagbadrẽ, tsalɛ kple xe ƒonu ƒomeviwo katã,
17
ʋlukuku, tsimesẽ kple aŋɔɣi,
18
favieʋuto, aluge, akpo,
19
damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ.
20
“Nudzodzoe ɖe sia ɖe si zɔa afɔ ene dzi la nenye ŋunyɔnu na mi.
21
Ke hã, miate ŋu aɖu esiwo ƒe atawo ŋlɔ ale be wotea ŋu tia kpo la.
22
Wo dometɔ siwo miate ŋu aɖu faa la woe nye: ʋetsuvi ƒomevi vovovowo, ʋetrawo, abɔwo kple gbagblamiwo.
23
Ke mibu nudzodzoe bubu siwo katã afɔ ene li na la be wonye ŋunyɔnuwo.
24
“Nu siawo nanye nu makɔmakɔ na mi; ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ.
25
Ame sia ame si atsɔ woƒe kukua ƒe akpa aɖe la, nanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
26
Lã ɖe sia ɖe si ƒe afɔkli me fe, ke mete ŋu ʋu keŋ o, eye medzɔa nu ɖuna o la, nanye lã makɔmakɔ na mi. Ame sia ame si ka asi eŋu la ŋu mekɔ o.
27
Lã siwo katã to fe le lãwo dome, zɔa afɔ ene dzi la, nanye lã makɔmakɔ na mi. Ame sia ame si ka asi woƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
28
Ne ame aɖe atsɔ woƒe kukua la, nenya eƒe awuwo; amea ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ; woanye nu makɔmakɔ na mi.”
29
“Le anyigba dzi lã suesuesue siwo bɔ ɖe anyigba dzi dome la, esiawoe anye lã makɔmakɔwo na mi: adɔ, afi, adoglo ƒomevi vovovowo katã,
30
xɔmenyatri, agbloloe, adoglo, ve kple agama.
31
Esiawo katã nanye lã makɔmakɔwo na mi le lã suewo katã dome. Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
32
Ne woƒe kukua ge dze nane dzi ko, nua zu nu makɔmakɔ. Eɖanye ati, avɔ, lãgbalẽ alo kotoku, tsikunu ɖe sia ɖe ƒomevi si ŋudɔ wowɔna la, zu nu makɔmakɔ. Ele be woadee tsi me, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ne fiẽ ɖo la, ekema eŋu kɔ.
33
Ne ɖe ƒe kukua ge dze nane si wotsɔ anyi wɔ me la, nua kple nu sia nu si le eme la zu nu makɔmakɔwo; ele be woagbã nua.
34
Ne woku tsi kple nu mawo ƒe ɖe alo ku tsi tso nu mawo ƒe ɖe me kɔ ɖe nuɖuɖu aɖe dzi la, nuɖuɖu ma zu nu makɔmakɔ. Nenema ke nunono ɖe sia ɖe si le nu mawo ƒe ɖe me la nye nu makɔmakɔ.
35
Nu sia nu si dzi woƒe kukua ge dze la zu nu makɔmakɔ. Nenye abolokpo alo mlekpuie hã, ele be woagbãe gudugudu; ezu nu makɔmakɔ na mi.
36
Gake ne lã siawo ƒe kukua ge dze tsi dzidzi alo vudo me la, tsia mezu nu makɔmakɔ o. Ke nu sia nu si ka woƒe kukua ŋu la zu nu makɔmakɔ.
37
Ne woƒe kukua ge dze nuku aɖe si ƒã ge woala dzi la, nuku ma mezu nu makɔmakɔ o.
38
Gake ne wode tsi nukua ɖe nane me ko, lã mawo ƒe ɖe ƒe kukua ge dze eme la, nukua zu nu makɔmakɔ.
39
“Ne lã ɖuɖua aɖe ku, eye ame aɖe ka asi eƒe kukua ŋu la, eyama zu ame makɔmakɔ va se ɖe fiẽ.
40
Ne ame aɖe ɖu lã kukua la, ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. Ele na ame si kɔ lã kukua la hã be wòanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
41
“Migaɖu anyigba dzi lã suesuesue mawo, esiwo nɔa yiyim la ƒe ɖeke o. Ŋunyɔnuwo woanye na mi.
42
Nu sia nu si zɔa ƒodo dzi, nu sia nu si zɔa afɔ ene dzi alo nu sia nu si te afɔ wuwlui geɖewo le fũu la, nutata siwo katã tana le anyigba dzi la, migaɖu woƒe ɖeke o; elabe wonye ŋunyɔnuwo.
43
Migado ŋunyɔ mia ɖokui to anyigba dzi lã suesuesuewo ɖuɖu me o. Migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui kple wo o, ne menye nenema o la, miazu ame makɔmakɔwo.
44
Elabe nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu; mikɔ mia ɖokui ŋuti, eye minɔ kɔkɔe elabe nye la, ɖe mele kɔkɔe. Migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui kple lã suesuesue siwo tana la o.
45
Nyee nye Aƒetɔ ame si kplɔ mi tso Egipte, be manye mia Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe elabe nye la, ɖe mele kɔkɔe.”
46
Esiawoe nye sewo le lãfɔnewo, xewo, tɔmelãwo kple lã siwo zɔa anyigba ƒuƒui dzi la ŋu.
47
Mide vovototo nu makɔmakɔ kple nu kɔkɔe, nu gbagbe siwo dze be woaɖu kple esiwo medze be woaɖu o la dome.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27